< 約伯記 28 >

1 銀有出產之地,金有冶煉之所。
“Klosalokuƒe li eye teƒe li si wololõa sika le.
2 鐵由土中掘出,銅自石中鎔煉。
Wokua gayibɔ le tome eye wokpɔa akɔbli ne wololõ akɔblikpe.
3 人給黑暗制定了界限,探討幽暗陰晦的堅石,挖至地層深處。
Amegbetɔ ɖo seƒe na viviti, etsana le didiƒewo kple viviti tsiɖitsiɖitɔ kekeake me hena tomenuwo.
4 在無人居住之處開鑿礦穴,上面過路的人,也想不到他們遠離人間,身懸半空,搖擺不定。
Eɖe do wògoglo yi eme ʋĩi hedidi tso amenɔƒe gbɔ, teƒe si amewo ƒe afɔ mede kpɔ o; teƒe goglo sia, si didi tso amewo gbɔ lae wonɔa ka me henɔa nyenyem le yame le.
5 地上出產食糧,地下有火翻騰。
Anyigba si me wokpɔa nuɖuɖu tsonae lae wotrɔ le tome abe dzo me wòto ene.
6 那裏的石頭盡是碧玉,塵沙盡是金沙。
Woɖea safirkpe tso eƒe kpe siwo wogbã la me eye woɖea sika tso eƒe kewɔ me.
7 礦中的幽徑,猛禽不知,鷹眼未見。
Xe ƒonuwo menya toƒe ɣaɣla ma o eye aʋako aɖeke ƒe ŋku mekpɔe kpɔ o
8 野獸未踐踏,猛獸未經過。
Gbemelã siwo dana la meka afɔ afi ma kpɔ o, eye dzata aɖeke hã mezɔ afi ma kpɔ o.
9 人伸手擊打燧石,山基為之震撼動搖。
Ame ƒe asi gbã kpe sesẽawo eye wòna towo te dze go.
10 在巖石中間開鑿隧道,所有珍寶盡入眼簾。
Eɖea mɔ ɖe kpeawo tome eye eƒe ŋkuwo kpɔa eƒe nu xɔasi vovovowo katã.
11 探察江河之源流,使寶藏顯露於外。
Etsana le tsidzɔƒewo eye wòhea nu ɣaɣlawo vaa kekeli nu.
12 但是智慧在那裏尋覓,那裏是明智之所在﹖
“Ke afi ka woakpɔ nunya le? Afi ka gɔmesese nɔna?
13 智慧的道路,人不認識,在眾生界尋不到她。
Amegbetɔ mese eƒe nuvãnyenye gɔme o, womate ŋu akpɔe le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o.
14 深淵說:「她不在我這裏。」海洋說:「她不與我同域。」
Gogloƒe gblɔ be, ‘Menye tɔnyee o,’ Atsiaƒu gblɔ be, ‘Mele gbɔnye o,’
15 她非精金所能購買,也不能稱量銀子作她的代價。
Womate ŋu aƒlee kple sika nyuitɔ alo woada klosalo ɖe eƒe home nu o.
16 敖非爾金不能與她較量,寶石和碧玉也不能與她相比。
Màte ŋu aƒlee kple sika adodoe si tso Ofir alo kple kpe xɔasiwo, oniks kple safir o.
17 黃金與琉璃不能與她同列,純金的器皿也不能與她交換。
Sika alo kristalkpe masɔ kplii o eye womatsɔ sikanuwo gɔ̃ hã aɖɔlii o.
18 珊瑚與水晶都不足論,取得智慧勝過取得珍珠。
Womayɔ sui kple adzagba ƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe eŋu o elabena nunya ƒe asixɔxɔ kɔ wu gbloti tɔ sãsãsã.
19 雇士的黃玉不足與她相比,純金也不能與她較量。
Womatsɔ Kuskpe xɔasi, topaz, asɔ kplii o eye sika nyuitɔ mate ŋu aƒlee o.
20 究竟智慧由何處而來,那裏是明智之所在﹖
“Ekema afi ka nunya tso? Afi ka nye gɔmesese ƒe nɔƒe?
21 眾生的眼目未曾見過,天空的飛鳥也未發現。「
Eɣla ɖe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe ŋkukpɔƒe eye woɣlae ɖe dziƒoxeviwo gɔ̃ hã.
22 毀滅」與「死亡」都說:「我們只風聞過她的聲望。」
Tsiẽƒe kple ku gblɔ be, ‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’
23 惟獨天主認識她的道路,惟有他知道她的處所。
Mawue nya egbɔmɔ eye eya koe nya afi si wòle.
24 因為惟有他觀察地極,俯視天下的一切。
Elabena eyae tea ŋu kpɔa anyigba ƒe mlɔenu ke, eye wòkpɔa nu sia nu si le ɣea te.
25 當他劃定風的重量,規定水的定量,
Esi wòɖo ya ƒe ŋusẽ anyi, hedzidze tsiwo vɔ,
26 釐定下雨的季節,規定雷電的路線時,
esi wòwɔ se na tsidzadza, heta mɔ na dziɖegbe kple ahom vɔ la,
27 他已見了她,講述了她,立定了她,考察了她。
enye kɔ kpɔ nunya, dzro eme kpɔ eye wòda asi ɖe edzi, hedoe kpɔ.
28 然後對人說:「看,敬畏上主,就是智慧;遠離邪惡,就是明智。」
Tete wògblɔ na amegbetɔ be, ‘Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃e nye nunya eye nugbegbe le vɔ̃ gbɔe nye gɔmesese.’”

< 約伯記 28 >