< 詩篇 107 >

1 請您們向上主讚頌,因為祂是美善寬仁,祂的仁慈永遠常存。
Mida akpe na Yehowa, elabena enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
2 歌詠此曲的人們是:上主親身所救贖的,由敵人手中救出的,
Ame siwo Yehowa ɖe la negblɔ esia; ame siwo wòɖe tso futɔ la ƒe asi me,
3 從各地召集來的,東南西北聚來的。
ame siwo nu wòƒo ƒui tso anyigbawo dzi, tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe.
4 他們在曠野和沙漠中漂流,找不到安居之城的道路。
Ame aɖewo tsa tsaglãla le gbedzi kple gbedadaƒo, eye womekpɔ mɔ si woato ayi du aɖe si me woanɔ la o.
5 他們口渴而又腹饑,生命已經奄奄一息;
Dɔ kple tsikɔ wu wo, eye nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me.
6 他們於急難中一哀救上主,上主即拯救他們脫離困苦,
Tete wodo ɣli yɔ Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
7 引領他們走入正道,走內入可安居的城廓。
Ekplɔ wo tẽe yi ɖe du aɖe si me woanɔ.
8 願他們感謝上主的仁慈,稱頌祂給人子顯的奇蹟。
Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.
9 因為祂使饑渴的人得到飽飫,祂使肚餓人享盡美物。
Elabena etsɔa nu nyuiwo ɖia ƒoe na ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum.
10 他們坐在黑暗與死影裏,盡為痛苦與鐵鍊所縛繫,
Ame aɖewo nɔ viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, gamenɔla siwo le fu kpem le gakɔsɔkɔsɔwo me,
11 因為背棄了天主的命令,又輕視了至高者的叮嚀。
elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe nyawo ŋuti, eye wodo vlo Dziƒoʋĩtɔ la ƒe aɖaŋudede.
12 因此,祂以苦難折磨了他們的心神,他們跌倒了,卻沒有人來扶持他們。
Eya ta wòtsɔ wo de asi na dɔ sesẽ wɔwɔ, womu sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, eye ame aɖeke meli akpe ɖe wo ŋu o.
13 他們在急難中哀求上主,上主即救他們脫離困苦,
Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
14 領他們擺脫死影與黑暗,把他們的銬鐐完全弄斷。
Eɖe wo le viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖitsiɖi la me, eye wòtso woƒe gakɔsɔkɔsɔwo.
15 願他們感謝上主的仁慈,稱頌祂給人子顯的奇蹟。
Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,
16 因為祂把銅門摧毀,又把鐵閂擊碎。
elabena eŋe akɔbligbowo, eye wòlã gayibɔ ƒe gametiwo me.
17 他們因行為邪惡而病重,因犯罪而遭受苦痛;
Wo dometɔ aɖewo zu bometsilawo to woƒe aglãdzenuwo wɔwɔ me, eye wokpe fu le woƒe dzidadawo ta.
18 他們厭棄各樣的食物,快已接近死亡的門戶。
Wonyɔ ŋu nuɖuɖu ɖe sia ɖe, eye woɖo ku ƒe agbowo nu.
19 他們於急難中一哀求主,上主即拯救他們脫離困苦。
Wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
20 主發一言就將他們病除,且拯救他們脫離了陰府。
Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo, heɖe wo tso tsiẽƒe.
21 願他們感謝上主[的仁慈,稱頌祂給人子顯的奇蹟。
Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.
22 願他們獻上感恩的祭獻,將祂的工程歡樂地宣傳。
Wonesa akpedavɔ nɛ, eye woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo afia to aseyetsohawo me.
23 他們乖船,下海行航,在大洋中往來經商,
Ame aɖewo le meli me zɔ atsiaƒu dzi, wonye asitsalawo le tɔ gãwo dzi.
24 他們看見過上主的奇異作為,遇到過祂行於汪洋中的奇跡:
Wokpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo, wokpɔ eƒe nukudɔwo le atsiaƒu gɔme,
25 祂一發命,風浪狂掀,海中波檮頓時高翻,
elabena eƒo nu, elɔ ahom kɔ ɖe ƒu la dzi, eye eƒe tsotsoewo dze agbo.
26 時而忽躍沖天,時而忽墜棎淵;此危急之中,他們膽戰心寒,
Woyi dziƒo boo, eye wogadze eme le gogloƒe ke, ale le woƒe agbe ƒe xaxa me, woƒe dzideƒo lolo gbana.
27 恍惚且暈眩,有如醉漢;一切的經驗全部紊亂。
Wole mumum sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, le nu klim abe ame siwo mu aha ene, eye womegale naneke gɔme sem o.
28 他們於急難中一哀求上主,上主即拯救他們脫離困苦。
Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
29 祂化風暴為平靜,海濤頓時便安定;
Etsi ahom la nu wòzi ɖoɖoe abe dalĩ dom wole ene, eye ƒutsotsoeawo hã ɖo to kpoo.
30 祂使風平浪靜,大家個個歡忭,祂領他們登上了渴薶的海岸。
Wokpɔ dzidzɔ esi wòdze kɔ anyi, eye wòkplɔ wo va se ɖe esime wova ɖo afi si wodi be yewoanɔ.
31 願他們感謝上主的仁慈,稱頌祂給人子的奇蹟,
Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.
32 在人民的集會中頌揚祂,在長老的議上讚美祂。
Wonedoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe ƒuƒoƒo me, eye woakafui le dumegãwo ƒe takpekpe me.
33 上主使河域變為荒灘,青使清水泉變成乾川,
Etrɔ tɔsisiwo wozu gbegbe kple tsidzɔƒewo wozu kuɖiɖinyigba,
34 使肥沃土地變為鹹田,都因當地居民的罪愆。
eye agbledeƒe zu dzeƒi le ame siwo le teƒe ma ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.
35 祂又能使沙漠變成水源,使旱地變成水泉。
Etrɔ gbegbe wòzu tɔʋu, eye kuɖiɖinyigba zu tsidzɔƒe;
36 把饑餓的人徒置在那地,使他們與興建者安居的城邑;
afi mae wòkplɔ dɔwuitɔwo be woava nɔ, eye wotso du si me woanɔ.
37 耕田種地,開懇了葡萄園,因此收穫果實,豐富出產。
Woƒã nukuwo ɖe agble me, wode waingblewo, eye wotse ku geɖe hena xaxa.
38 上主祝福了他們人口繁衍,賞賜他們的牲畜有增無減。
Eyra wo, eye woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ. Nenema ke mena woƒe lãhawo dzi ɖe kpɔtɔ o.
39 其後因慘遭災患苦茌難,人口減少而被棄如前。
Tete wozu ʋɛ, wobɔbɔ wo ɖe anyi le teteɖeanyi, dzɔgbevɔ̃e kple nuxaxa me;
40 但上主卻使權貴遭受恥辱,任他們徘徊歧途無路可走。
eye eya ame si trɔa vlododo kɔna ɖe ame ŋkutawo dzi la, wɔe be wole tsaglãla tsam le gbegbe afi si mɔtoƒe aɖeke mele o.
41 但拯救貧窮人脫離災難,使他們家屬多如羊群一般。
Ke ekɔ hiãtɔwo ɖe dzi tso woƒe hiã me, eye wòna woƒe ƒome dzi ɖe edzi abe lãhawo ene.
42 正直的人見到必然歡忭,但邪惡的人卻啞口無言。
Ame dzɔdzɔe kpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ, gake ame vɔ̃ɖiwo katã mia woƒe nu.
43 那一位賢哲詳察此事,並能體會上主的仁慈!
Ame si nye nunyala la, neɖo to nu siawo, eye wòabu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ŋuti.

< 詩篇 107 >