< 利未記 15 >

1 上主訓示梅瑟和亞郎說:」
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
2 你們告訴以色列子民說:幾時一個男人身患淋病,淋病使他不潔。
“Migblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, eŋuti mekɔ o.
3 淋病使人不潔的光景是這樣:不論他身體常流淋液,或有時止住,他總是不潔的。
Ne afua le dodom alo ne enu tso hã la, ŋutsu la ŋu mekɔ o.
4 凡有淋病的人睡過的床,即染上不潔;凡他坐過之物,即染上不潔。
“‘Abati si dzi wòmlɔ kple nu si dzi wònɔ hã ŋu mekɔ o,
5 凡人摸了他的床,這人應洗滌自己的衣服,用水洗澡,直到晚上是不潔的;
eya ta ame si ka asi ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi.
6 誰坐了淋病人坐過之物,該洗自己的衣服,用水洗澡,直到晚上是不潔的;
Ame si nɔ zikpui si dzi ŋutsu si ŋu mekɔ o nɔ la hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi.
7 誰摸了淋病人的身體,應洗滌自己的衣服,用水洗澡,直到晚上是不潔的。
“‘Ame si ka asi ŋutsu si le afu ɖɔm ŋuti la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi.
8 若有淋病的人,在潔淨人身上吐了唾沫,這人就應洗滌自己的衣服,用水洗澡,直到晚上是不潔的。
“‘Ne ŋutsu si le afu ɖɔm ɖe ta ɖe ame si ŋuti kɔ ŋu la, ele na ame ma be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ.
9 凡有淋病的人坐過的鞍子,即染上不潔。
“‘Nu sia nu si dzi afuɖɔla la anɔ ne ele sɔ dom la, ŋuti mekɔ o,
10 誰摸了他身下的任何東西,直到晚上是不潔的;誰攜帶了這些東西,該洗滌自己的衣服,用水洗澡,直到晚上是不潔的。
eye ame si aka asi nu siwo dzi wònɔ do sɔ la dometɔ aɖe ŋu la ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. Nenema ke ame si fɔ nuawo hã la ŋuti mekɔ o va se ɖe fie; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi.
11 若有淋病的人,沒有用水洗手接觸了人,這人就應洗滌自己的衣服,用水洗澡,直到晚上是不潔的。
“‘Ne ŋutsu si ŋu mekɔ o, meklɔ asi hafi ka asi ame aɖe ŋu o la, ele na amea hã be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
12 凡有淋病的人摸過的陶器,都應打破,任何木具,都應用水洗淨。
“‘Ele be woagbã ze si ŋu ŋutsu la ka asii, eye woaklɔ atinu si ŋu wòka asii.
13 幾時有淋病的人治好不流了,他應計算七天為取潔期,洗滌自己的衣服,用活水洗身,然後就潔淨了。
“‘Ne ŋutsu aɖe ŋu kɔ tso afuɖɔɖɔ me la, nexlẽ ŋkeke adre hena eƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu, nenya eƒe awuwo eye wòale tsi nyuie ekema eŋuti akɔ.
14 到第八天,應拿兩隻斑鳩或兩隻雛鴿,來到上主面前,再會幕門口,交給司祭。
Le ŋkeke enyia gbe la, alé akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, ado ɖe Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla la.
15 司祭應奉獻一隻作贖罪祭,另一隻作全番祭。這樣司祭就替他在上主面前,為他的淋病行了贖罪禮。
Nunɔla la atsɔ akpakpawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòatsɔ evelia asa numevɔ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le afu si wòɖɔ la ta.
16 人若遺精,應用水洗淨全身,直到晚上是不潔的。
“‘Ɣe sia ɣi si ŋutsu aɖe anye tsi la, ele nɛ be wòale tsi nyuie, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
17 凡沾有精異得衣服或皮物,應用水洗淨,直到晚上是不潔的。
Ele be wòanya nudodo alo ayi si ŋu ŋutsu ƒe tsi la ka la kple tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
18 男女同房媾精,兩人都應用水洗澡,直到晚上是不潔的。
Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe gbɔ la, ele be wo ame eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
19 女人幾時行經,有血由她體內流出,她的不潔期應為七天;誰接觸了她,直到晚上是不潔的。
“‘Ne nyɔnu aɖe kpɔ dzinu la, eŋu mekɔ o va se ɖe esime ŋkeke adre nava yi. Le ɣeyiɣi sia me la, ame sia ame si ka asi eŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
20 她不潔期內,凡她臥過之處,都染上不潔,凡她坐過之處,也染上不潔;
“‘Nu sia nu si dzi wòamlɔ alo anɔ le ɣe ma ɣi me la ŋuti mekɔ o.
21 凡摸過她床榻的,應洗滌自己的衣服,用水洗澡,直到晚上是不潔的;
Ame sia ame si ka asi eƒe abati ŋu la anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
22 凡摸過她坐過之物,應洗滌自己的衣服,用水洗澡,直到晚上是不潔的;
Ame sia ame si ka asi eƒe nunɔdzi aɖe ŋu la, anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
23 誰若摸了她床上,或她坐過之物上的東西,直到晚上是不潔的;
Eɖanye abati o, eɖanye nu si dzi wònɔ o, ne ame aɖe ka asi eŋu ko la, amea ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.
24 若男人與她同房,也沾染上她的不潔,七天之久,是不潔的;凡他臥過的床,也染上不潔。
“‘Ŋutsu si adɔ nyɔnu sia gbɔ le eƒe asiɖoanyiɣi, eye ʋua ƒe ɖe ka eŋu la, eŋuti makɔ o hena ŋkeke adre, eye abati ɖe sia ɖe si dzi wòamlɔ la ŋu makɔ o.
25 女人若在經期外,多日流血;或者,她流血超過了她月經的日期,在流不潔之物的整個時期內,她如在經期內一樣不潔。
“‘Ne gbɔtotsitsi la xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòxɔna tsã alo wòva le ɣeyiɣi trama aɖe dzi le ɣletia me la, ekema nyɔnu la ŋuti mekɔ o, zi ale si ʋu la le dodom abe ale si wònɔna ne wòɖo asi anyi ene.
26 凡她流血期內所臥過的床,就如在經期臥過的床依樣染上不潔;凡她坐過之物,就如她經期內所坐過之物一樣,染上不潔。
Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o.
27 誰若摸了,就染上不潔,應洗滌自己的衣服,用水洗澡,直到晚上是不潔的。
Ame sia ame si ka asi eƒe abati alo nu si dzi wònɔ ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.
28 幾時她治好不流了,她應計算七天,為取潔期。
“‘Ne gbɔtotsitsi sia nu tso, eye ŋkeke adre va yi la, ekema eŋuti kɔ azɔ.
29 到第八天,應拿兩隻斑鳩或兩隻雛鴿,來到會幕門口交給司祭;
Le ŋkeke enyia gbe la, nyɔnu la atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ayi na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu.
30 司祭應奉獻一隻作贖罪祭,另一隻作全番祭:這樣司祭就替她在上主面前,為她所流的不潔之物行了贖罪禮。
Nunɔla la atsɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, atsɔ evelia asa numevɔ, eye wòalé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume le ale si gbɔtotsitsi na eŋu mekɔ o la ta.
31 你們應叫以色列子民戒避他們的不潔,免得他們因不潔,玷沾汙了我在他們不中的住所,而遭受死亡。
“‘Ale ne Israelviwo ŋu mekɔ o la, miakɔ wo ŋuti; ne menye nenema o la, woagblẽ kɔ ɖo na nye Agbadɔ si le wo dome, eye woaku.’”
32 這是有關因淋病,或遺精沾染不潔的人,
Eya ta esiae nye se na ŋutsu si le afu ɖɔm kple ŋutsu si nye tsi, eye eŋu mekɔ o,
33 和行經的婦女,即有關任何遺漏的男女,以及與不潔的女人同房的男人的法律。」
kple se le nyɔnuwo ƒe gbɔtotsitsi ŋu kple se na ŋutsu si adɔ nyɔnu si tsi gbɔto, eye eŋu mekɔ o la gbɔ.

< 利未記 15 >