< 路加福音 18 >

1 穌給他們設了一個比喻,論及人應當時常祈禱,不要灰心。
Gbe ɖeka la, Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehiã be woanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye ɖeɖi megate wo ŋu o.
2 他說:「某城中有一個判官不敬畏天主,也不敬重人。
Egblɔ na wo be, “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o.
3 在那城中另有一個寡婦,常去見他說:請你制裁我的對頭,給我伸冤罷!
Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be, ‘Ɖem le nye ketɔ si me.’
4 他多時不肯;以後想到:我雖不敬畏天主,也不敬重人,
“Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la,
5 只因為這個寡婦常來煩擾我,我要給她伸冤,免得她不斷地來糾纏我。
le ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la nɛ ale be magana be nu nati kɔ nam mlɔeba la le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’”
6 於是主說:你們聽聽這個不義的判官說的什麼!
Aƒetɔ la yi edzi be, “Mise nu si ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ.
7 天主所召選的人,日夜呼籲他,他豈能不給他們伸冤,而遷延俯聽他們嗎﹖
Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa?
8 我告訴你們:他必要快快為他們伸冤,但是,人子來臨時,能在世上找到信德嗎﹖」
Mele egblɔm na mi be aɖe wo enumake. Gake biabia lae nye be nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la metrɔ gbɔ ɖe, ame neni makpɔ siwo ƒe xɔse anɔ te le anyigba dzi?”
9 耶穌也向幾個自充為義人,而輕視他的人設了這個比喻:「
Azɔ Yesu do lo sia na ame siwo dana be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye womekpɔa ame bubu ɖe naneke me o la be,
10 有十個人上聖殿去祈禱:一個是法利賽人,另一個是稅吏。
“Ame eve aɖewo yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa. Ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla aɖe.
11 那個法利賽人立著,心裏這樣祈禱:天主,我感謝你,因為我不像其他的人,勒索、不義、奸淫,也不像這個稅吏。
Farisitɔ la do gbe ɖa be, ‘Meda akpe na Mawu be nyemenye nu vɔ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, vevietɔ abe nudzɔla si le afi mɛ ɖa ene o.
12 我每週兩次禁食,凡我所得的,都捐獻十分之一。
Metsia nu dɔna zi eve le kɔsiɖa ɖeka me, eye metsɔa nye nukpɔkpɔwo ƒe ewolia naa Mawu.’
13 那個稅吏卻遠遠地站著,連舉目望天都不敢,祇是捶著自己的胸膛說:天主可憐我這個罪人罷!
“Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke, eye melɔ̃ be yeawu mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta hegblɔ be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’
14 我告訴你們: 這人下去,到他家裏,成了正義的,而那個人卻不然。因為凡高舉自己的,必被貶抑;凡貶抑自己的,必被高舉。」
Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia nɛ. Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”
15 有人也把嬰兒帶到耶穌跟前,要他撫摸他們;門徒們見了便斥責他們。
Gbe ɖeka la, dzila aɖewo kplɔ wo viwo vɛ be Yesu nada asi ɖe wo dzi ayra wo. Gake esi nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, wonya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.
16 耶穌卻召喚他們說: 「你們讓小孩子們到我跟前來,不要阻止他們! 因為天主的國正屬於這樣的人。
Ke Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame sia tɔgbiwo tɔe nye mawufiaɖuƒe la.
17 我實實在在告訴你們:誰若不像小孩子一樣接受天主的國,決不能進去。」
Le nyateƒe me la, mele egblɔm na mi be ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.”
18 有一個首領問耶穌說:「善師,我要做什麼,才能承受永生﹖」 (aiōnios g166)
Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?” (aiōnios g166)
19 耶穌給他說:「你為什麼稱我善呢﹖除了天主一個外,沒有誰是善的。
Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.
20 誡命你都知道: 不可奸淫,不可殺人,不可偷盜,不可作假見證;應孝敬你的父母。」
Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, ‘Mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò kple bubuawo.’”
21 那人說:「這一切我自幼就都遵守了。」
Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ ɖe se siawo katã dzi tso keke nye ɖevime ke.”
22 耶穌聽後,便向他說: 「你還缺少一樣: 把你一切所有的都變賣了,施捨給窮人,你必有寶藏在天上,然後來跟隨我! 」
Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo, ekema va nàdze yonyeme.”
23 那人聽了這話,異常悲傷,因為他是個很富有的人。
Gake esi ŋutsua se nya sia la, etrɔ dzo nublanuitɔe, elabena kesinɔtɔ gã aɖe wònye.
24 耶穌見他如此,便說:「那些有錢財的人,進入天主的國是多麼難啊!
Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina, eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be wòage ɖe mawufiaɖuƒe la me!
25 駱駝穿過針孔比富有的人進入天主的國還容易。」
Anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado, tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”
26 聽眾遂說:「這樣,誰還能得救呢﹖」
Ame siwo le afi ma se nya si wògblɔ la gblɔ be, “Nenye be esesẽ alea ɖe, ekema ame ka koŋ ate ŋu akpɔ ɖeɖe sia?”
27 耶穌說:「在人所不能的,在天主是可能的。」
Yesu ɖo eŋu be, “Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!”
28 伯多祿說:「看,我們捨棄了我們的一切所有,跟隨了你! 」
Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la, míegblẽ míaƒe aƒewo kple nu sia nu ɖi dze yowòme.”
29 耶穌向他們說:「我實在告訴你們:人為了天主的國捨棄了房屋、或妻子、或父母、或子女,
Yesu ɖo eŋu be, “Esia le eme vavã, eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, srɔ̃a, nɔviawo, dzilawo alo viawo ɖi ɖe mawufiaɖuƒea ta la,
30 沒有不在今世獲得多倍,而在來世獲得永生的。」 (aiōn g165, aiōnios g166)
akpɔ fetu geɖe fifia, eye wòakpɔ agbe mavɔ hã le xexeme si le vava ge la me.” (aiōn g165, aiōnios g166)
31 耶穌把那十二人帶到一邊,對他們說:「看! 我們上耶路撒冷去,凡藉先知所寫的一切,都要成在人子身上:
Azɔ Yesu yɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la, míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la, nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso Amegbetɔ Vi la ŋu la le eme va ge.
32 祂要被交於外邦人,要受戲弄、侮辱及唾污。
Woatsɔm ade asi na Ame siwo menye Yudatɔwo be woaɖu fewu le ŋunye, ado ŋukpem nyuie, woaɖe ta ɖe ŋunye,
33 人在鞭打祂之後,還要殺害祂;但第三天祂要復活。」
aƒom, eye woawum. Eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ tso ku me.”
34 這些話他們一點也不懂,這話為他們是隱祕的;祂所說的事他們也不明白。
Nusrɔ̃lawo mese eƒe nya siwo wògblɔ la ɖeka pɛ hã gɔme o, elabena edze abe ele nu ƒom na wo le lododo me ene.
35 耶穌將近耶里哥時,有一個瞎子坐在路旁討飯,
Esi wote tu Yeriko la, wokpɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe wònɔ mɔ to nɔ nu biam le mɔzɔlawo si.
36 聽見群眾路過,便查問是什麼事。
Esi wòse ameha ŋkɔ wòva yina la, ebia be wòagblɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la na ye.
37 有人告訴他:是納匝肋人耶穌經過。
Wogblɔ nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.”
38 他便喊叫說:「耶穌,達味之子,可憐我罷!」
Ale wode asi ɣlidodo me be, “Yesu David Vi la, kpɔ nye nublanui!”
39 前面走的人就責斥他,叫他不要出聲;但他越發喊叫說:「達味之子,可憐我罷!」
Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la blu ɖe eta be wòazi ɖoɖoe, gake ɖeko wògado ɣlia sesĩe wu be, “David Vi, kpɔ nye nublanui.”
40 耶穌站住,叫人把他帶到自己跟前來;當他來近時,耶穌問說:
Esi Yesu va ɖo afi si wònɔ la, etɔ, eye wògblɔ be, “Mikplɔ ŋkuagbãtɔ ma va afii.”
41 「你願意我給你做什麼﹖」他說:「主,叫我看見。」
Esi wòva la, Yesu biae be, “Nu ka dim nèle tso asinye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ nu!”
42 耶穌給他說:「你看見罷!你的信德救了你。」
Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo wò ŋkuwo neʋu nakpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.”
43 他立刻看見了,遂跟隨著耶穌,光榮天主。所有的百姓見了,也都頌揚天主。
Ŋutsua de asi nukpɔkpɔ me enumake, eye wòdze Yesu yome henɔ Mawu kafum. Ame siwo katã kpɔ nu si dzɔ la hã kafu Mawu.

< 路加福音 18 >