< 彌迦書 1 >
1 猶大不約堂、阿哈次和希則克雅年間,上主的話傳給摩勒舍特人米該亞;以下如果他關於撒馬黎雅和耶路撒冷所見的聖視:
Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va nɛ le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva nɛ le ŋutega me.
2 眾民族,你們請聽! 大地和充乎其間的萬物,你們側耳傾聽! 吾主上主要作証反抗你們,吾主已離開了衪的聖殿。
Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia, wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa; Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!
3 看,上主已離開自己的居所下降,踏著大地高處前行。
Kpɔ ɖa Yehowa gbɔna tso eƒe nɔƒe! Eɖi tso dzi eye wòzɔ to kɔkɔƒewo le anyigba dzi.
4 在衪腳下,諸山銷鎔,諸谷分裂,有如蠟在火前,有如冰瀉斜坡。
Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.
5 這一切都是因為雅各伯的邪惡,猶大家的罪過。雅各伯的邪惡是什麼﹖不就是撒馬黎雅﹖猶大的罪過是什麼﹖不就是耶路撒冷﹖
Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta, ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta. Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea? Ɖe menye Samariae oa? Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo? Ɖe menye Yerusalem ye oa?
6 我必要使撒馬黎雅變為田野中的廢墟,化為栽植葡萄的園地;我要把她的石頭投入山谷,暴露她的基礎。
“Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo, ale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi gɔ̃ hã. Malɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime eye eƒe xɔwo ƒe agunu adze.
7 她的一切雕像必被打碎;她的一切淫資必被火燒盡;她的一切偶像,我必使之變為廢物,因為偶像是聚合娼妓淫資做成的,將再轉為娼妓的淫資。
Woagbã eƒe legbawo gudugudu eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me. Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã. Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui eye gboloho woagazu.”
8 為此,我要哀號悲鳴,我要赤足裸體而行;哀號若豺狼,悲鳴如駝鳥;
Le esia ta mafa avi ado ɣli; maɖe amama azɔ afɔ ƒuƒlu. Maxlɔ̃ abe amegaxi ene, eye mafa konyi abe adzexe ene,
9 因為撒馬黎雅的創傷無法醫治,且已廷及猶大,逼近我的門口,直達耶路撒冷。
elabena Yuda ka abi makumaku. Abi la keke va ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu ke, va ɖo Yerusalem ŋutɔ gɔ̃ hã.
10 你們在加達不要歡樂,在隨苛要慟哭,在貝特敖斐勒,要輾轉於灰塵之中。
Migaɖe gbeƒãe alo afa avi le Gat o. Ke mibliba mia ɖokuiwo ɖe ke me le Bet Ofra.
11 沙非爾的居民! 人已向你吹起了號角;匝南的居民,不要走出自己的城! 在貝特厄責耳有了哭訴,因為人從你們手中奪去了立足之地。
Mi Safirtɔwo midzo le ŋukpe kple amamanɔnɔ me; mi Zaanantɔwo miadzo o. Bet Ezel le konyi fam eya ta sitsoƒe aɖeke mele esi na mi o.
12 災禍已由上主降於耶路撒冷門前,瑪洛特的居民還怎能希望幸福﹖
Marotɔwo le mɔ kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke, gake vevesese koe le wo lalam, elabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va keke Yerusalem ƒe agbo nu.
13 拉基士的居民,你們要以快馬駕車! 你們是熙雍子女犯罪的開端,因為在你們中間找出以色列罪惡的根源。
Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu. Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò.
14 摩勒舍特加特! 人要給你送來臨別的贈品;阿革齊布家為以色列君王,是一條變幻無常的溪流。
Eya ta miaklã ɖa tso Moreset Gat gbɔ. Akzib ƒe aƒe aflu Israel fiawo.
15 瑪勒沙的居民,征服者還要來你們這裏;的確,以色列的光榮阿杜蘭將要消逝!
Mi ame siwo le Maresa, makplɔ aʋakɔ aƒu mi, woaɖu mia dzi, ale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam.
16 熙雍女子! 妳應為了妳所愛的子女剃頭削髮,並要徹底使妳的頭光禿,有如一隻兀鷹,因為你們已由妳面前被擄去充軍。
Lũ ta kolikoli nàfa konyi elabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe. Lũ ta wòanɔ abe akaga tɔ ene, elabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee.