< 約書亞記 4 >

1 當百姓一過了約旦河,上主就吩咐若蘇厄說:
Esi ameawo katã tso tɔsisi la dedie la, Yehowa gblɔ na Yosua bena,
2 「你該由百姓中,挑選十二人,每支派一人,
“Tia ame wuieve tso Israel dukɔ la me, ame ɖeka tso to ɖe sia ɖe me,
3 命令他們說:你們要從這裏,從約旦河中,由司祭的腳站立的地方,取十二塊石頭,帶到你們今夜住宿的地方去。」
eye nàgblɔ na wo be: woatsɔ kpe wuieve tso teƒe si tututu nunɔlaawo tsi tsitre ɖo le Yɔdan tɔsisi la titina; woatsɔ kpe wuieve siawo ayi ɖe teƒe si miaƒu asaɖa anyi ɖo le zã sia me.”
4 若蘇厄於是將他由以色列子民中選定的十二人,每支派一人召了來,
Ale Yosua yɔ ame wuieve siwo wòtia tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me,
5 對他們說:「你們由上主你們天主的約櫃面前走過到約旦河中心,依照以色列子民支派的數目,各取一塊石頭,放在肩上,
eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yɔdan tɔsisi la titina, afi si nubablaɖaka la le; mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta tso afi ma. Kpeawo ƒe xexlẽme nanɔ wuieve, ɖeka ɖe to wuieveawo dometɔ ɖe sia ɖe nu.
6 在你們中閶作為記念;日後你們的子孫間起你們:這些石頭有什麼意思﹖
Mitsɔ wo tu ŋkuɖodzikpe ale be ne mia viwo abia mi gbe aɖe gbe be, ‘Nu kae ŋkuɖodzikpe sia le fiafiam mahã?’ la,
7 你們要告訴他們說:約旦河的水,在上主約櫃前曾一度中斷,正在約櫃過約旦河時,約旦河的水便中斷了,這些石頭,為以色列子民將作永遠的記念。
miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.”
8 以色列子民就照若蘇厄所吩咐的作了;依上主對若蘇厄所說的,依照以色列子民支派的數目,由約旦河中心取了十二塊石頭,搬到他們紮營的地方,把石頭放在那裏。
Israelviwo wɔ abe ale si Yosua ɖo na wo ene pɛpɛpɛ. Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la titina, kpe ɖeka ɖe to ɖeka ɖe sia ɖe nu, abe ale si Yehowa ɖo na Yosua ene tututu. Wokɔ kpeawo yi afi si woƒu asaɖa anyi ɖo le zã ma me hewɔ ŋkuɖodzikpe aɖe ɖe afi ma.
9 若蘇厄又在約旦河中心,抬約櫃的司祭的腳站立的地方,豎立了十二塊石頭,這些石頭直到今天,還留在那裏。
Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe.
10 抬約櫃的司祭站在約旦河中央,直至上主命令若蘇厄告訴百姓的一切事,全照梅瑟吩咐若蘇厄的辦完了,百姓才趕快過去。
Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me.
11 眾百姓過了河以後,上主的約櫃和司祭才過去,仍走在百姓的前面。
Esi ameawo katã tso tɔsisi la la vɔ la, nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la tso tɔʋu la me va wo gbɔ le godzi, eye wodze ŋgɔ na wo.
12 勒烏本人、加得人和默納協半支派的人,依照梅瑟對他們所吩咐的,武裝起來,在以色列子民前首先過去;
Ŋutsu siwo tso Ruben kple Gad ƒe towo me kple Manase ƒe to afã me la bla akpa na aʋawɔwɔ, eye wodze ŋgɔ na Israelviwo abe ale si Mose ɖo na wo ene.
13 約有四萬武裝部隊由上主面前走過,向耶利哥平原進發,準備作戰。
Aʋawɔlawo abe ŋutsu akpe blaene ene tso eme le Yehowa ŋkume yi gbedzi le Yeriko lɔƒo.
14 那一天,上主在眾以色列面前,顯揚了若蘇厄;在他有生之日,百姓敬重他如敬梅瑟一樣。
Gbe ma gbe nye ŋkeke gã aɖe na Yosua, elabena Yehowa de bubu gã aɖe eŋu le Israelviwo katã ŋkume. Ale wobui, eye wovɔ̃e abe Mose ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
15 上主吩咐若蘇厄說:
Yehowa gblɔ na Yosua be
16 「你命令抬約櫃的司祭,由約旦河裏上。」
wòaɖe gbe na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woado go le Yɔdan tɔsisi la me.
17 若蘇厄便吩咐司祭說:「你們由約旦河裏上來。」
Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe nya sia dzi,
18 抬上主約櫃的司祭由約旦河裏一上來,他們的腳一著旱地,約旦河的水即刻流回原處,如同先前一樣,漲到兩岸。
eye esi nunɔlawo ɖo afɔ tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi ko la, tɔsisi la gade asi sisi me, eye wògagbagba ɖe eƒe gowo dzi abe tsã ene.
19 正月初十,百姓由約旦河上來以後,在耶利哥東邊的基耳加耳紮了營。
Nukunu sia va eme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi. Gbe ma gbe la, Israel dukɔ blibo la tso Yɔdan tɔsisi la, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yeriko ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
20 若蘇厄將從約旦河取來的那十二塊石頭,立在基耳加耳;
Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la me tu ŋkuɖodzikpe ɖe afi ma.
21 然後吩咐以色列子民說:「日後你們的子孫,若問他們的父老說:這些石頭有什麼意思﹖
Yosua gaɖe nu si ŋkuɖodzikpe la le fiafiam la gɔme na Israelviwo hegblɔ be, “Ne mia viwo va bia mi gbe aɖe gbe be nu ka ta kpe siawo le afi sia ɖo, eye nu ka fiam wole hã la,
22 你們就告訴你們的子孫說:以色列曾在這旱地上過弓約旦河,
miagblɔ na wo be kpe siawo le ŋku ɖom nukunu gã si dzɔ esime Israel dukɔ la zɔ ƒuƒuiƒe hetso Yɔdan tɔsisi la dzi!
23 因為上主你們的天主,曾在你們的面前使約旦河水乾涸,直到你們都過了河,正如上主你們的天主,在我們面前使紅海乾涸,直到我們都過了海一樣,
Migblɔ ale si Yehowa, míaƒe Mawu la na tɔsisi la mie le mía ŋkume, eye wòna wònɔ miemie nenema va se ɖe esime mí katã míetso tɔsisi la! Nenema tututue Yehowa wɔ na mi esi mieva ɖo Ƒu Dzĩ la to ƒe blaene nye esi va yi!
24 為叫地上萬民認識上主的手如何強而有力,為叫你們從此時常敬畏上主,你們的天主。」
Ewɔ esia ale be, xexemedukɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ale be mí katã míavɔ̃e tegbee.”

< 約書亞記 4 >