< 士師記 17 >

1 厄弗辣因山地有一個人,名叫米加,
Ŋutsu aɖe nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi, eŋkɔe nye Mika.
2 他對自己的母親說:「有人拿去你那一千一百銀錢,對這事你曾起過誓,我也親自聽見你說:我要親手把這項銀錢奉獻給上主,為我兒做一尊神像。看,銀錢在這裏,是握拿了;如今還給你! 」
Gbe ɖeka la, Mika gblɔ na dadaa be, “Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa si nèbe ame aɖe fi, eye nèle fi ƒom le amea dem lae nye esi. Nyee fii.” Dadaa gblɔ nɛ be, “Mawu nayra wò le ale si nèʋu eme nam la ta.”
3 他的母親就說:「願我兒蒙上主祝福! 」於是米加就把一千一百銀錢還給他的母親。
Mika trɔ ga la na dadaa eye dadaa gblɔ nɛ be, “Makɔ ga la ŋu atsɔ na Aƒetɔ la ɖe tawò. Mana woawɔ aklamakpakpɛ aɖe na wò eye woafa klosalo ɖe eŋu.”
4 當他把銀錢還給他的母親以後,她的母親便拿出兩百銀子給了銀匠,請他製造一尊神像,安放在米加的家裏。
Dadaa tsɔ klosalo alafa eve na klosaloɖaŋuwɔla aɖe wòwɔ aklamakpakpɛ aɖe da ɖe Mika ƒe aƒe me.
5 於是米加為這尊神像蓋了一座神廟。又做了「厄弗得」和「忒辣芬,」委派自己的一個兒子充任司祭。
Legba la ƒe ha ƒomevi vovovowo nɔ Mika si eye wòtsɔ via ɖeka ɖo wo nunɔlae.
6 當時在以色列沒有君王,各人任意行事。米加收肋未為司祭
Le ŋkeke mawo me la, fia aɖeke menɔ Israel o eya ta ame sia ame wɔa nu sia nu si dze eŋu.
7 當時有一個少年,他是個肋未人,從猷大白冷,即從猷大支派來到那裏作客。
Ɖekakpui aɖe si nye Levitɔ la nɔ Betlehem le Yuda,
8 這人離開猷大白冷,想找一個可寄居的地方;當他旅行的時候,來到厄弗辣因山地,米加的家旁,
edzo le Betlehem be yeadi teƒe bubu aɖe anɔ. Le eƒe mɔzɔzɔ me la, eva ɖo Mika ƒe aƒe me le Efraim ƒe tonyigba dzi.
9 米加問他說:「你從那裏來﹖」他回答說:「我是個肋未人,由猷大白冷來,想找一個可寄居的地方。」
Mika biae be, “Afi ka nètso?” Amedzro la ɖo eŋu be, “Levitɔe menye metso Betlehem le Yuda, mele teƒe nyui aɖe dim manɔ.”
10 米加就對他說:「你住在我這裏罷! 作我的師傅和司祭,我每年給你十塊銀錢,還照管你的吃穿。」米加挽留那肋未人,
Mika gblɔ nɛ be, “Nɔ gbɔnye eye nànye fofo kple nunɔla nam. Mana klosalo ewo wò ƒe sia ƒe hekpe ɖe wò nudodo, nuɖuɖu kple dɔƒe ŋu.” Levitɔ la lɔ̃ eye wòtsi anyi.
11 他遂同意住在米加那裏,他看待這少年好似自己的兒子。
Enɔ na Mika abe via ŋutsuwo dometɔ ɖeka ene.
12 米加又委任了這肋未人,這人遂作了他的司祭,住在米加家中。
Mika kɔ ɖekakpui la ŋu eye wòzu nunɔla nɛ.
13 於是米加說:「如今我知道上主必施恩於我,因為有位肋未人作了我的司祭。」
Mika gblɔ be, “Menyae be Yehowa ayram azɔ elabena Levitɔ aɖee nye nunɔla le nye aƒe me.”

< 士師記 17 >