< 詩篇 111 >

1 阿肋路亞。在義人的集會和團聚中,我要全心讚頌上主。
Mikafu Yehowa. Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome.
2 上主的化工確實偉大,凡喜愛祂的必須究察。
Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo kpem; ame siwo wodoa dzidzɔ na la bua wo ŋuti.
3 上主的作為輝煌,上主的正義常存。
Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee.
4 上主的奇蹟不可遺忘;上主實在是慈愛而溫良。
Ena woɖo ŋku eƒe nukudɔwo dzi; Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla.
5 上主賜給敬愛祂的人食物,上主永遠懷念自己的盟約。
Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbetegbe.
6 祂將偉業的異能啟示給選民,把外邦人的產業賞賜給他們。
Eɖe eƒe dɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la eye wòtsɔ dukɔ bubuwo ƒe anyigba na wo.
7 上主所行的是真誠正義;上主的一切規誡堅定不移。
Eƒe asinudɔwɔwɔwo le eteƒe, eye wodzɔ; nenema ke woate ŋu aka ɖe eƒe sewo hã dzii,
8 為萬世萬代永遠立定,全是基於真理和公正。
elabena wole te tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wòde sewo le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me.
9 祂速來救贖祂的百姓,永遠立定了祂的約盟;祂的名是神聖而可敬。
Eɖo ɖeɖe ɖi na eƒe dukɔ, eɖo eƒe nubabla anyi tegbee, eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe; ŋɔdzi hã le eŋu.
10 敬愛上主,是智慧的開始:實行敬愛的人,算有智慧;他的榮譽,必定存留永世。
Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee.

< 詩篇 111 >