< 民數記 9 >

1 出埃及國後第二年正月,上主在西乃曠野吩咐梅瑟說:「
Yehowa de se siawo na Mose esime Mose kple Israelvi mamlɛawo nɔ Sinai gbedzi le ɣleti gbãtɔ me, le ƒe evelia me, esi wodo go tso Egipte. Yehowa gblɔ nɛ be,
2 以色列子民在定期內當舉行踰越節。
“Na Israelviwo naɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le eƒe ɣeyiɣi la dzi.
3 於本月十四日黃昏時,在定期內舉行此節;應按一切規定和禮儀舉行。」
Miɖui le eƒe ɣeyiɣi la dzi, le fiẽ, le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia gbe le eƒe sewo kple ɖoɖowo katã nu.”
4 梅瑟遂號令以色列子民舉行踰越節。
Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la,
5 他們就在正月十四日黃昏,於西乃曠野舉行了踰越節;上主怎樣吩咐了梅瑟,以色列子民就怎樣做了。
eye woɖui le Sinai gbegbe la le fiẽ, le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Israelviwo wɔ nu sia nu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
6 但是,有些人因沾染了死人的不潔,不能在那一天舉行踰越節,就在那天來到梅瑟和亞郎前;
Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe,
7 這些人對他說:「我們沾染了死人的不潔;為什麼我們就被拒絕,而不能在以色列子民中,於定期內奉獻上主供物﹖」
eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?”
8 梅瑟對他們說:「你們等一下,我去聽上主對你們有何吩咐。」
Mose gblɔ na wo be yeabia nya Yehowa tso woƒe xaxa la ŋuti.
9 上主吩咐梅瑟說:「
Yehowa ƒe nyametsotsoe nye:
10 你訓示以色列子民說:幾時你們中或你們後裔中,若有人沾了死人的不潔,或因到遠方旅行,仍要為上主舉行踰越節,
“Ne Israelviwo dometɔ siwo li fifia alo siwo anɔ dzidzime siwo ava va me la gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ɣeyiɣi me, to asikaka ame kuku aɖe ŋu me, alo ne wozɔ mɔ, eye womate ŋu anɔ wo nɔviwo dome o la, ele be woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kokoko. Woawo aɖui le ɣleti ɖeka megbe,
11 應在二月十四日黃昏舉行,同時吃無酵餅和苦菜,
le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve.
12 不要剩下什麼到早晨,也不要折斷羔羊的骨頭:應全依照踰越節的規定舉行此節。
Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ.
13 但如有人是潔淨的,又不在旅行中,竟忽略了過踰越節,這人就應由民間剷除,因為他沒有在定期內奉獻上主供物,這人應自負罪債。
“Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi.
14 至於與你們同住的僑民,若為上主舉行踰越節,應按照踰越節的規定和禮儀舉行;不論是僑民,或是本國公民,你們應守同樣的法律。」
Ne amedzro aɖe le mia dome, eye wòdi be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la na Yehowa la, ele nɛ be wòawɔ Ŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Se ɖeka koe li na ame sia ame.”
15 在豎立帳幕那一天,有雲彩遮蓋了帳幕,即會幕;到晚上雲彩停在帳幕上,形狀似火,直到早晨。
Le gbe si gbe wotu agbadɔ la la, lilikpo la tsyɔ edzi. Le gbe ma gbe ƒe fiẽ la, lilikpo la trɔ hedze abe dzo bibi ene. Enɔ nenema le zã blibo la me.
16 白天有雲彩遮蓋,夜間雲彩形狀似火:常是如此。
Aleae wònɔna azɔ: enyea lilikpo le ŋkeke me eye wòdzena abe dzo bibi ene le zã me.
17 幾時雲彩由帳幕上升起,以色列子民隨即起程;雲彩在那裏停住了,以色列子民就在那裏紮營。
Ne lilikpo la ho la, Israelviwo dzea mɔ, ɖea zɔ va se ɖe afi si lilikpo la natɔ ɖo, eye woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma.
18 以色列子民照上主的命令起程,亦照上主的命令紮營:雲彩停留在帳幕上幾日,他們就幾日紮營不動。
Wozɔ mɔ alea le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Wotɔna ɖe afi si Yehowa ɖo na wo be woatɔ ɖo. Wonɔa afi ma ɣeyiɣi si lilikpo la tɔ ɖe afi ma.
19 雲彩若多日停留在帳幕上,以色列子民就遵照上主的命令,不移營前行。
Ne enɔ anyi wòdidi la, woawo hã wonɔa anyi ɣeyiɣi didi ma ke. Ke ne enɔ anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ekema Israelviwo hã wonɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, elabena nenemae Yehowa ɖo na wo.
20 有時雲彩只數日停留在帳幕上,他們就依照上主的命令紮營不動,並依照上主的命令起程。
Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ.
21 有時雲彩從晚上到早晨停住,一到早晨就上升,他們就隨之起程;或者一日一夜以後纔上升,他們也隨之起程。
Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, eye ne eho le ŋdi la, wodzea mɔ. Nenye le ŋkeke me alo zã me, ɣe sia ɣi si lilikpo la ho ko la, wodzea mɔ.
22 如雲彩兩日或一月,或一年停留在帳幕上,無論停留多久,以色列子民也就安營不動多久;只在雲彩上升時,方起程前行。
Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ.
23 他們依照上主的命令紮營,依照上主的命令起程;他們全照上主藉梅瑟所吩咐的,遵守上主的訓示。
Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, wodzea mɔ. Wowɔa Yehowa ƒe gbe dzi le se si wòde to Mose dzi la nu.

< 民數記 9 >