< 民數記 7 >

1 梅瑟豎立起會幕那天,就傅油祝聖了帳幕和其中的一切器具、祭壇和附屬的用具。他傅油祝聖以後,
Esi Mose wu agbadɔ la tutu nu la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋunuwo katã ŋuti. Esi ami na vɔsamlekpui la hã, kɔ eŋuti kple eŋunuwo katã ŋuti.
2 以色列的領袖,各家族首領,即協助登記的各支派的領袖,前來奉獻,
Israel ƒe kplɔlawo, ƒometatɔ, ame siwo nye kplɔlawo kple dzikpɔlawo na ame siwo woxlẽ la wɔ nunanawo.
3 將他們的供物獻於上主面前:篷車六輛,公牛十二頭:每兩位領袖一輛車,每位領袖一頭牛。他們把這些送到會幕前時,
Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ.
4 上主訓示梅瑟說:「
Eye Yehowa gblɔ na Mose be,
5 你把這些收下,為會幕的事務使用,按照肋未人的職務,分給他們。」
“Xɔ woƒe nu siawo be woatsɔ wo awɔ agbadɔ la ŋuti dɔwoe. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo abe ale si ame sia ame ƒe dɔ hiã lae ene.”
6 梅瑟就收下車輛和牛,交給了肋未人。
Ale Mose tsɔ tasiaɖamwo kple nyitsuawo na Levi ƒe viwo.
7 按革爾雄子孫的職務,分給了他們兩輛車及四頭牛;
Etsɔ tasiaɖam eve kple nyitsu ene na Gerson ƒe viwo,
8 按默辣黎子孫的職務,分給了他們四輛車及八頭牛,他們都在司祭亞郎的兒子依塔瑪爾指揮下服務。
eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari ƒe viwo, ame siwo nɔ Itamar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.
9 但沒有分給刻哈特子孫,因為他們應用肩抬所照管的聖物。
Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta.
10 在傅油祝聖祭壇時,眾領袖也為祝聖祭壇奉獻了供物。當眾領袖把他們的供物送到祭壇面前時,
Kplɔlawo hã na nunanawo ɖe nuŋukɔkɔ la ta le gbe si gbe wosi ami na vɔsamlekpui la. Woda nunanawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ.
11 上主對梅瑟說:「每天應有一位領袖,奉獻自己的供物,為祝聖祭壇。」
Yehowa gblɔ na Mose be, “Mina ameawo natsɔ woƒe nunanawo vɛ le ŋkeke vovovowo dzi hena vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ.”
12 第一日奉獻自己供物的,是猶大支派阿米納達布的兒子納赫雄。
Ale Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me tsɔ eƒe nunanawo vɛ le ŋkeke gbãtɔ dzi.
13 他的供物是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Eƒe nunana siwo wòtsɔ vɛ la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.
14 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
15 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
16 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
17 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是阿米納達布的兒子納赫雄的供物。
Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiae nye Aminadab ƒe vi, Nahson ƒe vɔsa.
18 第二日奉獻供物的,是依撒加爾的領袖,族阿爾的兒子乃塔乃耳。
Esi ŋu ke la, Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, Isaka ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
19 他奉獻的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaeve kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.
20 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo si yɔ banaa kple dzudzɔdonu,
21 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
22 公山羊一隻,為作贖罪祭:
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
23 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是族阿爾的兒子乃塔乃耳的供物。
Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
24 第三日是則步隆子孫的領袖,赫隆的兒子厄里雅布。
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Eliab, Helon ƒe viŋutsu, Zebulon ƒe to la kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
25 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
26 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
27 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa,
28 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
29 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是赫隆的兒子厄里雅布的供物。
Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
30 第四日是勒烏本子孫的領袖,舍德烏爾的兒子厄里族爾。
Le ŋkeke enea gbe la, Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, Ruben ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
31 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ-vɔ-ɖekɛ kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
32 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
33 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;
34 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
35 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是舍德烏爾的兒子厄里族爾的供物。
Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, ƒe nunanawo.
36 第五日是西默盎子孫的領袖,族黎沙待的兒子舍路米耳。
Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, Simeon ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
37 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.
38 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
39 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;
40 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
41 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是族黎沙待的兒子協路米耳的供物。
Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
42 第六日是加得子孫的領袖勒烏耳的兒子厄里雅撒夫。
Le ŋkeke adea gbe la, Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, Gad ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
43 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
44 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
45 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;
46 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
47 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,作和平祭:以上是勒烏耳兒子厄里雅撒夫的供物。
Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
48 第七日是厄弗辣因子孫的領袖阿米胡得的兒子厄里沙瑪。
Le ŋkeke adrea gbe la, Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, Efraim ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
49 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.
50 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
51 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
52 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
53 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是阿米胡得的兒子厄里沙瑪的供物。
Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
54 第八日是默納協子孫的領袖,培達族爾的兒子加默里耳。
Le ŋkeke enyia gbe la, Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, Manase ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
55 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
56 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
57 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa,
58 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
59 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是培達族爾的兒子加默里耳的供物。
Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
60 第九日是本雅明子孫的領袖,基德敖尼的兒子阿彼丹。
Le ŋkeke asiekɛa gbe la, Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, Benyamin ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
61 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
62 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
63 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa,
64 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
65 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是基德敖尼的兒子阿彼丹的供物。
Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
66 第十日是丹子孫的領袖,阿米沙待的兒子阿希厄則爾。
Le ŋkeke ewoa gbe la, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, Dan ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
67 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
68 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂:
sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
69 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
70 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
71 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是阿米沙待的兒子阿希厄則爾的供物。
Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
72 第十一日是阿協爾子孫的領袖,敖革蘭的兒子帕革厄耳。
Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, Aser ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.
73 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;
74 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂;
sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;
75 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
76 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
77 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻,一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是敖革蘭的兒子帕革厄耳的供物。
Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
78 第十二日是納斐塔里子孫的領袖,厄南的兒子阿希辣。
Le ŋkeke wuievea gbe la, Ahira, Enan ƒe viŋutsu, Naftali ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ nunanawo vɛ.
79 他的供物,是一個重一百三十「協刻耳」的銀盤,一個依聖所的衡量,重七十「協刻耳」的銀盆,兩件內都盛滿油調的細麵,為作素祭;
Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba kple ze la me;
80 一個重十「協刻耳」盛滿香料的金盂,
sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.
81 公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲的公羔羊一隻,為作全燔祭;
Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,
82 公山羊一隻,為作贖罪祭;
eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.
83 又公牛二頭,公綿羊五隻,公山羊五隻一歲的公羔羊五隻,為作和平祭:以上是厄南的兒子阿希辣的供物。
Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiawoe nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.
84 以上是傅油祝聖祭壇時,以色列領袖們為祝聖祭壇所奉獻的供物,計有銀盤十二個,銀盆十二個,金盂十二個;
Nu siwo Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, esi wosi ami nɛ lae nye: klosalogba wuieve, klosalogba wuieve kple sikanutɔgba wuieve.
85 銀盤每個重一百三十「協刻耳」,銀盆每個重七十,器皿的銀子依聖所的衡量,共重二千四百「協刻耳」;
Klosalogbawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã, eye klosalogbaawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã; wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram blaeve-vɔ-adre kple afã;
86 盛滿香料的金盂十二個,依聖所衡量,每個盂重十「協刻耳」,這些盂的金子,共重一百二十「協刻耳」;
sikanutɔgba wuieve siwo dzudzɔdonu yɔ banaa, nutɔgba ɖeka ƒe kpekpemee nye gram blaeve-vɔ-enyi, wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã.
87 為作全燔祭的一切牲畜,計有公牛犢十二頭,公綿羊十二隻,一歲的公羔羊十二隻,還有同獻的素祭;此外尚有公山羊十二隻,為作贖罪祭;
Lã siwo katã wotsɔ vɛ hena numevɔsa la le nyi wuieve, agbo wuieve, agbovi wuieve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe wo ŋu nuɖuvɔsanuwo ŋu; gbɔ̃tsu wuieve siwo woatsɔ awɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsae.
88 為作和平祭的一切牲畜,計有公牛犢二十四頭,公綿羊六十隻,公山羊六十隻,一歲的公羔羊六十隻:以上是在傅油祝聖祭壇後,為祝聖祭壇所獻的供物。
Lã siwo katã woatsɔ asa akpedavɔe la le nyitsu blaeve-vɔ-ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple agbovi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale si wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ lae nye esi.
89 當梅瑟進入會幕為同上主說話時,他聽見從約櫃的贖罪蓋上,兩革魯賓間,有與他說話的聲音:是上主在與他說話。
Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame.

< 民數記 7 >