< 詩篇 139 >

1 上主,您鑒察我,也認清我:
David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, èdzro menye, eye nènyam.
2 我一舉一動,您全然認清我,您由遠處已明徹我的心思。
Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nènya nye susuwo tso adzɔge ke.
3 我或行走或躺臥,您已先知,我的一切行動,您都熟悉。
Ènya nye godoɣi kple nye anyimlɔɣi, ale nènya nye mɔwo katã nyuie.
4 我的話尚未發言,上主,您已全都知曉。
O! Yehowa, hafi nya aɖe nava nye aɖe dzi la, ènya nya la katã xoxo.
5 您將我前後包圍,用您的聖手將我蔭庇。
Ètsɔm ɖe tome, le megbe kple ŋgɔ siaa, eye nèɖo wò asi dzinye.
6 這是超越我理智的奇事,是我不能明白的妙理。
Nunya sia wɔ nuku nam akpa, nyemate ŋu aɖo afi ma o, elabena ekɔkɔ nam akpa.
7 我往何處,才能脫離您的神能?我去那裏,才能逃避您的面容?
Afi ka madzo le wò Gbɔgbɔ la gbɔ ayi? Afi ka masi atso wò ŋkume ayi?
8 我若上升於高天,您已在那裏,我若下降於陰府,您也在那裏。 (Sheol h7585)
Ne meyi dziƒo la, èle afi ma, ne meɖo nye mlɔƒe ɖe gogloƒewo hã la, èle afi ma. (Sheol h7585)
9 我若飛往日出的地方,我若住在海洋的西方,
Ne medzo yi yame le fɔŋli ƒe aʋalawo dzi, ne meyi ɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu ke hã la,
10 您的雙手仍在那裏引導著我,您的聖手還在那裏扶持著我。
wò asi akplɔm, eye wò nuɖusi além ɖe asi sesĩe.
11 我若說:願黑暗把我籠罩,光明變成黑暗將我圍包;
Ne megblɔ be, “Vavã, viviti la ana maɣla, eye kekeli azu zã aƒo xlãm” la,
12 黑暗與黑夜對您並不矇矓,黑夜與白晝對您一樣光明。
viviti la gɔ̃ hã mado blukɔ na wò o, zã aklẽ na wò abe ŋkeke ene, elabena viviti le na wò abe kekeli ene.
13 您造成了我的五臟和六腑,您在我成胎之中締結了我。
Elabena wòe wɔ nye ememe ke; eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe dɔ me.
14 上主,我讚美您,因我被造驚奇神奧;您的工作千奇萬妙!我的生命,您全知曉。
Mekafu wò, elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe. Wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, menya esia nyuie.
15 我何時在暗中構形,我何時在母胎造成,我的骨骸您全知情,
Nye ameti blibo la, mele ɣaɣla ɖe wò o, esi nèwɔm le ɣaɣlaƒe. Esi wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe la,
16 我尚在母胎,您已親眼看見,世人的歲月尚未來到以前,都已全部記錄在冊表,都已全由您預先定好。
wò ŋkuwo kpɔ ale si menye ʋukɔe. Ŋkeke siwo katã woɖo nam la, woŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me hafi ŋkeke gbãtɔ dze egɔme.
17 天主,您的策略,對我何其深奧!您策略的總數又是何其繁浩!
O! Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Wò susuwo sɔ gbɔ loo!
18 我若去計數,而它們多於沙粒;設若數到底,我仍同您在一起。
Ne mebe maxlẽ wo la, woasɔ gbɔ wu ke. Ne menyɔ tso alɔ̃ me la, megale gbɔwò ko.
19 天主,恨不得您能殺掉惡人,叫流人血的兇遠離我身!
O! Mawu, negbe ɖe nàtsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hafi! Mite ɖa le gbɔnye, mi hlɔ̃dolawo!
20 他們無法無天地褻瀆您,他們不忠不義地攻擊您。
Woƒoa nu tso ŋutiwò kple susu baɖa, wò futɔwo wɔa wò ŋkɔ ŋu dɔ yakayaka.
21 上主,憎恨您的人,我怎能不痛惡?上主,背叛您的人,我怎能不厭惡?
O! Yehowa, ɖe nyemelé fu ame siwo lé fu wò, eye menyɔ ŋu ame siwo tso ɖe ŋuwò oa?
22 我對他們深惡痛棄,視他們為我的仇敵。
Fuléle koe le asinye na wo, eye mebu wo nye ketɔwoe.
23 天主,求您檢察我,洞知我的心曲;天主,求您考驗我,明悉我的思慮。
Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi; dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe.
24 求您察看我,我是否走入岐途,求您引導我邁向上永生的道路。
Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye hã, eye nàkplɔm to mɔ mavɔtɔ la dzi.

< 詩篇 139 >