< 約伯記 4 >

1 特曼人厄里法次開始說:
Tete Temanitɔ Elifaz ɖo eŋu na Hiob be,
2 人若和你講話,你能忍受嗎﹖但誰又能忍住不說﹖
“Ne ame aɖe te kpɔ be yeaƒo nu kpli wò la, ɖe nàgbɔ dzi ɖi aseea? Ke ame kae ate ŋu azi ɖoɖoe le nu sia ŋuti?
3 看,你曾勸戒過許多人,堅固過軟弱無能的人;
Bu ale si nèfia nu ame geɖewo kple ale si nèdo ŋusẽ asi beliwoe ŋuti.
4 你的話扶起了跌倒的人,堅固了膝弱無力的人;
Wò nyawo lé ame siwo yina anyi dze ge la ɖe te eye nèdo ŋusẽ klo beliwo.
5 但是現今災禍一臨於你,你就萎靡不振;一接觸你,你就沮喪失意。
Ke azɔ la, dzɔgbevɔ̃e va dziwò, eye dzi ɖe le ƒo wò; eƒo wò ƒu anyi eye nèse veve.
6 你敬畏天主之情,豈不是你的依靠﹖你完善的行為,豈不是你的希望﹖
Ɖe wò Mawuvɔvɔ̃ manye wò dzideƒo eye wò blibodede nanye wò mɔkpɔkpɔ oa?
7 請想:那有無辜者喪亡﹖那有正直者消逝﹖
“Azɔ bu eŋuti kpɔ. Ame maɖifɔ ka wohe to na kpɔ? Afi ka wogblẽ ame dzɔdzɔe dome le kpɔ?
8 照我所見:那播種邪惡的,必收邪惡;散佈毒害的,必收毒害。
Abe ale si mede dzesii ene la, ame siwo ŋlɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe agble eye woƒã dzɔgbevɔ̃e lae ŋenɛ.
9 天主一噓氣,他們即滅亡;一發怒氣,他們即消失。
Ne Mawu gbɔ ɖe wo dzi la woyrɔna eye ne eƒe dziku fla la wotsrɔ̃na.
10 獅吼豹嗥完全止息,幼獅的牙齒也被打碎;
Dzatawo aɖe gbe, axlɔ̃ sesĩe gake woate ŋu aŋe aɖu na dzataviwo.
11 壯獅因缺獵物而滅絕,牝獅幼子各自東西離散。
Dzata kuna ne mekpɔ nu lé o eye dzatanɔwo kakana.
12 我竊聽到一句話,我耳聽見細語聲。
“Wotsɔ nya aɖe vɛ nam le adzame, nye towo see wotsɔe do dalĩ nam.
13 當人沉睡時,夜夢多幻象;
Le drɔ̃ewo me le zã me, esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la,
14 我恐怖戰慄,全身骨頭發抖。
vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém eye wona nye ƒuwo katã dzo kpekpekpe.
15 寒風掠過我面,使我毛髮悚然。
Gbɔgbɔ aɖe ɖo asagba va to nye ŋkume yi eye ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye.
16 他停立不動,但我不能辨其形狀;我面前出現形影,我聽見細微的聲音:
Etɔ gake nyemate ŋu agblɔ nu si wònye o. Nɔnɔme aɖe va tsi tsitre ɖe ŋkunye me eye mese gbe bɔlɔe aɖe be,
17 人豈能在天主前自以為義﹖在造他者前,自以為潔﹖
‘Ɖe ame kodzogbea anɔ dzɔdzɔe wu Mawua? Ɖe amegbetɔ anɔ dzadzɛe wu eƒe Wɔlaa?
18 看,他的僕役,他還不信;他的使者,他還歸罪,
Ne Mawu meka ɖe eƒe dɔlawo dzi o eye wòbua fɔ eƒe dɔlawo be woda vo,
19 何況那以泥屋為居所,以塵土為基礎的人! 他們為人踐踏,有如蠹蟲;
ʋuu keke, ke wòahanye ame siwo le anyixɔwo me, ame siwo gɔme woɖo anyi ɖe ke me eye wogbãa wo bɔbɔe abe ŋɔvi ene!
20 晨昏間即化為齏粉,永遠消亡而無人一顧。
Wogbãa wo gudugudu le fɔŋli kple zã dome, ame aɖeke menyana gɔ̃ hã o, ale wotsrɔ̃na gbidii.
21 幕索如已自斷,他們豈不是因缺少智慧而死亡﹖
Ɖe womehoa woƒe agbadɔkawo, ale be woaku numanyamanyae oa?’”

< 約伯記 4 >