< 民數記 33 >

1 以下是以色列子民在梅瑟和亞郎指揮下,分隊出離埃及國後所行的路程。
Esiawoe nye Israelviwo ƒe toƒewo tso esime Mose kple Aron wokplɔ wo dzoe le Egiptenyigba dzi.
2 梅瑟記錄了他們遵上主的命啟營的出發點。以下是他們依次出發的行程:
Mose ŋlɔ nu tso woƒe toƒewo ŋu abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.
3 他們於正月十五日由辣默色斯起程,即在逾越節第二日,以色列子民大膽地、當著眾埃及人的面出走了,
Israelviwo dze mɔ le Rameses le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe si nye Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke evelia. Wozɔ dzideƒotɔe dzo le Egiptetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu,
4 其時埃及人正在埋葬上主在他們中所擊殺的一切長子;上主也懲罰了他們的神祇。
le esime Egiptetɔwo nɔ woƒe ŋgɔgbeviwo katã, ame siwo Yehowa ƒo ƒu anyi le wo dome la ɖim, elabena Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va woƒe mawuwo dzi.
5 以色列子民由辣默色斯起程,在酥苛特紮營。
Israelviwo dzo le Rameses, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Sukɔt.
6 由穌苛特起程,在位於曠野邊界的厄堂紮營。
Wodzo le Sukɔt, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Etam, le gbegbe la to.
7 由厄堂起程,轉向巴耳責豐的丕哈希洛特,在米革多耳對面紮營。
Esi wodzo le Etam la, wogbugbɔ yi Pi Hahirɔt, le Baal Zefon ƒe ɣedzeƒe, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Migdol gbɔ.
8 由丕哈希洛特起程,由海中經過進入曠野,在厄堂曠野中行了三天的路,然後在瑪辣紮營。
Tso afi sia la, woto Ƒu Dzĩ la titina. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖo Etam gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Mara.
9 由瑪辣起程,來到厄林。在厄林有十二水泉和七十株棕櫚樹,就在那裡紮營。
Tso Mara la, wova Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Wonɔ afi sia eteƒe didi vie.
10 由厄林起程,在紅海旁紮營。
Esi wodzo le Elim la, woƒu asaɖa anyi ɖe Ƒu Dzĩ la to,
11 由紅海起程,在欣曠野紮營。
eye woho yi Sin gbedzi.
12 由欣曠野啟程,在多弗卡紮營。
Emegbe la, woyi Dofka.
13 由多弗卡起程,在阿路士紮營。
Esi wodzo le Dofka la, woyi Alus,
14 由阿路士起程,在勒非丁紮營;民眾在這裡沒有水喝。
hetso eme yi Refidim, afi si tsi menɔ na ameawo woano o.
15 由勒非丁起程,在西乃曠野裡紮營。
Tso Refidim la, woyi Sinai gbedzi,
16 由西乃曠野起程,在克貝洛特哈塔瓦紮營。
eye tso afi ma la, woyi Kibrot Hatava.
17 由克貝洛特哈塔瓦起程,在哈責洛特紮營。
Tso Kibrot Hatava la, woyi Hazerot.
18 由哈責洛特起程,在黎特瑪紮營。
Tso Hazerot la, woyi Ritmax.
19 由黎特瑪起程,在黎孟培勒茲紮營。
Tso Ritmax la, woyi Rimonparez.
20 由黎孟培勒茲起程,在里貝納紮營。
Tso Rimonparez la, woyi Libna.
21 由里貝納起程,在黎撒紮營。
Tso Libna la, woyi Risa.
22 由黎撒起程,在刻黑拉達紮營。
Tso Risa la, woyi Kehelata.
23 由刻黑拉達起程,在舍斐爾山紮營。
Tso Kehelata la, woyi Sefer to la gbɔ.
24 由舍斐爾山起程,在哈辣達紮營。
Tso Sefer to la gbɔ la, woyi Harada.
25 由哈辣達起程,在瑪刻黑羅特紮營。
Tso Harada la, woyi Makhelot.
26 由瑪刻黑羅特起程,在塔哈特紮營。
Tso Makhelot la, woyi Tahat.
27 由塔哈特起程,在特辣黑紮營。
Tso Tahat la, woyi Tera.
28 由特辣黑起程,在米特卡紮營。
Tso Tera la, woyi Mitka.
29 由米特卡起程,在哈市摩納紮營。
Tso Mitka la, woyi Hasmona.
30 由哈市摩納起程,在摩色爾紮營。
Tso Hasmona la, woyi Moserɔt.
31 由摩色爾起程,在貝乃雅干紮營。
Tso Moserɔt la, woyi Bene Yakan.
32 由貝乃雅干起程,在曷爾哈基加得紮營。
Tso Bene Yakan la, woyi Hor Hagidgad.
33 由曷爾哈基加得起程,在約特巴達紮營。
Tso Hor Hagidgad la, woyi Yotbata.
34 由約特巴達起程,在阿貝洛納紮營。
Tso Yotbata la, woyi Abrona.
35 由阿貝洛納起程,在厄茲雍革貝爾紮營。
Tso Abrona la, woyi Ezion Geber.
36 由厄茲雍革貝爾起程,在親曠野,即卡德士紮營。
Tso Ezion Geber la, woyi Kades le Zin gbedzi.
37 由卡德士起程,在位於厄東地邊界上的曷爾山下紮營。
Tso Kades la, woyi Hor to la gbɔ le Edomnyigba la to.
38 亞郎大司祭依上主的命,上了曷爾山,死在那裡,時在以色列子民出埃及國後四十年五月初一日。
Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Nunɔla Aron yi Hor to la dzi, afi si wòku ɖo le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe le ƒe blaenelia, esi Israelviwo ʋu tso Egipte la me.
39 亞郎死在曷爾山上時,已一百二十三歲。
Aron xɔ ƒe alafa ɖeka, blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòku ɖe Hor to la dzi.
40 其時住在客納罕南部的客納罕人王阿辣得聽說以色列子民來了。
Ɣe ma ɣie Kanaantɔwo ƒe fia, Arad fia, ame si nɔ Negeb, le Kanaanyigba dzi la se be Israelviwo gbɔna yeƒe anyigba dzi.
41 它們再由曷爾山下起程,在匝耳摩納紮營。
Wowɔ aʋa kplii, eye wotso Hor to la gbɔ heƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona.
42 由匝耳摩納起程,在普農紮營。
Tso Zalmona la, woyi Punon.
43 由普農起程,在敖波特紮營。
Woho tso Punon heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot,
44 由敖波特起程,在位於摩阿布邊境的依因阿巴陵紮營。
eye woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Iye Abarim le Moabtɔwo ƒe liƒo dzi.
45 由依因起程,在狄朋加得紮營。
Tso afi sia la, woƒo asaɖa ɖe Dibon Gad
46 由狄朋加得起程,在阿耳孟狄貝拉塔因紮營。
woyi Dibon Gad heyi Almɔn Diblataim,
47 由阿耳孟狄貝拉塔因起程,在乃波前面的阿巴陵山地內紮營。
Abarim towo gbɔ le Nebo to la gbɔ.
48 由阿巴陵山地起程,在耶里哥對面,約但河邊,摩阿布曠野紮營;
Wotso le Abarim towo gbɔ, eye mlɔeba la, wova ɖo Moab gbegbe la le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa.
49 他們在摩阿布曠野裡,沿著約但河邊紮營,由貝特耶史摩特直到阿貝耳史廷。
Woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo le Yɔdan tɔsisi la to tso Bet Yesimot va se ɖe Abel Sitim le Moab tagba.
50 在耶里哥對面,約但河邊,摩阿布曠野內,上主訓示梅瑟說:「
Le Moab tagba, le Yɔdan nu le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be,
51 你告訴以色列子民說:你們幾時過了約但,進入客納罕地,
“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye miege ɖe Kanaanyigba dzi la,
52 應由你們面前驅逐當地所有的居民,應毀壞他們的一切偶像,應打碎他們的一切鑄像,應鏟除他們的一切丘壇。
ele be mianya ame siwo katã le anyigba ma dzi, eye miagbã woƒe legbawo; esiawoe nye woƒe kpe kpakpawo, legba siwo wololo ga tsɔ wɔe kple woƒe mawusubɔƒe siwo wotu ɖe toawo dzi, afi si wosubɔa woƒe legbawo le.
53 你們要佔領那地方,住在那裡,因為我已將那裡給了你們叫你們佔有。
Metsɔ anyigba la na mi. Mixɔe eye mianɔ edzi.
54 你們要按支派抽籤分配那地方:人數多的多給,人數少的少給。誰的籤落在那裡,那裡就屬於他。你們依照宗祖支派分配你們的產業。
Mima anyigba la ɖe miaƒe towo dome ɖe toawo ƒe lolome nu. Midzidze nu ɖe afi si anyigba la lolo le la dzi, amae ɖe to siwo me amewo sɔ gbɔ le la dome, eye miatsɔ teƒe siwo melolo o la ana to suewo.
55 但如果你們不把當地的居民由你們面前驅逐,那留下的居民,必要成為你們的眼中刺,腰間針,在你們住的地方內迫害你們;
“‘Ke ne mienya ame siwo le afi ma o la, wo dometɔ siwo asusɔ ɖe afi ma la, azu dzowɔ aɖo ŋkume na mi kple ŋu anɔ miaƒe axadame.
56 並且我打算了怎樣對待他們,也要怎樣對待你們。」
Ekema matsrɔ̃ mi abe ale si meɖo be matsrɔ̃ woe la ene.’”

< 民數記 33 >