< 那鴻書 1 >

1 關於尼尼微的神諭,厄耳科士人納鴻的神視錄:
Esiae nye nyagblɔɖi si Mawu ɖe fia Nyagblɔɖila Nahum, Elkositɔ, le ŋutega me tso nu si ava dzɔ ɖe Ninive dzi la ŋu, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ sia me.
2 上主是嫉惡和復仇的天主;上主要復仇,且憤恕填胸;上主汐必對敵人復仉,必向仇人洩怒。
Yehowa nye Mawu ʋãŋu kple hlɔ̃biala. Ebiaa hlɔ̃, eye wòyɔ fũu kple dɔmedzoe. Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa dziku ɖi na eƒe futɔwo.
3 上主雖緩於發怒,但能力偉大,衪決不全然免罰;衪的行為是在狂風暴雨中,雲彩是衪腳下的塵埃。
Yehowa medoa dziku kaɖikaɖi o, ŋusẽ triakɔ le esi, eye magbe tohehe na agɔdzela o. Eƒe mɔwo to ahom kple ya sẽsewo me, eye lilikpowoe nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi.
4 衪一呵叱海洋,海洋即枯竭,眾河流也為之乾涸,巴商與加爾默耳於是枯槁,黎巴嫩的花卉也隨之凋謝。
Eblu ɖe atsiaƒu ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo me ƒu kplakplakpla. Basan kple Karmel ƒe lãnyiƒe damawo zu gbegbe, eye Lebanon ƒe ave damawo zu dzogbe.
5 山岳在衪面前震盪,丘陵動搖;大地寰宇及其中所有的居民,在衪面前莫不戰慄。
Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye togbɛwo lolõ gbanaa le eŋkume, anyigba kple edzinɔlawo katã ʋuʋu le eŋkume.
6 誰能抵得住衪的怒氣﹖誰能忍受得住衪的烈怒﹖衪的憤怒如火冒出,連磐石也要在衪面前破碎。
Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu? Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu? Ekɔ eƒe dɔmedzoe ɖe anyi abe dzo ene, eye agakpewo kaka le eŋkume.
7 上主原是良善的,是患難之日的避難所,衪必照顧依賴衪的人;
Yehowa nyo, elabena enye sitsoƒe le xaxa me! Eléa be na ame si xɔa edzi sena.
8 在洪流氾濫時,衪必拯救他們;但對衪的敵人,衪必予以毀滅,將衪的仇人驅入黑暗。
Ke atsrɔ̃ Ninive kple tɔɖɔɖɔ, eye wòanya eƒe futɔwo aɖo ɖe viviti me.
9 尼尼微,你們對上主有什麼圖謀﹖衪必完全予以毀滅,不必二次降災。
Nugbe ɖe sia ɖe si woɖo ɖe Yehowa ŋu la, mana wòadze edzi o, ke boŋ gbegblẽ mava na wo zi evelia o.
10 他們像纏結的荊棘[又像大醉的豪飲者,]必如乾楷全被燒盡。
Woabla wo ɖe ŋuve me, woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu, eye woabi abe gbe ƒuƒu ene.
11 是由你們中間出現了那妄想反抗上主,圖謀惡計的人。
O Ninive, mewòe ame si ɖo nugbe ɖe Yehowa ŋu, eye wòɖo aɖaŋu vlo na amewo la do tso.
12 上主這樣說:「雖然他們裝備齊全而且眾多,但仍要被剷除,歸於烏有。雖然磨難了你,我必不再磨難你。
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Togbɔ be wosɔ gbɔ, eye kpeɖeŋutɔwo le wo si hã la, wo katã woatsrɔ̃, eye wo nu ava ayi. O Yuda, togbɔ be mede abi ŋuwò hã la, nyemagade abi ŋuwò azɔ o.
13 現在我必由你身上打斷他的軛,打碎你的鎖鏈。
Azɔ la, maŋe kɔkuti le wò kɔ, eye matu ka wò tso bablawo me.”
14 尼尼微,上主已對你下了命令:你的名字不再傳於後世;我要把彫像鑄像由你神廟內除去,並使你的墳墓成為辱罵的對象。」
Yehowa de se tso wò Ninive ŋuti be: “Womayɔ wò ŋkɔ ɖe dzidzime aɖeke ŋuti o. Mafli miaƒe aklamakpakpɛwo, eye magbã legba siwo mieli ɖe miaƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me. Maɖe yɔdo na mi, elabena mieganyo na naneke o.”
15 看,那傳報福音,宣侑和平者的腳已站在山上! 猶大,你的慶節,償還你的誓願吧! 因為那惡者不會再由你中間經過,他已全然消滅。
Kpɔ ɖa, dɔlawo tso towo dzi gbɔna kple nya nyui, eye wole gbeƒã ɖem ŋutifafa! O Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiwo, eye nàxe wò adzɔgbeɖefewo. Ame vɔ̃ɖiwo magava aha wò azɔ o, elabena woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.

< 那鴻書 1 >