< 約拿書 3 >

1 上主的話再次傳給約納說:
Yehowa ƒe nya va na Yona zi evelia be,
2 「你起身往尼尼微大城去,向他們宣告我曉諭你的事。」
“Yi ɖe Ninive, du gã ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na wò la na wo.”
3 約納便依從上主的話,起身去了尼尼微。尼尼微在天主前是一座大城,須要三天的行程。
Ale Yona ɖo to Yehowa ƒe gbe azɔ, eye wòyi Ninive. Ninive nye du gã aɖe si woatsɔ ŋkeke etɔ̃ hafi azɔ ato eme.
4 約納開始進城,行了一天的路程,宣佈說:「還有四十天,尼尼微就要毀滅了。」
Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka nɔ gbeƒã ɖem be, “Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du la!”
5 尼尼微人便信仰了天主,立刻宣佈禁食,從大到小,都身披苦衣。
Ame siwo le Ninive dua me la xɔ Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya.
6 當這傳到尼尼微王那裏,他便起來,離開自己的寶座,脫去長服,披上苦衣,坐在灰土中;
Esi Ninive fia se Yona ƒe mawunya la, eɖi le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe fiawuwo da ɖi, eye wòta akpanya henɔ anyi ɖe dzofi me.
7 然後命令以君王的諭令和其大臣的名義,在尼尼微宣佈說:「人、牲畜、牛羊,都可不可吃什麼;不可牧放,也不可喝水。
Fia la na woɖe gbeƒã le Ninive dua me be: “Fia kple eƒe dumegãwo de se be: “Amegbetɔ alo lã, nyi alo alẽ aɖeke maɖu nu o. Womana nuɖuɖu alo tsi wo o.
8 人和牲畜都應身披苦衣,人要懇切呼求天主,更要轉離自己的邪路,放棄手中的暴行。
Amegbetɔwo kple lãwo siaa ata akpanya, woafa avi vevie na Mawu, woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye woaɖe asi le vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti.
9 誰知道天主也許會轉意憐憫,收回自己的烈怒,使我們不致滅亡。」
Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ mí o.”
10 天主看到他們所行的事,看到他們離開自己的邪路,遂憐憫他們,不將已宣佈的災禍,降在他們身上。
Ke esi Mawu kpɔ be woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋuti la, eɖe asi le ɖoɖo si wòwɔ be yeatsrɔ̃ wo la ŋu, eye wòtsɔe ke wo.

< 約拿書 3 >