< 約伯記 33 >
“Ke azɔ la, Hiob, ɖo to nye nyawo, eye ƒu to anyi ɖe nu sia nu si magblɔ la ŋu.
Kpɔ ɖa, mele nye nu ke ge eye nye nyawo le nye aɖe nu.
3 我的話是出於正直的心,我的唇舌要清楚說明真理。
Nye nyawo tso dzi vavã me eye nye nu agblɔ nu si menya le anukware me.
Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe de agbe menye,
eya ta ɖo nya ŋu nam, ne àte ŋui, dzra ɖokuiwò ɖo ne nàhe nya kplim.
6 看,我與你在天主前都是一樣,我也是用泥土造成的。
Ɖeko mele abe wò ene le Mawu ŋkume, nye hã anyi mee woɖem tsoe.
7 所以我的威嚇不會使你恐怖,我的手也不會重壓在你身上。
Vɔvɔ̃ nam megado dzikatsoƒo na wò alo nye asi nakpe le dziwò o.
“Gake ègblɔ wòge ɖe nye to me eye mese nya siwo tututu nègblɔ la be,
‘Medza eye nu vɔ̃ mele ŋutinye o, ŋutinye kɔ eye mevo tso vodada me.
Ke hã la, Mawu kpɔ vodada le ŋunye, eye wòbum eƒe futɔe.
Etsɔ nye afɔ de kunyowu me eye eƒe ŋkuwo le nye mɔwo katã ŋu kplikplikpli.’
12 我答覆你說:你這話說的不對,因為天主遠超世人。
“Gake magblɔe na wo be, le esia me ya, tɔwò medzɔ o, elabena Mawu lolo wu amegbetɔ.
Nu ka ŋutie nèle nya hem kplii be, meɖo amegbetɔ ƒe nya aɖeke ŋuti nɛ o?
14 原來天主用一種方法向人講話,人若不理會,他再用另一種方法:
Elabena Mawu ƒoa nu to mɔ sia alo ekemɛ dzi togbɔ be amegbetɔ mekpɔe dze sii o hã.
15 天主有時藉夢和夜間的異像,當人躺在床上沉睡的時候,
Le drɔ̃e me, le zã me ƒe ŋutega me, ne amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi alo wole akɔlɔ̃e dɔm le woƒe abawo dzi la,
ava ƒo nu ɖe to me na wo, atsɔ kpɔdzidzewo ado ŋɔdzii na wo,
be wòana amegbetɔ natrɔ tso vɔ̃wɔwɔ me eye wòaɖee tso dada me,
ne wòadzra eƒe luʋɔ ɖo tso yɔdo ƒe asi me eye eƒe agbe magatsrɔ̃ ɖe yi nu o.
19 天主也有時懲罰人在床上受痛苦,使他的骨頭不斷的刺痛,
“Alo eƒoa ame le dɔbadzi kple ƒutomevevesese si nɔa edzi ɖaa,
ale be eya ameti bliboa nyɔa ŋu nuɖuɖu eye eƒe luʋɔ doa vlo nuɖuɖu vivitɔ gɔ̃ hã.
21 他身上的肉已消逝不見,他枯瘦的骨頭,已開始外露。
Eƒe ŋutilã vɔ le eme eye eƒe ƒu siwo ŋu lã nɔ tehetehe la dze go azɔ.
22 他的靈魂已臨近墓穴,他的生命已接近死亡之所。
Eƒe luʋɔ te ɖe yɔdo ŋu kpokploe, eye eƒe agbe ɖo ku ƒe dɔlawo ƒe asi me.
23 一千天使中,若有一個在他身傍,作他的代言人,提醒他應行的義務,
Ke hã la, ne Mawudɔla le eƒe axadzi abe nyaxɔɖeakɔla ene, ɖeka le akpe dome, be wòagblɔ nu si nyo na ame la nɛ,
24 且憐憫那人,為他轉求說:「求你拯救他,以免陷於陰府,因為我已找到了贖金。」
heve enu, gblɔ nɛ be, ‘Ɖe eƒe agbe be magayi yɔdo me o elabena mekpɔ avulénu nɛ’ la,
25 他的肉身比少年人的肉身必更健美,他的青春歲月又恢復了。
tete eƒe ŋutilã zua yeye abe ɖevi tɔ ene eye wògaɖoa eƒe nɔnɔme me abe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo me ene.
26 他祈求天主,必獲得悅納。他必歡樂得見天主的儀容,天主也必恢復他的正義。
Edoa gbe ɖa na Mawu eye wòkpɔa amenuveve tso egbɔ, ekpɔa Mawu ƒe ŋkume eye wòdoa dzidzɔɣli, ale Mawu gaɖonɛ te, be wòanɔ dzɔdzɔenyenye si me wònɔ tsã.
27 那時,他將在人前重述所經歷的事說:「我犯了罪,顛倒了是非,但他沒有照我的罪罰我。
Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be, ‘Mewɔ nu vɔ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe gake nyemexɔ tohehe si medze na la o.
Eɖe nye agbe tso yɔdomeyiyi me, eye manɔ agbe adzɔ dzi le eƒe kekeli me.’
“Mawu wɔa nu siawo katã na ame, zi eve alo etɔ̃ gɔ̃ hã,
be wòaɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe, be agbe ƒe kekeli naklẽ ɖe edzi.
“Ƒu to anyi, Hiob, ne nàɖo tom, zi ɖoɖoe, ne maƒo nu.
32 你若有話說,請即回覆我,你儘管說,因為我願聽你的理。
Ne nya aɖe le asiwò la, ɖo nya ŋu nam, elabena medi be wòatso na wò.
Gake ne mele eme o la, ekema nàɖo tom, zi ɖoɖoe ne mafia nunya wò.”