< 民數記 29 >

1 七月初一日,你們應召開聖會,一切勞工都不許做:這是你們應歡呼吹號的日子。
“Woaɖu Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe aɖe gbe ma gbe, eye womawɔ dɔ aɖeke o.
2 應獻給上主馨香的全燔祭,即公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲無瑕疵的公羔羊七隻。
Gbe ma gbe la, miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la awɔ numevɔsa na Yehowa. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo. Vɔsa siawo nye nu siwo dzea Yehowa ŋu.
3 至於同獻的素祭,應是油調的細麵:為每隻公牛犢獻大分之三「厄法」,為每隻公綿羊獻十分之二「厄法」;
Tsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la akpe ɖe nyitsu la ŋu, nàtsɔ wɔ lita ene kple afã akpe ɖe agbo la ŋu,
4 至於七隻公羔羊, 每獻十分之一「厄法」。
eye nàtsɔ wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
5 此外,還應獻一隻公山羊作贖罪祭,為你們贖罪。
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hena avuléle ɖe miawo ŋutɔ ta.
6 除月朔的全燔祭及同獻的素祭,日常全燔祭及同獻的素祭和依禮規應同獻的奠祭外,還應作為中悅上主的馨香火祭。
Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe numevɔ siwo miesana ɖaa la ŋuti gbe ma gbe abe ɣleti yeye ƒe numevɔsa ene. Miawɔ esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, siwo miewɔna kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe ale si seawo xlẽe fia la ene.”
7 七月初十,你們也應召開聖會,苦身克己,一切勞工都不許做。
“Le ŋkeke ewo megbe la, ameawo katã agakpe ta. Ame sia ame abɔbɔ eɖokui le Yehowa ŋkume, eye womawɔ dɔ aɖeke ƒomevi o.
8 應給上主獻馨香的全燔祭:即公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲無瑕疵的公羔羊七隻。
Gbe ma gbe la, miasa numevɔ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
9 至於同獻的素祭,應是油調的細麵:為每隻公牛犢獻十分之三「厄法」,為每隻公綿羊獻十分之二「厄法」;
Sa nuɖuvɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu la ŋu kple wɔ memee lita ene kple afã kpe ɖe agbo la ŋu,
10 至於那七隻公羔羊,為每隻獻十分之一「厄法」。
eye wɔ memee lita eve akpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
11 除贖罪節日的贖罪祭,日常全燔祭及同獻 的素祭和應獻的奠外,還應獻一隻公山羊作贖罪祭。
Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã. Esia akpe ɖe avuléŋkeke la ƒe nu vɔ̃ vɔsa si miesana ƒe sia ƒe le ŋkeke ma dzi la ŋuti, hekpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.”
12 七月十五日,你們也應召開聖會,w勞工都不許做,為上主舉行七天慶節。
“Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe, eye ame aɖeke mawɔ dɔ sesẽ aɖeke o. Esia nye ŋkeke adre ƒe ŋkekenyui si woaɖu le Yehowa ŋkume la ƒe gɔmedzedze.
13 你們應祭全燔祭,作為中悅上主的火祭:即公牛犢十三頭,公綿羊二隻,一歲的公羔羊十四隻。
Miaƒe gbe ma gbe ƒe numevɔsa tɔxɛ la ado dzidzɔ gã ŋutɔ na Yehowa. Miasa vɔ sia kple nyitsuvi wuietɔ̃, agbo eve kple agbovi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
14 至於同獻的素祭,是油調的細麵:十三頭公牛犢,為每頭獻十分之三「厄法」,二隻公綿羊,為每隻獻十分之二「厄法」。
Miatsɔ nu siawo akpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa la ŋu ale: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami la nakpe ɖe nyitsuvi wuietɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee lita ene kple afã nakpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu,
15 十四隻公羔羊,為每隻獻十分之一「厄法」。
eye wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi wuieneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
16 除日常全燔祭及同獻的素祭和奠祭外,還應獻一隻公山羊作贖罪祭。
Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.
17 第二日,應獻公牛犢十二頭,公綿羊二隻,一歲無瑕疵的公羔羊十四隻。
“Le ŋkeke adre Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke evelia gbe la, miatsɔ nyitsu wuieve, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ
18 至於公牛犢、公綿羊和公羔羊應同獻的奠祭和素祭,依數照例奉獻。
kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
19 除日常全燔祭及同獻的素祭和奠祭外,還應獻一隻公山羊作為贖罪祭。
Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋu la, ele be miagatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa akpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.
20 第三日,應獻公牛犢十一頭,公綿羊二隻,一歲無瑕疵的公羔羊十四隻。
“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miatsɔ nyitsuvi wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ. Vɔsalã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo.
21 至於與公牛犢、公綿羊和公羔羊應同獻的素祭和奠祭外,還應獻一隻公山羊作贖罪祭。
Miatsɔ miaƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
22 除日常全燔祭及同獻的素祭和奠祭外,還應獻一隻公山羊作贖罪祭。
Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋuti la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe eŋu.
23 第四日,應獻公牛犢十頭,公綿羊二隻,一歲無瑕疵的十四隻,
“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke enelia dzi la, miatsɔ nyitsuvi ewo, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka la asa vɔe. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
24 至於公牛犢、公綿羊和公羔羊應同獻的素祭和奠祭,依數照例奉獻。
Woatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
25 除日常全燔祭及同獻的素祭和奠祭外,還應獻一隻公山羊作贖罪祭。
Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.
26 第五日,應獻公牛犢九頭,公綿羊二隻,一歲無瑕疵的十四隻。
“Le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, mitsɔ nyitsu asiekɛ, agbo eve kple agbovi wuiene, ɖe sia ɖe si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eŋu o la asa vɔe.
27 至於與公牛犢、公綿羊和公羔羊應同獻的素祭和奠祭,依數照例奉獻。
Sa nyitsuawo, agboawo kple agbovi fɛ̃ ƒe nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ɖe xexlẽme siwo woɖo ɖi la nu.
28 除日常全燔祭及同獻的素祭和奠祭外,還應獻一隻公山羊作贖罪祭。
Kpe ɖe esiawo ŋuti la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa siwo miesana ɖaa la ŋuti abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti.
29 第六日,應獻公牛犢八頭,公綿羊二隻,一歲無瑕疵的十四隻。
“Le Ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adelia gbe la, miasa vɔ kple nyitsu enyi, agbo eve kple alẽvi wuiene siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo le go ɖe sia ɖe me.
30 至於與公牛犢、公綿羊和公羔羊同獻的素祭和奠祭,依數照例奉獻。
Mitsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
31 除日常全燔祭及同獻的素祭外,還應獻一隻公山羊作贖罪祭。
Kpe ɖe esiawo ŋu la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo kple nuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene.
32 第七日,應獻公牛犢七頭,公綿羊二隻,一歲無瑕疵的十四隻。
“Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke adrelia gbe la, misa vɔ kple nyitsu adre, agbo eve kple agbovi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖeka. Vɔsalã siawo nade blibo.
33 至於與公牛犢、公綿羊和公羔羊應同獻的素祭和奠祭,依數照例奉獻。
Mitsɔ vɔsa siawo kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔ me ŋu ɖe ɖoɖo la nu.
34 除日常全燔祭及同獻的素祭和奠祭外,還應獻一隻金山羊作贖罪祭。
Migasa nu vɔ̃ ŋuti vɔ kple gbɔ̃tsu ɖeka kpe ɖe miaƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa kple miaƒe gbe sia gbe ƒe vɔsawo ŋuti.
35 第八日,你們應召開盛會,一切勞工都不許做。
“Le ŋkeke enyia gbe la, ameawo agawɔ takpekpe kɔkɔe. Miawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.
36 應獻全燔祭作為中悅上主的馨香火祭:即公牛犢一頭,公綿羊一隻,一歲無瑕疵的七隻。
Mitsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adre siwo xɔ ƒe ɖeka la sa numevɔ na Yehowa. Vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe nade blibo.
37 至於與公牛犢、公山羊和公羔羊及同獻的素祭和奠祭,依數照例奉獻。
Miawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe nyitsu la, agbo la kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. Vɔsa siawo dzea Yehowa ŋu ŋutɔ.
38 除日常全燔祭及同獻的素祭和奠祭外,還應獻一隻公山羊作贖罪祭。
Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa vɔe kpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe vɔsawo ŋu.
39 這是你們在慶節內,除那些為還願或自願所獻全燔祭、素祭、奠祭及和平祭外,所應獻給上主的祭獻」。
“Ele na mi be miasa vɔ siawo le miaƒe ƒe sia ƒe Ŋkekenyuiɖuɣiwo dzi kpe ɖe miaƒe adzɔgbeɖevɔsawo, lɔlɔ̃nuvɔsawo, numevɔsawo, nuɖuvɔsawo, nunovɔsawo kple ŋutifafavɔsawo ŋu.”
40 梅瑟全照上主所吩咐的一切,教訓了以色列子民。
Ale Mose de se siawo katã na Israelviwo.

< 民數記 29 >