< 約伯記 5 >

1 任你呼求,看有誰答應你﹖諸聖者中,看你轉向那一位﹖
“Ne àlɔ̃ la, yɔ ame aɖe gake ame kae atɔ na wò? Kɔkɔetɔwo dometɔ ka ŋu nàtrɔ ɖo?
2 的確,憂憤殺死愚人,怒火使痴者喪生。
Tosesẽ wua bometsila eye ŋubiã wua numanyala.
3 我知道:愚人一根深蒂固,他的居所即被詛咒;
Nye ŋutɔ mekpɔ bometsila wònɔ ke tom gake kasia woƒo fi de eƒe aƒe.
4 他的子女,無人支援,在城門前被踐踏,無人救護。
Dedinɔnɔ le adzɔge ke na viawo, wobua fɔe le ʋɔnu eye ame aɖeke meli aʋli eta o.
5 他們收穫的,飢餓者來吃;且將剩餘的,搶去儲存;他們的財富,為口渴者喝盡。
Dɔwuitɔwo ɖua nuku si wòxa, woɖea esiwo tsi ŋuwo me gɔ̃ hã eye ame siwo wum tsikɔ le la ƒe ve me ƒuna ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu.
6 因為災禍不是由土中而來,憂患不是生自地中;
Elabena fukpekpe medoa go tso ke me alo dzɔgbevɔ̃e medona tso anyigba tume o.
7 而是人自尋苦惱,如雛鷹自會飛翔。
Gake abe ale si dzoxi dzona yia dzii ene la, nenemae wodzi ame na hiãtuame.
8 如果是我,我必投奔天主,向天主陳訴我的案情。
“Ke nenye nyee wònye la, anye ne maɖe kuku na Mawu atsɔ nye nya aɖo eƒe ŋkume.
9 他所作的大事,高深莫測;他所行的奇事,不可勝數:
Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase o eye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o.
10 他使雨落在地上,引水滋潤郊田;
Enana tsi dzana ɖe anyigba dzi, eye wòɖoa tsi ɖe gbegbe.
11 使卑微的人高昇,使受苦的人獲得救助;
Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi eye wòkɔa ame siwo le nu xam la dana ɖe dziɖeɖi me.
12 粉碎狡猾人的計謀,使他們的作為一無所成;
Egblẽa ayetɔwo ƒe ɖoɖowo me, ale be woƒe asiwo mekpɔa dzidzedze o.
13 以智者的計謀捕捉智者,使奸猾人的策畫即時成空;
Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me eye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae.
14 他們白日遇到黑暗,正午摸索如在夜間;
Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me eye wotsaa asi blukɔ me abe zã mee ene.
15 他搭救被剝削者脫離人口,挽救窮人擺脫強暴的手。
Eɖea hiãtɔwo tso yi si le woƒe nu me la me eye wòɖea wo le ŋusẽtɔwo ƒe fego me.
16 如此,貧苦的人獲得希望,邪惡將閉口無言。
Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ si eye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu.
17 的確,天主所懲戒的人是有福的:全能者的訓戒,你不可忽視。
“Woayra ŋutsu si Mawu ɖɔna ɖo eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la ƒe amehehe o.
18 因為他打傷了,而又包紮傷口;他擊碎了,而又親手治療。
Elabena edea abi ame ŋu eye wògablanɛ, ewɔa nuvevi ame gake eƒe asi yɔa dɔ.
19 你六次遭難,他次次拯救;到第七次,災難不會臨於你。
Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me eye le adrelia me la, vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o.
20 饑饉中,他必救你不死;戰爭中,必使你得免刀劍。
Aɖe wò le ku ƒe asi me le dɔŋɔli eye le aʋa me la, aɖe wò le yi ƒe asi me.
21 唇槍舌劍,你必能躲藏;大難來臨,你不必張惶;
Aɖe wò le aɖeɖiƒoame me, eye màvɔ̃ ne gbegblẽ va o.
22 對大難和饑荒,你可置之一笑;對地上的野獸,也不用驚惶。
Wò la àko nu ne gbegblẽ kple dɔwuame le nu gblẽm eye màvɔ̃ anyigbadzilã wɔadãwo o.
23 你將與田野的頑石立約,曠野的猛獸必與你和好。
Elabena wò kple kpe siwo le agble me la miabla nu eye lã wɔadãwo anɔ anyi kpli wò le ŋutifafa me.
24 你將見到你的帳幕平安無恙,察看羊欄時,一無所失。
Ànyae be wò agbadɔ le dedie eye ne èxlẽ wò nunɔamesiwo la, àkpɔe be ɖeke mebu o.
25 你將確知子孫繁昌,你的苗裔猶如田野青草。
Ànyae be viwòwo asɔ gbɔ eye wò dzidzimeviwo asɔ agbɔ abe gbe mumu le anyigba dzi ene.
26 你必高年纔葬於墓,好像麥梱準時收藏。
Ànɔ agbe wòade edeƒe, ayi yɔ me kple dzidzɔ abe lu ye woxa hebla le nuŋeɣi ene.
27 看,這是我們所觀察的真理,你若細聽,自會獲益良多。
“Míedo esia kpɔ eye wònye nyateƒe. Eya ta see ne nànɔ agbe ɖe eŋu.”

< 約伯記 5 >