< 箴言 7 >

1 我兒,你要持守我的訓言,把我的誡命藏在心中;
Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi eye nàdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò.
2 你要遵守我的誡命,好叫你得以生存;應恪守我的教訓,像保護你眼中的瞳人。
Lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe eye dzɔ nye nufiamewo ŋuti abe wò gadaglamakui ene.
3 應將我的誡命繫在指間,刻在心上;
Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.
4 應對智慧說:「你是我的姊妹,」並應稱睿智為你的女友,
Gblɔ na nunya be, “Nɔvinye nyɔnu nènye.” Eye nàyɔ ƒometɔ na gɔmesese,
5 好能保護你遠避奸婦,即那甜言蜜語的淫婦。
woana nyɔnu ahasitɔ la nanɔ adzɔge na wò, eye woaɖe wò le srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe amenublenyawo ƒe asi me.
6 我曾由我家的窗口,透過窗格往外觀看,
Mele nye xɔ ƒe fesrẽ nu, hekpɔ nu to fesrẽnuvɔ la me.
7 分明看見在愚昧人中,在少年人中,有一個無知的少年,
Mekpɔ ame aɖe le bebewuwo dome, mekpɔ ɖekakpui si tsi bome la le sɔhɛwo dome.
8 沿著淫婦屋角的街道經過,向她的住宅走去,
Ele zɔzɔm le kpɔdome, ɖo ta dzogoe si me nyɔnu la le la me; ezɔ ɖo ta afi si nyɔnu la ƒe aƒe le,
9 那時正是黃昏,日已西沉,已入黝黑深夜。
le fiẽ me, esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm, eye zã do blukɔ.
10 看,有一個女人向他迎面而來──她身穿妓裝,存心不軌;
Tete nyɔnu aɖe do go va kpee, edo awu abe gbolo ene eye ayedzedze le mo nɛ.
11 她健談好蕩,不能停留家中:
Eƒe gbe le dzi dem, metsɔ ɖeke le eme na ame aɖeke o eye eƒe afɔwo gbe tɔtɔ ɖe aƒe me,
12 一會在街頭,一會在市場,在每個角落上兜搭──
ele kpɔdome fifia, kasia egado ɖe ablɔme xoxo eye wòdea xa ɖe dzogoe ɖe sia ɖe dzi.
13 她遂上前擁抱那少年,與他接吻,嬉皮笑臉對他說:「
Elé ɖekakpui la hegbugbɔ nu nɛ ŋɔnɔe eye wòɖo mo kplalaa gblɔ nɛ be,
14 我原許過願,要獻和平祭,今日纔得償還我許的願。
“Ŋutifafavɔsa le aƒenye me, egbe mexe nye adzɔgbeɖefewo o,
15 所以我走了出來,好能與你相遇;我急切尋找你,可好現在我見了你。
eya ta medo be mava do go wò, medi wò eye meke ɖe ŋuwò!
16 我的床榻已舖設了絨毯,放上了埃及的線繡臥單;
Meɖo aklala biɖibiɖi ƒe abadzivɔ si wode amadede vovovowoe, esi wowɔ le Egipte la ɖe nye aba dzi.
17 又用沒藥、蘆薈和肉桂薰了我的睡床。
Mewu lifi, anowɔtre kple ami ʋeʋĩ vovovowo ɖe nye aba dzi,
18 來讓我們通宵達旦,飽享愛情;讓我們在歡愛中盡情取樂,
eya ta va, míano lɔlɔ̃ wòasu mí va se ɖe ŋdi, na míatsɔ lɔlɔ̃ ado vivi ɖe mía ɖokuiwo ŋu!
19 因為我的丈夫現不在家,他已出外遠行,
Nye aƒetɔ mele aƒe o, ezɔ mɔ didi aɖe.
20 隨身帶了錢囊,不到月圓不歸家。」
Etsɔ eƒe gakotoku si ga yɔ fũu la dzoe eye ne dzinu sɔ tegblẽ hafi wòagbɔ.”
21 淫婦用許多花言巧語籠絡他,以諂言媚語勾引他。
Etsɔ amenublenya siawo blee eye wòtsɔ eƒe aɖe ŋanɛ la kplɔe trae.
22 少年遂跟她去了,好像一隻引入屠場的公牛,又像一隻自陷圈套的牡鹿,
Etso zia enumake hekplɔe ɖo abe nyitsu wokplɔ yina wuwu ge alo abe zi si ɖo afɔ mɔ me ene.
23 直至箭矢射穿他的心肝;他還像一隻跳入羅網的小鳥,不知這與他的性命有關。
Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã, abe xevie dzo ɖe kamɔ dzi eye menyae be yeƒe ku le afi ma o la ene
24 現在,孩子! 你們應聽從我,留意我口中的訓言:
eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom eye miƒu to anyi ɖe nu si megblɔ la ŋu.
25 不要讓你的心傾向她的道路,不要誤入她的迷途,
Migana miaƒe dzi natrɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu loo, alo miatra age ɖe eƒe toƒewo o.
26 因為她使許多人倒地身亡,連最強健的,都作了她的犧牲。
Elabena ame siwo tsi esi me la sɔ gbɔ, eye ame siwo wòwu la de ha.
27 她的家是通往陰府的大道,是引入死境的斜坡。 (Sheol h7585)
Eƒe aƒe nye tsiẽƒe ƒe mɔ gbadza siwo ɖo ta ku ƒe xɔgãwo me. (Sheol h7585)

< 箴言 7 >