< 詩篇 10 >

1 【求主隡除惡霸】上主,你為什麼站在遠處!在困苦之時竟隱藏不露?
O! Yehowa, nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi ɖo? Nu ka ta nèɣla ɖokuiwò le xaxaɣiwo ɖo?
2 惡人蠻橫地難為弱小的人,叫他陷於預設的陰謀之中。
Ame vɔ̃ɖi dadala he hiãtɔ ƒu anyi, ke wògena ɖe mɔ si wòtre da ɖi la me.
3 惡人因隨心所欲而自慶,匪徒因輕慢上主而自幸;
Nu siwo eƒe dzi dina la, egblɔnɛ adegbeƒotɔe; eyraa ŋuklẽlawo, eye wòɖea alɔme le Yehowa ŋu.
4 惡人心高氣傲說:他絕不會追究!也絕沒有天主!這就是他的企圖。
Ame vɔ̃ɖi la media eƒe mɔ o, le dada viviwo ta, le eƒe ŋugblededewo katã me la, meɖoa ŋku Mawu dzi o.
5 他的道路時時彎曲錯謬;常把你的懲罰拋諸腦後,對一切私仇常怒氣詛咒。
Eƒe mɔwo dzea edzi nɛ nyuie ɣe sia ɣi, edoa eɖokui ɖe dzi, wò sewo didi tso egbɔ; eye wòɖoa hehe ɖe eƒe futɔwo ta.
6 心下自語:我永遠不會動搖!我永永遠遠不會遭受災禍!
Egblɔna na eɖokui be, “Naneke maʋuʋum o, makpɔ dzidzɔ ɣe sia ɣi, eye nyemage ɖe dzɔgbevɔ̃e me akpɔ o.”
7 他他滿口是欺詐與辱罵,舌下盡是惡毒與謊話。
Fiƒode, alakpa kple ŋɔdzidodo yɔ eƒe nu me fũu, eye gbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi le eƒe aɖe te.
8 他在村邊隱密處埋伏,他暗地裏要殺害無辜,他對不幸者窺伺注目,
Edea xa ɖe kɔƒewo xa; ewu ame maɖifɔwo le xame, eye wòtsa ŋu na ame si wòalé le bebeme.
9 他在暗處伺伏,有如獅子蹲在洞口,要把貧困的人,伺機刮搜,將貧困者拖入網中劫走。
Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzatae be ɖe ave xa ene; ale be wòalé amemanɔsitɔ; eléa amemanɔsitɔ, eye wòhea wo ɖe eƒe ɖɔ me dzonae.
10 他俯下身子,蹲伏在地下,不幸者便陷入他的爪牙;
Etoa ƒu ɖe lãme na ame siwo wòlé, woƒe mo tsyɔa zi, eye womuna dzea anyi le eƒe ŋusẽ te.
11 心下自語說:天主忘了,祂掩了面,永不再看。
Egblɔna na eɖokui be, “Mawu ŋlɔ be; etsɔ nu tsyɔ eƒe mo, eye mele nu kpɔm o.”
12 上主天主,求你起來將手舉起,不要把窮苦人忘記。
Tso, Yehowa! O! Mawu, kɔ wò abɔ dzi. Mègaŋlɔ hiãtɔ be o.
13 為何讓人們輕慢天主,心下自語,「祂絕不會追究?」
Nu ka ta ame vɔ̃ɖi la le alɔme ɖem le Mawu ŋuti ɖo? Nu ka ta wògblɔna na eɖokui be, “Mayɔm be mana akɔnta o” ɖo?
14 其實你已看見欺壓與罪行,正考慮如何親手加以嚴懲;因此不幸的人向你投奔,唯有你是孤兒們的救星。
Ke wò, O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese; èbua eŋuti, eye asiwò me wole. Ame si le fukpekpe me la, tsɔa eɖokui dea asi na wò; elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo.
15 願你打斷罪犯與惡人的臂膊,報復他的罪孽直至不再發作。
Ŋe abɔ na ame vɔ̃ɖi kple nu tovo wɔla; yɔe ne wòana akɔnta tso nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔ ame aɖeke mekpɔe o la ŋuti.
16 上主為王,直至於萬世無疆;野蠻人必由祂領域中喪亡。
Yehowae nye fia tso mavɔ me yi mavɔ me; dukɔwo atsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.
17 上主,你垂允了謙卑者的心願,堅固他們的心靈,也側耳俯聽。
O! Yehowa, èse hiãtɔwo ƒe didi; ède dzi ƒo na wo, eye nèɖo to woƒe ɣlidodo.
18 護衛孤兒和受壓迫者的特權,使塵世的人不再施恐怖手段
Èʋli tsyɔ̃eviwo kple ame siwo wote ɖe anyi la ta, ale be amegbetɔ si nye anyi la magado ŋɔdzi na amewo azɔ o.

< 詩篇 10 >