< 約書亞記 1 >

1 上主的僕人梅瑟死了以後,上主對農的兒子,梅瑟的待從若蘇厄說:
Le Yehowa ƒe dɔla, Mose ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Yosua, Nun ƒe vi, ame si nye Mose ƒe kpeɖeŋutɔ la bena,
2 「我的的僕人梅瑟死了,你現在起來,和全體百姓萵約旦河,往我賜給他們,即以色列子民的地方去。
“Nye dɔla, Mose ku. Azɔ la wò kple dukɔ blibo la, midzra ɖo miatso Yɔdan tɔsisi la ayi ɖe anyigba si mele Israelviwo nam la dzi.
3 凡你們的腳踏過的地方,照我對梅瑟說的,我必賜給你們;
Matsɔ teƒe sia teƒe si miaɖo afɔe la ana mi abe ale si medo ŋugbee na Mose ene.
4 從曠野直到黎巴嫩,由大河,即幼發拉的河,赫特人的全境,直到大海日落之地,都是你們的領土。
Miaƒe anyigba la akeke tso gbegbe la va ɖo Lebanon, tso Frat tɔsisi gã la to ava to Hititɔwo ƒe anyigba la katã dzi va se ɖe Domeƒu la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
5 你有生之日,沒有人能抵抗你;過去我怎樣和梅瑟同在,也要怎樣和你同在,決不捨棄你。
Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o.
6 你應勇敢果斷,因為你必須使這百姓,佔領我曾向他們祖先起誓賜給他們作產業的地方。
“Lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ kalẽ, elabena wòe akplɔ nye amewo woaxɔ anyigba si ŋuti meka atam ɖo na mia fofowo be matsɔ na wo abe domenyinu ene.
7 你只須勇敢,堅決果斷,不偏左右,謹守奉行我僕人梅瑟所吩咐你們的一切訓示,好使你無往不利。
Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi.
8 這部法律書總不要離開你的口,你要日夜默想,好叫你能謹守奉行其中所記載的一切;這樣,你必能順利,必能成功。
Mègana Segbalẽ sia nado le wò nu me o, de ŋugble le eŋu zã kple keli be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi nyuie. Ekema dzɔgbenyui kple dzidzedze anɔ wò mɔ dzi.
9 我不是吩咐了你,你應勇敢果斷嗎﹖所以你不要害怕,也不要膽怯,因為你無論到那裏,上主你的的天主必與你同在。」
Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi.”
10 以後若蘇厄向百姓的官長下令說:
Azɔ Yosua gblɔ na aʋakplɔlawo be,
11 「應走遍全營,吩咐百姓說:你們應準備食物,因為還有三天,就要過這約旦河,去佔領上主你的的天主賜與你的作產業的土地。
“Mizɔ to asaɖa la me, eye miagblɔ na ameawo be, ‘Midzra miaƒe nuwo ɖo, elabena le ŋkeke etɔ̃ megbe la, miatso Yɔdan tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam be wòanye mia tɔ.’”
12 若蘇厄又對勒烏本人、加得人和默納協半支派的人說:
Yosua gblɔ na Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe to ƒe afã bena,
13 「你們應記起上主的僕人梅瑟吩咐你的的事。他說過:上主你的的天主將這地賜給你們,使你們獲得安居,
“Miɖo ŋku nya si Mose, Yehowa ƒe dɔla gblɔ na mi la dzi. Egblɔ na mi be, ‘Yehowa, miaƒe Mawu la na anyigba mi le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo,
14 你們的婦孺和牲畜,可留在梅瑟在約旦河東賜你的的地方;但你們中所有的英勇戰士,都應武裝起來,在你們弟兄前過河,協助他們,
eya ta mia srɔ̃wo kple mia viwo kple miaƒe lãwo atsi afi sia. Ke ele na miaƒe aʋawɔlawo be woabla akpa, akplɔ ame bubuawo atso tɔsisi lae, akpe ɖe wo ŋu be, woaxɔ anyigba si le tɔsisi la godo.
15 到直上主使你們的弟兄,像你們一樣,佔領了上主你們的天主,賜給他們作為產業的地方,即上主的僕人梅瑟在約旦河東,日出之地,賜予你們的地方。
Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’”
16 他們回答若蘇厄說:「凡你命令我們的,我們必都照辦;凡你派我們去的地方,我們一定去。
Ameawo lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye woka ɖe edzi na Yosua be, “Míawɔ nu sia nu si nàgblɔ na mí, eye míayi afi sia afi si nàɖo mí ɖo la.
17 我們在一切事上怎樣服從了梅瑟,也怎樣服從你;惟願上主你的的天主與你同在,如同與梅瑟同在一樣。
Abe ale si míeɖo to Mose le nu sia nu me ene la, nenema tututu míaɖo to wò hã. Yehowa, wò Mawu la nanɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple Mose ene.
18 無論誰違背你的命令,不服從你吩咐他的一切訓示,必處死刑。但你應該勇敢果斷。」
Ame sia ame, ame ka kee wòɖanye o, si atsi tsitre ɖe wò sewo ŋu la aku godoo, eya ta tsɔ dzideƒo kple ŋusẽ nàkplɔ mí ayii!”

< 約書亞記 1 >