< 約書亞記 12 >

1 以色列子民在約旦河東岸所佔領的地區,是自阿爾農谷直到赫爾孟山和東邊的全阿辣巴。以下是他們所征服的地區的王子:
Fia siwo dzi Israelviwo ɖu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ame siwo ƒe duwo wogbã tso keke Arnon tɔsisi la ƒe balime va yi Hermon to la gbɔ kple du siwo le gbegbe siwo le ɣedzeƒe la woe nye esiawo:
2 一個是住在赫市朋的阿摩黎王息紅;他管轄的地區,是從阿爾農谷旁的阿洛厄爾起,包括山谷中心,基肋阿得的一半,直到位於阿子民的邊界雅波克河;
Amoritɔwo ƒe fia Sixɔn, ame si nɔ Hesbon la ƒe fiaɖuƒe keke tso Aroer le Arnon balime gbɔ kple tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina yi ɖatɔ Yabok tɔsisi la si nye Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Gileadnyigba si le Yabok tɔsisi la ƒe dzigbeme egbe la ƒe afã nɔ Sixɔn ƒe anyigba me.
3 東邊有阿辣巴,上至基乃勒特海,下至阿辣巴海,即鹽海;東到貝特耶史摩特,南到丕斯加山麓。
Anyigba si tso Araba yi Galilea ƒu la ƒe ɣetoɖoƒeliƒo dzi heyi anyigbeme ɖatɔ Araba ƒu si nye (Dzeƒu la) heɖo ta Bet Yesimot, va se ɖe Pisga towo ƒe dziehe ŋu la hã nɔ Fia Sixɔn te.
4 另一個是巴商王敖格,他原是勒法因的遺民,住在阿爾市洛特和厄德勒
Woɖu Ɔg, Basan fia, ame si nye Refaim ƒe dzidzimeviwo ƒe mamlɛtɔ nɔ Astarot kple Edrei hã dzi.
5 他統治赫爾孟山區,撒耳加和巴商全境,直到革叔爾人和瑪阿加人的邊界,以及另一半基肋阿得直到赫市朋王息紅的邊界。
Eɖu anyigba si tso Hermon to la gbɔ le dzigbeme yi Saleka le Basan to la gbɔ le ɣedzeƒe va yi ɖatɔ Gesur kple Maka fiaɖuƒewo ƒe liƒowo dzi le ɣetoɖoƒe lɔƒo la dzi. Ɔg ƒe fiaɖuƒe yi anyigbeme lɔƒo kple Gileadnyigba ƒe afã le dzigbeme gome, ɖatɔ Fia Sixɔn, fia si nɔ Hesbon la ƒe anyigba.
6 上主的僕人梅瑟和以色列子民征服了他們, 上主的僕人梅瑟遂將地分給了勒烏本人、加特人和默納協半支派,作為產業。
Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ ame siawo xoxo, eye Mose tsɔ anyigba la na Ruben ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã.
7 以下是以色列子民,在約旦河西岸,從黎巴嫩山谷的巴耳加得起,直到上色依爾去的哈拉克山,所征服的地區的王起:──若蘇厄將這地,照以色列各支派分給了他們作產業:
Fia siwo ƒe anyigba Yosua kple Israelviwo xɔ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la ƒe ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna. Anyigba la tso Baal Gad le Lebanon ƒe balime yi Balak to la gbɔ le Seir to la ƒe ɣetoɖoƒe. Yosua tsɔ anyigba sia na Israelviwo ƒe to bubuawo me tɔwo.
8 即赫特人、阿摩黎人、客納罕人、培黎齊人、希威人和耶步斯人所住的山區、平原、阿辣巴。山坡、曠野和乃革布──
Teƒe siwo le toawo dzi, togbɛ ɣedzeƒetɔwo dzi, Yɔdan ƒe balime kple eƒe togbɛwo dzi, ɣedzeƒetowo kɔgo kple Negebnyigba la katã le anyigba sia me. Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo nɔ anyigba sia dzi tsã. Israelviwo ɖu du siawo ƒe fiawo dzi:
9 耶利哥王一個,貝特耳附近的哈依王一個,
Yeriko fia ɖeka, Ai, si te ɖe Betel ŋu fia ɖeka,
10 耶路撒冷王一個,赫貝龍王一個,
Yerusalem fia ɖeka, Hebron fia ɖeka,
11 雅爾慕特王一個,拉基士王一個,
Yarmut fia ɖeka, Lakis fia ɖeka,
12 厄革隆王一個,革則爾王一個,
Eglon fia ɖeka, Gezer fia ɖeka,
13 德彼爾王一個,革爾德王一個,
Debir fia ɖeka, Geder fia ɖeka,
14 曷爾瑪王一個,阿辣得王一個,
Horma fia ɖeka, Arad fia ɖeka,
15 貝納王一個,阿杜藍王一個,
Libna fia ɖeka, Adulam fia ɖeka,
16 瑪刻達王一個,貝特耳王一個,
Makeda fia ɖeka, Betel fia ɖeka,
17 塔普亞王一個,赫費爾王一個,
Tapua fia ɖeka, Hefer fia ɖeka,
18 阿費克王一個,拉沙龍王一個,
Afek fia ɖeka, Lasarɔn fia ɖeka,
19 瑪冬王一個,哈祚爾王一個,
Madɔn fia ɖeka, Hazor fia ɖeka,
20 史默龍王一個,阿革沙夫王一個,
Simrɔn Merɔn fia ɖeka, Aksaf fia ɖeka,
21 塔納客王一個,默基多王一個,
Taanak fia ɖeka, Megido fia ɖeka,
22 刻德士王一個,加爾默耳的約刻王一個,
Kedes fia ɖeka, Yokneam le Karmel fia ɖeka,
23 多爾山崗的多爾王一個,加里肋亞的異族王一個,
Nafɔt Dor le ƒuta fia ɖeka. Goim le Gilgal fia ɖeka
24 提爾匝王一個,──共計三十一個王子。
kple Tirza fia ɖeka. Ale wotsrɔ̃ fia blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ kple woƒe duwo.

< 約書亞記 12 >