< 約伯記 42 >

1 約伯回答上主說:
Tete Hiob ɖo eŋu na Yehowa be:
2 我知道你事事都能,你所有的計劃,沒有不實現的。
“Azɔ menya be àte ŋu awɔ nu sia nu, ame aɖeke mate ŋu agblẽ wò ɖoɖowo me o.
3 是我以無智的話,使你的計劃模糊不明;是我說了無知的話,說了那些超越我智力的話。
Èbia be, ‘Ame kae nye esi tsyɔ nu nye aɖaŋudede dzi numanyamanyatɔe?’ Nyateƒee, meƒo nu le nu siwo nyemenya o la ŋuti, nu siwo goglo akpa na nye nyanya.
4 請你聽我發言;我求你指教我。
“Ègblɔ be, ‘Ɖo to azɔ, ne maƒo nu, ne mabia gbe wò, ne nàɖo eŋu nam.’
5 以前我只聽見了有關你的事,現今我親眼見了你。
Nye towo se nya le ŋuwò, ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò
6 為此,我收回我所說過的話,坐在灰塵中懺悔。
eya ta nu siwo katã megblɔ la kpe ŋu nam eye megbe wo le ke kple afi me.”
7 上主對約伯說完這些話,就對特曼人厄里法次說:「我應向你和你的兩個友人發怒,因為你們講論我,不如我僕約伯講論的正確。
Esi Yehowa gblɔ nya siawo na Hiob vɔ la, egblɔ na Temanitɔ, Elifaz be, “Medo dɔmedzoe ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu elabena miegblɔ nu si le eteƒe la tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o
8 現在你們要牽七頭公牛,和七隻公羊到我僕約伯那裏,叫他為你們奉獻全燔祭,也叫他為你們祈禱,因為我要看他的情面,不懲罰你們的糊塗,因為你們講論我,不如我僕約伯講的正確。」
eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.”
9 於是,特曼人厄里法次、叔亞人彼耳達得、納阿瑪人左法爾依照上主所吩咐的作了;上主就看了約伯的情面,饒恕了他們。
Ale Temanitɔ, Elifaz, Suhitɔ, Bildad kple Naamatitɔ, Zofar wɔ abe ale si Yehowa de see na wo ene eye Yehowa xɔ Hiob ƒe gbe si wòdo ɖa ɖe wo ta.
10 約伯為他的朋友祈禱之後,上主就恢復了約伯原有的狀況,還照約伯以前所有的,加倍地賜給了他。
Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã.
11 約伯的兄弟和姊妹,並以前相識的人都來看望他,在他家中同他一起用飯;對於上主降於他的一切災禍,都向他表示同情,安慰他;每人還贈給他一枚金幣和一個金戒指。
Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe.
12 上主賜給約伯以後的福分,遠勝過以前所有的;他擁有一萬四千隻羊,六千匹駱駝,一千對牛,一千頭母驢。
Yehowa yra Hiob fifia wu tsã. Alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, agbleŋlɔnyi eve, eve teƒe akpe ɖeka kple tedzi akpe ɖeka nɔ esi.
13 他又生了七個兒子和三個女兒。
Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ hã nɔ esi.
14 他給長女起名叫耶米瑪,次女叫刻漆雅,三女叫刻楞哈普客。
Ena ŋkɔ nyɔnuvi gbãtɔ be, Yemima, evelia be, Kezia eye etɔ̃lia be Keren Hapuk.
15 那地方的女子沒有比約伯的女兒更美麗的;她們的父親也使她們和兄弟們一樣承受家產。
Womegakpɔ nyɔnu aɖeke le anyigba blibo la dzi wòdze tugbe de Hiob ƒe vinyɔnuwo nu o. Wo fofo na domenyinu wo ɖe wo nɔviŋutsuwo xa.
16 以後,約伯又活了一百四十歲,見了他的兒子、孫子,直到第四代。
Le esia megbe la, Hiob nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blaene eye wòkpɔ viawo kple woƒe viwo ƒe dzidzime ene sɔŋ.
17 約伯壽高年老,已享天年,遂與世長辭。
Ale Hiob tsi, nɔ agbe wòde edeƒe hafi ku.

< 約伯記 42 >