< 約伯記 7 >

1 人生在世,豈不像服兵役﹖人的歲月,豈不像傭工的時日﹖
“Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatetsɔla tɔ ene oa?
2 有如奴工切望陰涼,傭工期待工資:
Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la,
3 這樣,我也只有承受失意的歲月,為我注定的苦痛長夜。
nenemae wotsɔ ɣleti siwo me fukpekpe le kple zã siwo me hiãtuame le la nam.
4 我臥下時說:「幾時天亮﹖」我起來時又說:「黑夜何時到﹖」我整夜輾轉反側,直到天亮。
Ne memlɔ anyi la, nye susu gblɔna be, ‘Ɣe ka ɣi gɔ̃e mele fɔfɔ ge?’ Zã didina eye meƒoa togotogoe le aba dzi va se ɖe fɔŋli.
5 我的肉身以蛆蟲與泥皮為衣,我的皮膚破裂流膿。
Nye ŋutilã dze abi kple nyẽ helé dzɔbu eye nye ŋutigbalẽ wó gblogblogblo hele tsi ƒaƒã tsyɔm.
6 我的日月速於織梭,也因無希望而中斷。
“Nye ŋkekewo le du ɖim wu avɔlɔ̃ʋu eye wowua enu mɔkpɔkpɔmanɔmee.
7 請你記住:我的生命無非像一口氣,我的眼再也見不到幸福。
O Mawu, ɖo ŋku edzi be, nye agbe la, ƒuƒu ko wònye, nye ŋkuwo magakpɔ dzidzɔŋkekewo akpɔ o.
8 注目於我的,再也見不到我;你的眼看我時、我已不在了。
Ŋku si le kpɔyem fifia la magakpɔm akpɔ o, miadim eye nyemanɔ anyi o.
9 他去了,好像雲消霧散;下到陰府的,再也不得上來, (Sheol h7585)
Abe ale si lilikpo buna eye enu va yinae ene la, nenemae ame si yi tsiẽƒe la megagbɔna o. (Sheol h7585)
10 不再回家,本鄉也不認識他。
Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o.
11 為此,我不能再閉口不言,我要吐露我心靈的憂愁,陳述我靈魂的苦楚。
“Eya ta nyemazi ɖoɖoe o, maƒo nu tso nye gbɔgbɔ ƒe vevesese me, eye mafa konyi le nye luʋɔ ƒe nuxaxa me.
12 我豈是海洋或海怪﹖你竟派遣警衛把守我。
Nyee nye atsiaƒu alo lã dziŋɔ si le atsiaƒu ƒe gogloƒe be, nèɖe dzɔlawo ɖo ŋunyea?
13 我若想:「我的床榻會寬慰我,我的臥舖會減輕我的痛苦。」
Ne mebu be nye aba afa akɔ nam eye suɖi aɖe nye konyifafa dzi akpɔtɔ la,
14 你就以噩夢擾亂我,以異像驚嚇我。
ekema ètsɔa drɔ̃ewo doa vɔvɔ̃ nam eye nètsɔa ŋutegawo doa ŋɔdzi nam.
15 我的心靈寧願窒息,寧死不願受此苦痛。
Ale be melɔ̃ kudɔƒoƒo kple ku wu nye ŋutilã sia.
16 我已筋疲力盡,活不下去。任憑我去罷! 因為我的日月僅是一口氣。
Menyɔ ŋu nye agbe, nyemanɔ agbe ɖaa o. Ɖe asi le ŋunye, viɖe mele nye ŋkekewo ŋu o.
17 人算什麼,你竟如此顯揚他,將他置諸心頭,
“Nu kae nye amegbetɔ be nèdo kɔkɔe alea, be nètsɔ ɖe le eme nɛ nenema gbegbe,
18 天天早晨看護他,時刻不斷考察他﹖
be nèléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe?
19 你到何時纔不注視我,而讓我輕鬆咽一下唾沫﹖
Ɖe màgaɖe ŋku ɖa le ŋunye alo ana gbɔdzɔem aɖabaƒoƒo ɖeka hɔ̃ɔ gɔ̃ hã oa?
20 監察人者啊! 我犯罪與你何干﹖為何叫我當你的箭靶,使我成為你的重擔﹖
Ne mewɔ nu vɔ̃ ɖe, O amegbetɔwo ŋu dzɔla, nu ka mehewɔ ɖe ŋutiwò? Nu ka ŋuti nède dzesim heɖe ŋku tɔm ale? Ɖe mezu agba ɖe dziwòa?
21 為何你不肯容忍我的過錯,寬赦我的罪惡﹖不久我將臥在塵土中,任你尋找我,我已不在了。
Nu ka ta mèɖe ŋku ɖa le nye dzidadawo ŋu eye mètsɔ nye nu vɔ̃wo kem o? Elabena esusɔ vie mamlɔ ke me, àdim gake nyemaganɔ anyii o.”

< 約伯記 7 >