< 箴言 25 >

1 以下也是撒羅滿的箴言,由猶大王希則克雅的人所蒐集:
Esiawoe nye Solomo ƒe lododo bubu siwo Yuda fia Hezekia ƒe dɔdzikpɔlawo ŋlɔ da ɖi.
2 將事隱蔽,是天主的光榮;清察事實,是君王的光榮。
Enye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe be wòaɣla nya; eye fiawo ƒe bubue nye be woaku nya me.
3 天有多高,地有多厚,王有何心,不可測量。
Abe ale si dziƒo kɔe eye anyigba gogloe ene la, nenemae womate ŋu adzro fiawo ƒe dzi me o.
4 若將銀渣除去淨盡,銀匠必會造出銀器;
Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu, ekema klosalonutula kpɔ dɔwɔnu.
5 若將君王前的惡人除掉,王座即可因正義而穩立。
Ɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia la ŋkume ekema eƒe fiazikpui ali ke to dzɔdzɔenyenye me.
6 你在君王前不可炫耀,不可佔有權貴的座位;
Mègado ɖokuiwò ɖe dzi le fia la ŋkume o eye mègaʋli nɔƒe le amegãwo dome o.
7 因為人對你說「請上座! 」比在貴前受抑更好。
Enyo be wòagblɔ na wò be, “Va dzime le afii” wu be wòaɖiɖi wò le bubumewo ŋkume. Nu si nèkpɔ kple wò ŋkuwo la,
8 你眼若有所見,不可冒然訴訟;人若使你難堪,你將何以善後﹖
mègatsɔ dzitsitsi ahee va ʋɔnui o elabena nu ka nàwɔ le nuwuwua ne hawòvi la do ŋukpe wò?
9 與你的近人,可自決爭端;他人的秘密,切不可洩漏;
Ne èle nya hem kple hawòvi la, mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla o,
10 免得人聽見了而譏笑你,使你的聲譽一敗塗地。
ne menye nenema o la, ame si see la ado ŋukpe wò eye ŋkɔ baɖa si le ŋuwò la maɖe ɖa akpɔ gbeɖe o.
11 一句簡單話,若說得適當,有如銀盤中,放上金蘋果。
Nya si wogblɔ dedie la, le abe “sikaplu” le klosalogba me ene.
12 明智的勸戒,對受教的人,無異於金環,或純金美飾。
Ŋutsu nunyala ƒe mokaname le na to si le esem la abe sikatogɛ alo sikatsyɔ̃ɖonu aɖe ene.
13 忠誠的使者,對遣他的人,有如秋收時,吹來的涼風,使他主人的心感到愉快。
Dɔla nuteƒewɔla le na ame siwo dɔe la abe ale si sno fanae le nuŋeɣi ene; enana eƒe aƒetɔwo ƒe gbɔgbɔ gbɔna ɖe eme.
14 許諾而不實踐的人,只好似無雨的風雲。
Ŋutsu si ƒoa adegbe le nunana siwo mena o ŋu la le abe lilikpododo kple ya si medzaa tsi o la ene.
15 容忍可以折服公侯,柔語能以粉碎硬骨。
Dzigbɔɖie wotsɔna blea fia nue eye aɖe bɔbɔe ate ŋu agbã ƒu.
16 你找到蜂蜜,應按食量吃;怕吃的過多,反要吐出來。
Ne èke ɖe anyitsi ŋu la, no esi sinu nàte ŋui ko, ne ènoe fũu akpa la, àdzɔe.
17 鄰舍的住家,你應少踏入;怕他討厭你,反而憎恨你。
Mègaƒo afɔɖi hawòvi ƒe aƒe me o, ne èle egbɔ dem kabakaba la, ava tsri wò.
18 作假見證陷害鄰舍的人,無異是鐵鎚、刀劍和利箭。
Ŋutsu si ɖi aʋatsoɖase ɖe ehavi ŋu la le abe kpo, yi alo aŋutrɔ ɖaɖɛ ene.
19 在患難之日,信賴無信用的人,有如信賴蛀壞的牙,脫節的腳。
Dziɖoɖo ɖe nuteƒemawɔla ŋu le xaxaɣiwo le abe aɖu vovo alo afɔ tutu ene.
20 對憂傷的心靈詠唱詩歌,無異在傷口處倒上酸醋。
Ame si dzi ha na dzi kpekpe tɔ la le abe ame si ɖe awu kpekpe ɖi le vuvɔwɔgbe alo “vinigae” wokɔ ɖe “soɖa” dzi ene.
21 若仇人餓了,你要給他吃;若是他渴了,應給他水喝:
Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na nui wòaɖu, ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano.
22 這是將火炭堆在他頭上,上主也必要因此還報你。
Ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi, eye Yehowa ŋutɔ aɖo eteƒe na wò.
23 北風帶來時雨;讒言易惹怒容。
Abe ale si anyieheya hea tsidzadza vɛ ene la, nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee.
24 寧願住在屋頂的一角,不願與吵婦同居一室。
Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ aƒe ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.
25 來自遠方的喜信,無異口渴獲清泉。
Abe ale si tsi fafɛ faa akɔ na luʋɔ gbɔdzɔe ene la, nenema kee nya nyui tso duta hã nɔna.
26 義人如在惡人面前失足,無異弄混的水泉,弄濁的水井。
Ame dzɔdzɔe si na mɔ ame vɔ̃ɖi la le abe tsitsetse si me blu alo vudo si me wolɔ gbe kɔ ɖo la ene.
27 吃蜂蜜過多,有損無益;過於求光榮,反而受累。
Menyo be woano anyitsi fũu alo wònye nu dzeame be ame nadi eya ŋutɔ ƒe bubu o.
28 人若不控制自己的脾氣,就如一座無牆無防的城市。
Ame si meɖua eɖokui dzi o la le abe du si ŋu wogbã gli le la ene.

< 箴言 25 >