< 耶利米哀歌 1 >

1 以色列被虜充軍以後,耶路撒冷成了一片荒涼,耶肋米亞痛哭流淚的坐著唱了這篇哀歌,憑弔耶路撒冷,嗚咽說:怎麼! 這個人煙稠密的京都,卻孤坐獨處! 從前是萬民的主母,現在好像成了寡婦;往日是諸郡的王后,如今竟然成奴僕!
“Aleke du si yɔ fũu kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale! Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ abe ahosi ene! Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe.
2 她夜間痛哭飲泣,眼淚流滿雙頰;她所有的愛人,卻沒有一個前來安慰她;她的親友都背棄了她,成了她的冤家!
“Ele avi fam hehehe le zã me eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo.
3 猶大已經流亡遠去,備受壓迫奴役;散居在異民中間,再不得安息;她處於絕境之中,所有迫害她的人,盡來相逼!
“Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la, Yuda yi ɖe aboyo me. Ele dukɔwo dome gake mekpɔ gbɔɖemeƒe o. Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me.
4 熙雍的到街道悲慘淒涼,因無人前來過節! 她的城門零落蕭條,司祭哀嘆,處女惆悵;她已憂苦備嘗!
“Zion mɔwo le konyi fam elabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖe eƒe azãwo ɖuƒe o. Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem. Eƒe ɖetugbiwo le konyi fam eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me.
5 她的敵人得了優勢,仇人獲得勝利,都因她犯罪多端,而遭受了上主的懲罰;她的幼兒被擄去,在敵人面前作囚徒。
“Eƒe futɔwo zu edziɖulawo eye eƒe ketɔwo ɖe dzi ɖi. Yehowa do hiã nɛ le eƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta. Viawo yi ɖe aboyo me, eye wozu aʋaléleawo le futɔwo ŋgɔ.
6 一切華麗,已經都由熙雍女郎身上消失;她的首長好像找不到牧場的公羊,受追逐者驅使,無力前行。
“Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu. Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o, eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene.
7 耶路撒冷在困苦和患難的時日,回憶昔日享有的一切榮華;現在呢﹖當她的人民陷入敵人手中時,竟然沒有人來施救! 仇人看見了她,都嘲笑她的滅亡。
“Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔ esi le blemaŋkekewo me la dzi, le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me. Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la, ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta.
8 耶路撒冷犯罪作惡,因而成了可憎惡的;昔日尊重她的人,今日一見到她的裸體,都予以輕視;而她自己只有飲泣,轉身退去。
“Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ. Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi, elabena wokpɔ eƒe amame, eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo.
9 她的污穢沾滿了她的衣裙,她從未想到會有如此的結局,以致一落千丈,卻沒有人安慰。「上主,求你憐視我的痛苦,因為敵人正在意氣高揚。
“Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto, elabena mebu etsɔ me kpɔ o. Eƒe anyidzedze wɔ nuku eye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. “O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖa elabena ketɔ la ɖu dzi.”
10 暴徒伸手劫掠了她所有的珍寶:你雖然嚴禁異民進入你的集會,她卻眼看著他們闖進聖所。
Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ; ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo, ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o la ge ɖe wò kɔkɔeƒe la.
11 她所有的人民都在嘆息,搜求食糧;而應交出珍寶,換取食物,以維持生活。上主,求你垂視眷顧,我怎樣受人輕慢! 」
Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe, wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe. “O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa.”
12 一切過路的人啊! 請你們細細觀察,看看有沒有痛苦能像我所受的痛苦﹖因為上主在他盛怒之日,折磨了我!
“Mi ame siwo katã to afi ma yi, ɖe mewɔ naneke na mi oa? Mitsa ŋku miakpɔe ɖa! Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye, esi Yehowa he va dzinye le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea?
13 他從上降下火來,深入我的骨骸;他在我腳下設下羅網,使我陷落;他使我終日孤寂,惆悵不已。
“Eɖo dzo ɖa tso dziƒo, ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo eye wògbugbɔm ɖe megbe. Ewɔm mezu gbegbe heku ƒenyi ŋkeke blibo la katã.
14 上主親手把我罪過的軛,緊縛在我的頸上,使我筋疲力竭;他將我交於我不能抵抗的人手中。
“Ebla nye nu vɔ̃wo abe kɔkuti ene, etsɔ eƒe asiwo lɔ̃e wode nu wo nɔewo me. Woɖiɖi ɖe nye kɔʋume eye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa. Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o.
15 上主拋棄了我中間的勇士,召集盛會,與我為敵,粉碎我的精銳;上主好像踐踏酒醡一樣,踐踏原是處女的猶大女郎。
“Aƒetɔ la gbe nu le kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ, eɖo aʋakɔ ɖa be woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya. Le eƒe wainfiaƒe, Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo.
16 我之所以痛苦,滿眼流淚,是因為鼓舞我心靈的安慰者,已經離我遠去;我的子女已經孤獨無援,而敵人卻正在得勢。
“Esia ta mefa avi eye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo. Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam o eye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o. Vinyewo zu hiãtɔwo elabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.”
17 熙雍雖然伸開雙手,卻無人予以安慰;上主召喚四周的人與雅各伯為敵;耶路撒冷在人眼中,成了可憎的污穢之物。
Zion ke eƒe abɔwo me gake ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu be eƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwo eye Yerusalem va zu ŋunyɔnu le wo dome.
18 唯有上主是公義的,因為我違背了他的訓示。一切民族! 請你們聽一聽,看一看我的痛苦我的處女和壯丁,都已充軍去了。
“Yehowa le dzɔdzɔe, gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu. Miɖo to, mi amewo katã, mikpɔ nye fukpekpewo ɖa. Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katã yi aboyo me.
19 我向愛人求救,但他們都捨棄了我,我的司祭和長老,雖然尋覓食糧以求活命,但他們卻在城中氣絕喪命。
“Meyɔ xɔ̃nyewo gake woflum. Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa tsrɔ̃ le dua me esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim be woaɖu atsi agbe.
20 上主,求你憐視,因為我實在痛苦:五內恐懼,心如倒懸,因為我常背命頑抗。外邊有刀劍使我喪子,在家裏有人死亡。
“O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa! Nye ameti blibo la metɔtɔ eye nye dzi hã le fu ɖem nam elabena medze aglã vevie. Yi le nu gblẽm le gota; eye le eme la, ku koe li.
21 人們都聽到我嘆息,卻沒有人安慰我;仇人聽到我遭難,無不慶幸你的所為;但是到了你所規定的日子,他們必然與我相同。
“Amewo se nye ŋeŋe gake ame aɖeke meli afa akɔ nam o. Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔ eye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta. Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la nava be woawo hã nanɔ abe nye ene.
22 願他們的罪惡擺在你眼前! 你怎麼為了我的各種罪惡,對待了我,也願怎樣對待他們! 因為我履次嘆息,我的心已萎靡不振。
“Na be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me; wɔ na wo abe ale si nèwɔm le nye nu vɔ̃wo katã ta la ene. Nye hũuɖeɖe sɔ gbɔ eye nu te nye dzi ŋuti.”

< 耶利米哀歌 1 >