< 約書亞記 14 >

1 以下是以色列子孫在客納罕地所得的產業,那是司祭厄肋阿責爾和農的兒子若蘇厄,以及以色列子孫各支派的族長給他們劃分的,
Esiae nye ale si woma Kanaanyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na Israelviwoe. Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun ƒe vi kple Israel ƒe towo ƒe ƒomewo ƒe kplɔlawo ma anyigba la na ameawo.
2 按照上主藉梅瑟吩咐的,以抽籤方式將土地分給又個支派,
Abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la, woda akɔ hena anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la mama ɖe Israel ƒe to asiekɛ kple afã mamlɛawo dome.
3 因為梅瑟在約旦河東,已將產業分給了另兩個支派;在他們中只沒有給肋未人分配產業。
Mose tsɔ to eve kple afã ƒe domenyinu na wo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, ke mena domenyinu aɖeke Levitɔwo ɖe ame bubuawo dome o,
4 實際上,若瑟的子孫形成了兩個支派,即默納協和厄弗辣因。雖沒有分配給肋未人產業,卻給了他們一些城市作住所,和城郊草地,為牧放他們的的牲畜和羊群。
elabena Yosef ƒe viwo va zu to eve, siwo nye Manase kple Efraim. Womema anyigba na Levitɔwo o, ke boŋ du siwo me woanɔ kple lãnyiƒewo ko wona wo.
5 上主怎樣吩咐梅瑟,以色列子民便怎樣進行劃分土地。
Ale wowɔ se si Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ le anyigba la mama me.
6 猶大的子孫來到基加耳見若蘇厄時,刻納次族耶孚乃的兒子加肋布對若蘇厄說:「上主在卡德士巴爾乃亞,關於你和我對天主的人梅瑟所說的話,你是知道的。
Kaleb nɔ ŋgɔ na ame dɔdɔ aɖewo tso Yuda ƒe to la me, eye wova Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb Kenizitɔ gblɔ na Yosua be, “Èɖo ŋku nya si Yehowa gblɔ na Mose tso nye kple wò ŋu esime míenɔ Kades Barnea la dzia?
7 當上主的僕人梅瑟從卡德士巴爾乃亞,派我去偵探這地方時,我正十四歲,我全按我的良心回報了衪。
Mexɔ ƒe blaene ɣe ma ɣi. Mose dɔ mí tso Kades Barnea be míatsa ŋku le Kanaanyigba la dzi. Esi míegbɔ la, megblɔ nu si mekpɔ tututu la nɛ,
8 當與一同上去的弟兄們使百姓喪氣時,我紿終服從了上主我的天主。
ke nɔvinye ŋkutsala bubuawo ya do vɔvɔ̃ na ameawo, eye woɖe dzi le wo ƒo dzodzro le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. Zi ale si menɔ Yehowa, nye Mawu, yome ta la,
9 那天梅瑟曾起誓說:你的腳所踏過[的地方,必定永久歸你和你們的子孫作為產業,因為你始終服從了上主我的天主。
Mose gblɔ nam be, ‘Kanaanyigba la ƒe akpa si dzi miele la, azu wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe.’
10 現在你看,自從上主對梅瑟說了這話,上主便照所應許的,使我又活了四十五歲,經過了以色列人在曠野漂流的時期,現在我已是八十五歲的人了。
“Abe ale si wò ŋutɔ nènya ene la, Yehowa lé agbe ɖe te nam, eye wòna lãmesesẽm tso ɣe ma ɣi va se ɖe fifia, le ƒe blaene-vɔ-atɔ̃ siawo me, tso esime míetsa tsaglalã le gbedzi. Egbe la, mexɔ ƒe blaenyi-vɔ-atɔ̃,
11 但我現在還很強壯,如派我去的那一天一樣;不拘是打仗或是出入行動,我現在的力量和那時完全一樣。
gake ŋusẽ le ŋunye fifia abe ale si menɔ esime Mose ɖo mí ɖe ŋkutsaƒe ene. Magate ŋu azɔ mɔ, awɔ aʋa fifia abe ɣe ma ɣi ene,
12 現在,請你將上主所許下的那座山地賜給我,因為那天你也曾聽過這話。固然,那裏有有阿納克人,城池又大又堅固,或許上主會與我同在,照上主所應許的,我能將他們趕走。」
eya ta mele bia wòm be nàtsɔ tonyigba si ŋugbe Yehowa do nam la nam. Èɖo ŋku edzi be le míaƒe ŋkutsatsa me la, míekpɔ Anakviwo wonɔ du gã siwo woɖo gli ƒo xlãe la me. Ke ne Yehowa li kplim la, manya wo ɖa le anyigba la dzi.”
13 若蘇厄就祝福了他,將赫貝龍給了耶孚乃的兒子加肋布作為產業。
Yosua yra Kaleb, Yefune vi, eye wòtsɔ Hebron du la nɛ abe eƒe domenyinu ene.
14 因此赫貝龍直到今日仍為刻納次人耶孚乃的兒子加肋布的產業因為他紿終服從了上主以色列的天主。
Hebron ganye Kaleb, si nye Yefune, ame si hã nye Kenizitɔ la ƒe vi ƒe dzidzimeviwo tɔ va se ɖe egbe, elabena Kaleb ɖo to Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
15 赫貝龍以前名叫克黎雅特阿爾巴,原是阿納克人中的一個偉人。以後國內昇平,再無戰事。
Wotsɔ Anakitɔwo ƒe ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ na Hebron, eya ta woyɔnɛ tsã be, Kiriat Arba. Tso esime Israelviwo xɔ anyigba la, eye wonɔ edzi ko la, afi ma tɔwo megaho aʋa ɖe wo ŋu kpɔ o.

< 約書亞記 14 >