< 約珥書 3 >

1 看,在那些日子,在那個時候,當我轉變猶大和耶路撒冷的命運時,
“Le ŋkeke mawo kple ɣe ma ɣi me ne megaɖo Yuda kple Yerusalem te la,
2 我必聚集萬民,領他們下到約沙法特山谷,在那裏我要關於我的,我的基業以色列,審問他們,因為他們使我的百姓散居在異民中,且瓜分了我的土地,
maƒo dukɔwo nu ƒu ɖe Yehosafat ƒe Balime eye madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma le nye amewo kple nye domenyinu Israel ta, elabena wokaka nye domenyinu la ɖe dukɔwo dome eye woma nye anyigba.
3 為我的百姓捸了籤,以男童換取淫婦,賣掉女童,換洒買醉。
“Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi eye woma nye amewo. Wotsɔ ŋutsuviwo ɖɔli gbolowoe eye wotsɔ nyɔnuviwo na ɖe wain si woano amu ta.
4 提洛、漆冬和培肋舍特所有的地域! 你們想對我做什麼﹖你們想對我施行報復嗎﹖若你們向我報復,我立刻將你們的作為歸在你們的頭上,
“Tiro kple Sidon kple Filistitɔwo ƒe duwo katã, ɖe miele didim be miabia hlɔ̃ mahã? Mikpɔ nyuie elabena nye asi atre tsɔtsɔ na mi eye nu si mieɖo la atrɔ adze miawo ŋutɔ ƒe ta dzi.
5 因為你們奪去了我的金銀,將我的珍寶帶到你們的宮中;
“Mieva lɔ nye klosalo kple sika kple nye kesinɔnu veviwo tsɔ yi ɖe miaƒe trɔ̃wo ƒe xɔwo mee.
6 又將猶大子民和耶路撒冷子民賣給雅汪人,使他們遠離自己的祖國。
Miedzra Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo na Trɔ̃subɔlawo eye wokplɔ wo dzoe le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi yi didiƒe ke.
7 看,不拘你們把他們出賣到什麼城邑和地方,我必要使他們從那裏回來,卻把你們所做的,歸在你們頭上:
Gake magakplɔ wo agbɔe tso teƒe siwo katã wokplɔ wo yii eye maɖo nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la teƒe na mi.
8 將你們的兒女賣在猶大子民的手裏,使他們再轉賣給遠方的舍巴人,因為上主這樣說了。
Matsɔ mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo adzra na Yudatɔwo eye woawo hã adzra wo na Sabeatɔwo le didiƒe ke. Yehowae gblɔe.
9 你們要在異民中宣布:準備聖戰,激勵勇士! 一切戰士應前進襲擊!
“Miɖe gbeƒã nu sia le dukɔwo dome be, ‘Midzra ɖo na aʋawɔwɔ!’ Mitia miaƒe asrafo kalẽtɔwo, miƒo miaƒe aʋawɔlawo katã nu ƒu na aʋawɔwɔ.
10 將你們的犁頭鑄成刀劍,將你們的鐮刀鑄成長槍;連者也要說:我是個戰士!
Mitsɔ miaƒe agblenuwo tu aʋawɔyiwoe eye mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe. Ame gblɔewo negblɔ be, ‘Miawoe nye ŋusẽtɔwo.’
11 四周的異民! 你們急速前來,在這裏聚合。上主,使你的勇士降臨吧!
Mi dukɔ siwo kaka ɖe afi sia afi, miƒo mia ɖokuiwo nu ƒu ne miava. “O Yehowa, dɔ wò aʋakɔwo be woaɖiɖi ava anyi!
12 異民,起來,前往約沙法特山谷,因為我要在那裏坐堂,審訊四周的一切異民。
“Miƒo dukɔwo nu ƒu; mikplɔ wo va Yehosafat ƒe Balimee, afi ma manɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo katã.
13 伸出鐮刀,因為莊稼已成熟;前來踐踏! 因為洒榨已溢出,因為他們已惡貫滿盈。
Azɔ nukuxahɛ newɔ eƒe dɔ elabena nukuawo tsi vɔ hele lalam na nuŋeɣi. Miva, mifanya waintsetseawo, elabena wainfiaƒe la yɔ, eye waindzraɖoƒe la yɔ gbagba, elabena woƒe nu tovowo wɔwɔ sɔ gbɔ.”
14 成群結隊的人齊集在審判谷,因為上主的日子已臨近了審判谷。
Ame akpe akpewo le Nyametsotso ƒe Balime elabena Yehowa ƒe Ŋkeke la tu aƒe le Nyametsotso Balime la.
15 太陽和月亮昏暗了,星辰失去了光芒。
Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o.
16 上主從熙雍怒吼,從耶路撒冷發出自己的聲音,天地為之震動;但上主卻是自己百姓的避難所,是以色列子民的堡壘。
Yehowa aɖe gbe tso Zion eye eƒe gbe aɖi tso Yerusalem eye dziƒo kple anyigba ade asi ʋuʋu me. Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe amewo kple mɔ sesẽ na eƒe dukɔ Israel.
17 那時,他們必要知道:我上主是你們的天主,我住在熙雍,我的聖山上。那時,耶路撒冷必要成為聖地,外人再不能從那裏經過。
“Mlɔeba la, miava nya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, si le Zion, nye To Kɔkɔe la dzi. Yerusalem azu kɔkɔeƒe; ɣeyiɣi li gbɔna esi dutasrafowo magakpɔ mɔ aho aʋa ɖe eŋu o.
18 到了那一天,山嶽必要滴下新洒,丘陵必要流下乳汁,猶大的一切河流必要湧流清水;從上主的殿裏,將有一清泉流出,澆灌史庭山谷。
“Le ɣe ma ɣi me la, wain yeye anɔ tsyɔtsyɔm tso towo ŋuti eye nyinotsi anɔ sisim bababa tso togbɛwo tame. Tsi ayɔ Yɔdan tɔʋuwo me banaa, eye tsi asi tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ade tsi Sitim ƒe Balime.
19 埃及將變成荒地,厄東將成為曠野,因為他們虐待了判斷子民,在他們的境內傾流了無辜者的血。
Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti, eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me.
20 但猶大永遠有人居住,耶路撒冷也世世代代有人居住。
Ke Yuda anɔ anyi tegbetegbe, eye Yerusalem anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.
21 我必要追討坰未追討的債血;因為上主住在熙雍。
Mahe to na Egiptetɔwo kple Edomtɔwo ɖe woƒe ʋu maɖifɔ kɔkɔɖi ta.”

< 約珥書 3 >