< 詩篇 135 >

1 阿肋路亞!上主的眾僕請讚頌,請讚頌上主的聖名!
Mikafu Yehowa. Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mikafui, mi Yehowa ƒe dɔlawo.
2 您們服役於上主聖殿的,您們侍立在我主前庭的,
Mi ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me, le míaƒe Mawu la ƒe xɔxɔnuwo.
3 請歌頌上主,因為上主是美善的,歌詠祂的名,因祂的名是甘甜的。
Mikafu Yehowa, elabena Yehowa nyo; midzi ha na eƒe ŋkɔ, elabena esia vivina.
4 雅各伯原是上主所選,以色列永遠作祂自己的家產。
Elabena Yehowa tia Yakob be wòanye ye tɔ, eye wòtia Israel be wòanye yeƒe domenyinu xɔasi la.
5 我確實知道,上主偉大無比!我們的上主,超越所有神祇!
Menya be Yehowa lolo, eye míaƒe Aƒetɔ la lolo wu mawuwo katã.
6 上天及下地,海洋深淵的任何化工,上主只要願意,無一不由祂造成。
Yehowa wɔa nu sia nu si dze eŋu le dziƒo kple anyigba, le atsiaƒuwo me kple woƒe gogloƒewo katã.
7 祂使雲彩由地面現露,祂使電光閃爍而成雨,祂使清風由寶庫發出。
Enaa lilikpo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke, edɔa dzikedzo be wòava kple tsidzadza, eye wòɖea yaƒoƒo ɖe go tso eƒe nudzraɖoƒewo.
8 祂將埃及的人和牲畜,凡首生者都一起殺戮。
Eƒo Egipte ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi; amegbetɔwo kple lãwo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo.
9 埃及!祂在您內行了奇蹟異能,懲罰了法郎和他的萬眾臣。
O! Egipte, edɔ eƒe dzesiwo kple nukunuwo ɖo ɖe mía dome, ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã ŋu.
10 祂擊敗了列國的萬民,祂殺死了強盛的國君:
Eƒo dukɔ geɖewo ƒu anyi, eye wòwu fia sesẽwo.
11 阿摩黎王息紅、巴商王敖格,以及客納罕地的王侯官吏。
Ewu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, Ɔg, Basantɔwo ƒe fia kple Kanaan fiawo katã,
12 祂將他們的土地變作產業,賜給了自己的人民以色列。
eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu, na eƒe dukɔ Israel.
13 上主,您的聖名千秋留存,上主,您的記念,萬世常新。
O! Yehowa, wò ŋkɔ li tegbetegbe, o Yehowa, èxɔ ŋkɔ le dzidzimewo katã me.
14 因為上主護衛自己的百姓,對自己的僕人們表示憐憫。
Elabena Yehowa atso afia na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na eƒe dɔlawo.
15 異民的偶像,無非金銀,只是人手中的製造品:
Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.
16 偶像有口,而不能言;偶像有眼,而不能看;
Nu li na wo, gake womeƒoa nu o, ŋku li na wo gake womekpɔa nu o,
17 偶像有耳,而聽不見;偶像有鼻,而無氣喘。
to li na wo, gake womesea nu loo, alo gbɔna to woƒe nu me o.
18 鑄造偶像的人,將與偶像同亡,凡信賴偶像的人,也將是一樣。
Ame siwo wɔ wo la anɔ abe woawo ke ene, eye nenema kee nye ame siwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu.
19 以色列家族,請讚頌上主!亞郎家族,請讚頌上主!
O! Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa, O! Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa,
20 肋末的家族,請讚頌上主!敬愛上主的人讚頌上主!
O! Levi ƒe aƒe, mikafu Yehowa, eye mi ame siwo vɔ̃nɛ la, mikafu Yehowa.
21 住在耶路撒冷的君王,願他由熙雍承受讚頌!
Woakafu Yehowa tso Zion, eya ame si nɔ Yerusalem. Mikafu Yehowa!

< 詩篇 135 >