< 詩篇 105 >

1 【上主向先民顯的奇蹟】請眾感謝上主,呼號祂的聖名,請眾在萬民中,傳揚祂的聖名。
Mida akpe na Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
2 請眾歌頌祂,詠讚祂,傳述祂的奇工妙化。
Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ, miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo.
3 請您們以祂的聖名為光榮,願尋求上主的人樂滿心中。
Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, mina ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi natso aseye.
4 請眾尋求上主和祂的德能,要時常不斷追求祂的儀容。
Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ, midi eƒe ŋkume ɖaa.
5 請您們記念祂所行的奇蹟,祂的異事和祂口中的判詞。
Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi.
6 天主的僕人亞巴郎的後裔,上主揀選的雅各伯的兒子!
O! Eƒe dɔla Abraham ƒe dzidzimeviwo. O! Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia.
7 祂是上主,是我們的天主,祂的統治遍及普世各處。
Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi la me.
8 祂永遠懷念著自己的盟約,直到萬代不忘自己的許諾;
Eɖoa ŋku eƒe nubabla kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa,
9 就是向亞巴郎所立的盟約,向依撒格所起的誓諾,
eyae nye nu si wòbla kple Abraham kple atam si wòka na Isak.
10 為雅各伯立為不移的規條,向以色列立為永遠的盟約,
Eɖo kpe edzi na Yakob abe sedede ene, eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be,
11 說:我必將客納罕地賜給您,作您們產業的一分子。
“Wòe matsɔ Kanaanyigba la na, abe wò domenyinu ene.”
12 當他們在那裏僑居時,寥寥無幾而人數極桸。
Ke esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko, womesɔ gbɔ o, eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la,
13 從這一族系遷移到另一族系,從這一國家飄流到另一地域。
wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me, tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me.
14 祂不但不讓人把他們壓迫,且為了他們還把眾王責斥,
Meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o, le wo ta, wòka mo na fiawo be,
15 說:您們決不可觸犯我的受傅者,您們切不可把我的先知傷害!
“Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.”
16 以後祂使飢荒籠罩那地,斷絕了食糧的任何供給。
Ena dɔ to ɖe anyigba la dzi, eye wògblẽ woƒe nuɖuɖukpɔtsoƒewo katã,
17 在他們以前祂將一人遣去,就是那被出賣為奴隸的若瑟。
ke edɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Yosef, ame si wodzra abe kluvi ene la ɖe wo ŋgɔ.
18 人以銬鐐扣他的雙腳,他的頸項也帶上了鐵鎖,
Wode kunyowu afɔ nɛ, wode abi eŋu, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ,
19 直到他所講的那預言實現,上主的話才在他身上應驗。
va se ɖe esime nya si wògblɔ ɖi la va eme, eye va se ɖe esime Yehowa ƒe nya naɖo kpe edzi, be nya si wògblɔ la nye nyateƒe.
20 君王遂派人釋放了他,眾民的首長解救了他。
Fia la dɔ ame woyi ɖaɖee le game, eye dukɔ la dziɖula na ablɔɖee.
21 且立他為王家的宰相,掌管一切皇產的侯王,
Etsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aƒe nu, eye wònye eƒe nunɔamesiwo katã dzikpɔla,
22 讓他隨意指導通國的王侯,以其智謀教訓通國的長老。
be wòade dɔ asi na eƒe dɔnunɔlawo ale si dze eŋu, eye wòafia nunya eƒe dumegãwo.
23 從此以色列進入了埃及,雅各伯也就在含邦作客。
Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi, eye Yakob nɔ Hamnyigba dzi abe amedzro ene.
24 上主使祂的百姓昌旺,比他們的仇敵便強壯。
Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi, eye wòna wosɔ gbɔ fũu akpa na woƒe futɔwo,
25 祂轉變他們的心,仇恨祂的百姓,讓他們陰險殘酷對待祂的僕人。
ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la, eye woaɖo nugbe ɖe eƒe dɔlawo ŋu.
26 祂打發祂的僕人梅瑟和所揀選的亞郎,
Edɔ Mose, eƒe dɔla kple Aron, eƒe ame tiatia ɖa.
27 叫二人對他們將奇蹟和異事行於含邦。
Wowɔ eƒe dzesi gãwo le wo dome kple eƒe nukunuwo le Hamnyigba dzi.
28 上主命降黑暗,立時天昏地暗;然而埃及人卻反抗祂的聖言。
Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ elabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa?
29 使他們的水都變成血,將他們的魚類全都殺滅。
Ena woƒe tsiwo trɔ zu ʋu, eye to esia me woƒe tɔmelãwo ku.
30 蝦蟆在他們的土內蕃生,跳進了他們眾王的內宮。
Ena woƒe anyigba la dzi yɔ fũu kple akpɔkplɔwo, esiwo ge ɖe woƒe dumegãwo ƒe xɔgãwo me ke.
31 祂一發令,蒼蠅便成群飛來,蚊蚋也在他們的各地徘徊,
Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔ woƒe dukɔ la katã me.
32 代昝時雨,為他們降下冰雹,在他們全國各地雷電閃爍,
Etrɔ woƒe tsidzadza wòzu kpetsi, eye dzikedzo kpe ɖe eŋuti le woƒe anyigba blibo la dzi.
33 打壞他們的葡萄和無花果樹,又擊倒了他們國內的樹木。
Eƒo woƒe wainkawo kple gbotiwo ƒu anyi, eye wòmu ati siwo le woƒe dukɔ me la ƒu anyi.
34 祂一癹命令蝗虫飛遍,蚱蜢的數目,無法計算,
Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi, nenema kee nye abɔ gbogbo aɖewo hã;
35 吃光他們地裏所有的青草,吞盡他們田間所有的百果。
woɖu numiemie mumu ɖe sia ɖe le woƒe anyigba la dzi, eye woɖu nuku ɖe sia ɖe si le bo dzi hã.
36 祂打擊境內所有的頭胎,將強壯的長子全部殺害。
Emegbe la, eƒo ŋgɔgbevi siwo katã le woƒe anyigba dzi la ƒu anyi, esiwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo.
37 祂領出滿載金銀的以色列,王支派中沒有一個人殘缺。
Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika, eye ame beli aɖeke menɔ woƒe toawo dome o.
38 以色列出走,埃及人無不觀愉, 因為那實在叫他們戰兢恐懼。
Egipte kpɔ dzidzɔ esi wodo go dzo, elabena Israel ƒe ŋɔdzi lé wo.
39 祂展佈雲彩,用以掩護遮陰,祂樹立火柱,為在夜間照明。
Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene, eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me.
40 他們一懇求,祂就送來鵪鶉,用天降的食糧,飽飫了他們。
Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu, eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe.
41 祂闢開了岩石,使水湧出,在沙漠中好像江河流注。
Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa, eye wòsi to gbegbe la abe tɔsisi ene.
42 因為祂沒有把祂神聖的許諾遺忘,並且也常懷念著祂的僕人亞巴郎。
Elabena eɖo ŋku eƒe ŋugbe kɔkɔe si wòdo na eƒe dɔla Abraham la dzi.
43 祂引百姓歡樂地離去,祂率領選民欣然出走。
Ekplɔ eƒe dukɔ la do goe kple aseyetsotso, eƒe ame tiatiawo kple dzidzɔɣli.
44 給劃分了異民的領土,使他們佔領了外人的財富,
Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, eye nu si ame bubuwo ku kutri kpɔ la va zu domenyinu na wo.
45 為叫他們遵行祂的誡命,格守祂的命令。阿肋路亞。
Ale be woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye woawɔ eƒe sewo dzi. Mikafu Yehowa.

< 詩篇 105 >