< 詩篇 116 >
Melɔ̃ Yehowa, elabena ese nye gbe; ese nye avifafa be wonekpɔ nublanui nam.
Esi wòtrɔ to ɖe gbɔnye ta la, mayɔe zi ale si mele agbe.
3 死亡的圈套纏住了我,陰府的羅網縛住了我, (Sheol )
Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye. Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye. (Sheol )
Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be, “O! Yehowa, ɖem!”
Yehowa nye amenuvetɔ kple dzɔdzɔetɔ; míaƒe Mawu la yɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ.
Yehowa kpɔa ame siwo fa tu le dzi me la ta; esi menɔ hiahiã gã aɖe me la, eɖem le eme.
7 我的靈魂,您回到您的安息,因為上主實在是厚待了您。
O! Luʋɔnye, gagbɔ ɖe eme, elabena Yehowa nyo dɔ me na wò.
8 因為祂救拔我的靈魂脫免死亡,不使我的眼睛流淚,不使我的腳跌傷。
O! Yehowa, wòe ɖe nye luʋɔ tso ku me, nye ŋkuwo tso aɖatsi si me, nye afɔwo tso anyidzedze me;
be mate ŋu azɔ le Yehowa ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
Mexɔe se, eya ta megblɔ be, “Wokaa hiãm ŋutɔ.”
Eye le nye moya me, megblɔ be, “Amegbetɔwo katã nye aʋatsokalawo.”
Aleke mawɔ aɖo dɔmenyo siwo katã Yehowa wɔ nam la teƒe nɛ?
Makɔ xɔxɔ ƒe kplu la ɖe dzi, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.
Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋkume.
Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi le Yehowa ŋkume.
16 我的上主!我是您的僕役,您僕役是您婢女的兒子;您將我的鎖鏈給我開釋,
O! Yehowa, menye wò dɔla vavã, wò dɔlae menye, wò subɔla ƒe viŋutsue menye, eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me.
Masa akpedavɔ na wò, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.
Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa, le eƒe dukɔ blibo la ŋkume,
19 要在上主聖殿的庭院,耶路撒冷! 即在您中間。
le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo, le mia dome, o Yerusalem. Mikafu Yehowa.