< 箴言 3 >
Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, eye nàlé nye sededewo ɖe wò dzi me,
elabena woadidi wò agbenɔƒewo ɖe edzi ƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ vɛ na wò.
3 不要讓慈祥和忠實離棄你,要將她們繫在你的頸上,刻在你的心版上;
Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o, tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.
Ekema àkpɔ amenuveve kple ŋkɔ nyui le Mawu kple amewo ŋkume.
Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo, mègaku ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o;
ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.
Mèganye nunyala le wò ŋutɔ wò ŋkume o, ke boŋ vɔ̃ Yehowa eye nàtsri vɔ̃.
Esia ahe dɔyɔyɔ vɛ na wò ŋutilã kple nunyiame vɛ na wò ƒuwo.
De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwo kple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,
10 這樣,你的倉廩必充滿糧食,你的榨酒池必盈溢新酒。
ekema wò avawo ayɔ agbagba, eye wain yeye ayɔ wò ahazewo agbagba.
11 我兒,不要輕視上主的懲戒,也不要厭惡他的譴責,
Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o eye mègagbe eƒe mokaname o
12 因為上主譴責他所愛的,有如父親譴責他的愛子。
elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene.
Woayra ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si gɔmesese su
14 因為賺得智慧勝於賺得銀錢;智慧的果實勝於純金。
elabena nunya xɔ asi wu klosalo eye viɖe geɖe le eme wu sika.
15 智慧比珍珠還要寶貴;凡你所貪求的,都不足以與她倫比。
Asixɔxɔ le eŋu wu adzagba eye nu siwo katã dim nèle la, ɖeke mesɔ kplii o.
Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me, eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me.
Eƒe mɔwo nye mɔ siwo dzi vivi le eye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã.
18 她為掌握她的人,是一株生命樹;凡堅持她的,必將納福。
Enye agbeti na ame siwo xɔ eya amea eye ame siwo ƒe asi su edzi la woayra wo.
Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la ƒe gɔmeɖokpe anyii eye wòtsɔ gɔmesese ɖo dziƒowo ɖe wo teƒe.
20 賴他的智識,深淵纔裂口噴水,雲彩纔降下甘露。
Etsɔ eƒe nunya ma gogloƒewoe eye lilikpowo dzaa zãmu.
21 我兒,你應保持明智和慎重,不要讓她們離開你的視線:
Vinye, lé afia nyui tsotso kple sidzedze me ɖe asi, mègana woadzo le ŋkuwòme o.
Woanye agbe na wò kple kɔga aɖo atsyɔ̃ na wò kɔ.
Ekema àlé wò mɔ atsɔ le dedinɔnɔ me eye wò afɔ maɖiɖi o.
24 你若坐下,必無所恐懼;你若躺下,必睡得甘甜。
Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ o, ne èmlɔ anyi la, àdɔ alɔ̃ vivi.
25 你決不怕驟然而來的恐怖,也不怕惡人突然而至的摧殘,
Mègavɔ̃ ŋɔdzi si ava kpoyi alo gbegblẽ si vaa ame vɔ̃ɖiwo dzi o
elabena Yehowa anye wò dzideƒo eye mana wò afɔ naɖo mɔ me o.
27 你若有能力作到,不要拒絕向有求於你的人行善;
Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ, ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o.
28 如果你能即刻作到,不要對你的近人說:「去! 明天再來,我纔給你。」
Mègagblɔ na wò aƒelika be, “Yi nàtrɔ va, etsɔ matsɔe na wò” esi wòle asiwò fifia o.
Mègaɖo vɔ̃ ɖe wò aƒelika, ame si le gbɔwò le anukwareɖiɖi me la ŋu o.
Mègatsɔ nya ɖe ame aɖeke ŋu dzodzro esi mewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o.
Mègabiã ŋu ŋutsu nu sesẽ wɔla alo azɔ le eƒe mɔ aɖeke dzi o,
elabena Yehowa nyɔa ŋu ŋutsu nu tovo wɔla gake elɔ̃a ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe.
Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe dzi, ke eyrana ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe aƒe dzi.
Yehowa ɖua fewu le dadala fewuɖulawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.
Nunyalawo nyia bubu ƒe dome, ke bometsilawo la, etsɔa wo dea asi na ŋukpe.