< 民數記 4 >

1 上主訓示梅瑟和亞郎說:「
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
2 你應依照宗族和家系,統計肋未人中的刻哈特子孫,
“Mixlẽ Kohat ƒe viwo tso Levi ƒe viwo dome le woƒe towo kple ƒomewo nu.
3 由三十歲以上到五十歲,凡應入伍到會幕服務的都要登記。
Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Agbadɔ la me.
4 刻哈特子孫在會幕內的任務,是管理至聖之物。
“Esiawoe nye Kohat ƒe viwo ƒe dɔ le agbadɔ la me: nu kɔkɔetɔwo dzi kpɔkpɔ.
5 起營出發時,亞郎和他的兒子應來卸下帳幔,用來包裹約櫃,
Ne asaɖa la le hoho ge la, Aron kple via ŋutsuwo age ɖe Agbadɔ la me gbã. Woaɖe xɔmetsovɔ la, eye woatsɔe atsyɔ nubablaɖaka la dzi.
6 上面蒙上海豚皮蓋,其上再舖上純紫布,然後安上杠桿。
Emegbe la, woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ xɔmetsovɔ la dzi, atsɔ aɖabɛ blɔtɔ atsyɔ tɔmenyigbalẽ la dzi, eye woatsɔ nubablaɖakakɔkpoawo aƒo ɖe eƒe gagodoeawo me.
7 在供餅桌上,應舖上子布,擺上盤、匙、杯和奠酒的爵;常供餅應仍在桌上。
“Le esia megbe la, woatsɔ aɖabɛ blɔtɔ la akeke ɖe ŋkumeɖobolo la ƒe kplɔ̃ la dzi, eye woatsɔ agbawo, gatsiwo, trewo kple kpluwo kple abolo la ada ɖe avɔ la dzi.
8 以後,在這些物件上,蓋上朱紅布,再蒙上海豚皮罩,然後安上杠桿。
Woakeke avɔ dzĩtɔ ɖe nu siawo dzi, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ aɖabɛ dzĩtɔ la dzi azɔ. Emegbe la, woatsɔ kplɔ̃kɔkpoawo ade kplɔ̃ la ƒe gagodoeawo me.
9 此後,拿一塊紫布,包好燈台和燈盞、剪子、碟子,以及為燈台用的一切油具;
“Nu si woagawɔ azɔe nye woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ akaɖiti la, akaɖigbɛawo, ɖovulãnuwo, nutɔgbawo kple amigoe la dzi.
10 將燈台和所有的用具,裝入海豚皮袋內,放在擔架上。
Ekema woatsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ nuawo katã dzi, eye woatsɔ nubabla blibo la ada ɖe agbati aɖe dzi.
11 在金祭壇上舖上紫布,再用海豚皮包好,然後安上杠桿。
“Azɔ la, woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ sikavɔsamlekpui la dzi, atsɔ tɔmenyigbalẽ la atsyɔ eya hã dzi, eye woatsɔ kpoawo aƒo ɖe gagodoeawo me le vɔsamlekpui la ŋu.
12 再把聖所內使用的一切用具都拿來,放在紫布袋內,再蒙上海豚皮罩,放在擔架上。
“Ekema woabla nu bubu siwo katã asusɔ ɖe agbadɔ la me la ɖe avɔ blɔtɔ aɖe me, atsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ eya hã dzi, eye woada nubabla la ɖe agbati dzi.
13 把祭壇上的灰清除,舖上紫紅布,
“Woalɔ dzowɔ le akɔblivɔsamlekpui la dzi, eye woatsɔ aɖabɛ dzĩtɔ atsyɔ na vɔsamlekpui la.
14 上面放上一切用具:火盆。肉叉、鏟子、盤子以及祭壇上的一切用具;其上再蒙上海豚皮罩,然後安上杠桿。
Woatsɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le vɔsamlekpui la dzi la ada ɖe avɔ la dzi. Nu siawoe nye afilɔnuwo, gaflowo, sofiwo, zewo kple vɔsamlekpui la dzi nu bubuawo katã, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ wo dzi. Woatsɔ nukɔkpoawo ade woƒe gagodoeawo me.
15 亞郎和他的兒子包裝完了聖物和聖所的一切用具,起營出發時,刻哈特的子孫纔來抬,免得他們觸摸聖物而死亡:這是刻哈特的子孫對會幕的職務。
“Ne Aron kple via ŋutsuwo wu agbadodo kple nu kɔkɔeawo kple wo ŋunuwo katã nu vɔ, eye ameha la le klalo be yeaho adzo la, Kohat ƒe viwo ava akɔ agbawo. Ke womekpɔ mɔ aka asi nu kɔkɔeawo ŋu o, be womagaku o. Kohat ƒe viwo akɔ nu siwo katã le agbadɔ la me.
16 至於亞郎大司祭的兒子厄肋阿匝爾的任務,是管理燈油、香料、日獻的素祭和為傅禮用的油,並照管全會幕與其中所有的聖物和器具。」
“Nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Eleazar, ƒe dɔdeasie nye wòakpɔ akaɖimemiwo, dzudzɔdonu ʋeʋĩwo, gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple ami sisi la dzi. Kpuie ko la, eƒe dɔe nye wòakpɔ Agbadɔ blibo la kple nu siwo katã le eme la dzi.”
17 上主訓示梅瑟和亞郎說:「
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
18 不要使刻哈特族的一支由肋未人中消滅;
“Kpɔ egbɔ be womeɖe Kohat ƒomea ɖa le Levi ƒe viwo dome o.
19 為使他們接近至聖之物時,生存而不死亡,你們對他們應這樣做:亞郎和他的兒子先來,給他們每人指定各人服役和搬運的工作,
Be woanɔ agbe, eye womaku o, ne wote ɖe nu kɔkɔewo ŋu la, miwɔ nu siawo na wo: Aron kple via ŋutsuwo ayi ɖe kɔkɔeƒe la, eye wòade dɔ si ame sia ame awɔ kple nu sia nu si wòakɔ la asi nɛ.
20 免得這些人進去一時見到聖物而遭遇死亡。」
Ne womekplɔ Kohat ƒe viŋutsuwo yi o la, mele be woage ɖe agbadɔ la me o; ne menye nenema o la, woakpɔ nu kɔkɔeawo le afi ma, eye woaku.”
21 上主訓示梅瑟說:「
Eye Yehowa gblɔ na Mose be,
22 你要依照家系和宗族統計革爾雄的子孫,
“Xlẽ Gerson ƒe viŋutsuwo ɖe Levi ƒe viwo dome,
23 由三十歲以上到五十歲,凡應入伍到會幕服務的,都要登記。
ame siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔ kɔkɔe la wɔwɔ le agbadɔ la me.
24 革爾雄家族的任務是服役和搬運:
“Gerson viwo ƒe dɔdeasie nye be woakɔ:
25 搬運帳幕的帷幔、會幕和其頂蓬,及其上面蓋的海豚皮和會幕的門簾,
Nɔƒe la ƒe xɔmetsovɔ, agbadɔ la ŋutɔ kple kpɔ si ƒo xlãe, gbɔ̃gbalẽ si wotsɔ gbã agbadɔ la kple avɔ si le eƒe mɔnu.
26 庭院的帷幔,圍繞會幕和祭壇庭院的門簾、繩索以及一切為服役用的器具;凡交與他們應作的一切,他們都應執行。
Woawoe akɔ kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la ŋu vɔwo, agbonuvɔ si le nɔƒe si ƒo xlã vɔsamlekpui la kple agbadɔ la ƒe mɔnu ƒe vɔsamlekpui la, kawo kple wo ŋu nu bubuawo katã. Woawo ƒe dɔ wònye be woakɔ nu siawo.
27 革爾雄人所有的任務,不論是搬運或是服役,應全遵照亞郎和他兒子的吩咐;所以你們應照顧他們搬運一切:
Aron alo via ŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ade dɔ siawo asi na Gerson ƒe viwo,
28 這是革爾雄人的家族對會幕的任務;他們應在大司祭亞郎的兒子依塔瑪爾指揮下服役。
ke esiae nye Gerson viwo ƒe ƒome la ƒe dɔwo le agbadɔ la ŋu, eye woanɔ nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Itamar ƒe dzikpɔkpɔ te.
29 對默辣黎的子孫,你要依照宗族和家系統計他們;
“Azɔ la, xlẽ Merari ƒe viŋutsuwo ɖe Levi ƒe viwo dome, ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ le Agbadɔ la me.
30 由三十歲以上到五十歲,凡應入伍到會幕服務的,都要登記。
Xlẽ ŋutsu siwo katã xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃ le ame siwo va be yewoawɔ agbadɔ la ŋu dɔwo dome
31 依照他們在會幕內所擔任的職務,應搬運的是:帳幕的木板、橫木、柱子和卯座,
Esiae nye woƒe dɔdeasi si woawɔ le agbadɔ la ŋuti dɔwo wɔwɔ me: woakɔ ʋuƒowo, gamedetiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo,
32 庭院四週的柱子、卯座、橛子和繩索,一切用具及服務所需的一切。你們應按名一一指定他們應搬運的物件:
nɔƒe la ƒe kpɔ ƒe sɔtiwo kple zɔwo, tsyotiwo, kawo kple nu sia nu si ku ɖe wo ŋu dɔ wɔwɔ kple wo dzadzraɖo ŋu. De dɔ asi na ame sia ame wotɔxɛtɔxɛe.
33 這是默辣黎人的家族,在司祭亞郎的兒子依塔瑪爾指揮下,對會幕應盡的各種職務。」
Merari ƒe viwo hã awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu le nunɔla Aron ƒe viŋutsu Itamar ƒe kpɔkplɔ te.”
34 梅瑟和亞郎及會眾的首領,依照宗族和家系統計了刻哈特的子孫,
Ale Mose kple Aron kple kplɔla bubuawo xlẽ Kohat ƒe viwo
35 由三十歲以上到五十歲,凡應入伍到會幕服務,
kple woƒe ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, ame siwo dze na dɔwɔwɔ le agbadɔ la me.
36 依照宗族登計的,共二千七百五十人:
Wode ŋutsu akpe eve, alafa adre blaatɔ̃.
37 這是刻哈特人的家族,所有在會幕內服務登記的人數,是梅瑟和亞郎依照上主給梅瑟的命令所統計的。
Esiawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Kohat viwo ƒe ƒome la me be woawɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
38 革爾雄的子孫,依照宗族和家系登了記,
Eye wotia Gerson ƒe viwo xlẽ le woƒe ƒome kple aƒewo nu.
39 由三十歲以上到五十歲,凡應入伍到會幕服務,
Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema la va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu.
40 依照宗族和家系登記的,共二千六百三十人:
Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu la le ame akpe eve alafa ade, blaetɔ̃.
41 這是革爾雄子孫的家族所有在會幕內服務的登記人數,是梅瑟和亞郎依上主的命令所統計的。
Ame siawo nye ame siwo katã Mose kple Aron tia, xlẽ le Gerson ƒe viwo ƒe ƒome la me, eye woate ŋu awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu abe ale si Yehowa de se ene.
42 默辣黎子孫的家族,依照宗族和家系都登了記,
Eye wotia amewo, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la kple aƒewo nu.
43 由三十歲以上到五十歲,凡應入伍到會幕服務,
Woxlẽ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema la va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe Agbadɔ la ŋu.
44 依照宗族登記的,共三千二百人:
Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomea nu la le ame akpe etɔ̃, alafa eve.
45 這是默辣黎子孫家族登記的人數,是梅瑟和亞郎依照上主給梅瑟的命令所統計的。
Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron wotia, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la me abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
46 梅瑟和亞郎並以色列的首領,依照宗族和家系,統計的肋未人的總數,
Levi ƒe vi siwo katã Mose kple Aron kple Israel kplɔlawo wotia le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu,
47 由三十歲以上到五十歲,凡應入伍到會幕服務管理搬運的,
eye woxɔ ƒe blaetɔ̃ alo wu nenema va se ɖe ƒe blaatɔ̃ be woasubɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me, eye woakɔ agba la
48 共計八千五百八十人。
ƒe xexlẽme le ame akpe enyi, alafa atɔ̃ blaenyi.
49 依照上主藉梅瑟所發的命令,給他們每人指定了各人應盡的職務和應搬運的工作;依照上主對梅瑟所吩咐的,他們都這樣登記了。
Mose na wofia ame sia ame ƒe dɔ kple agba si wòakɔ lae, abe ale si Yehowa de se ene. Eye wotia wo xlẽ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.

< 民數記 4 >