< 約伯記 27 >

1 約伯繼續他的言論說:
Tete Hiob yi eƒe nuƒoa dzi be,
2 我指著那剝奪我權利的天主起誓,指著使我心靈苦痛的全能者起誓:
“Meta Mawu si gbe afiatsotso nam la ƒe agbe kple Ŋusẽkatãtɔ, ame si do vevesese na nye luʋɔ be,
3 幾時我還有氣息,我鼻中尚有天主賦予的生氣,
zi ale si agbe le menye, Mawu ƒe gbɔgbɔ le nye ŋɔti me la,
4 我的口唇決不說謊言,我的舌頭決不講虛話。
nye nuyi magblɔ nya vɔ̃ɖi o eye nye aɖe magblɔ beblenya aɖeke o.
5 若叫我說你們有理,那決辨不到;到我斷氣,我決不放棄我的純正。
Nyemalɔ̃ gbeɖe be tɔwò dzɔ o va se ɖe esi maku la, nyemasẽ nu le nye blibodede ŋu o.
6 我堅持我的正義,決不罷休;對於已往的生活,我問心無愧。
Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ɖaa eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o. Zi ale si mele agbe la, nye dzitsinya mado vlom o.
7 惟願恨我的人,遭惡人的命運;起來攻擊我的人,遭罪犯的處分。
“Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene eye nye ketɔwo abe ame madzɔmadzɔwo ene!
8 惡人呼籲時,有何期待﹖當他向天主舉起靈魂時,有何希望﹖
Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa eye Mawu ɖe eƒe agbe ɖa?
9 災難臨到他身上時,天主豈能聽他的呼求﹖
Ɖe Mawu ase eƒe ɣlidodo, ne eɖo xaxa mea?
10 他豈是以全能者為喜樂,時時祈求天主﹖
Ɖe eƒe nu anyo Ŋusẽkatãtɔ la ŋua? Ɖe wòayɔ Mawu ɣe sia ɣia?
11 我要將天主的作為教導你們;對全能者的意旨,我決不隱瞞。
“Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ ŋuti eye nyemaɣla Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mɔwo ɖe mi o.
12 其實,這一切你們都熟悉,但為何還這樣空談﹖
Miawo ŋutɔ miekpɔ esiawo katã. Ekema nu kae nye nuƒo manyatalenu gbogbo siawo?
13 納阿瑪人左法爾就說:這是天主給惡人定的命運,是強暴者由全能者所承受的產業:
“Esia nye gome si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo kple domenyinyi si ŋutasẽla xɔna tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
14 他的子女雖眾多,都必死於刀下;他的後代子孫,不得飽食。
Aleke ke viawo sɔ gbɔe hã la, woɖo wo ɖi na yi eye eƒe dzidzimeviwo makpɔ nu aɖu aɖi ƒo akpɔ gbeɖe o.
15 剩餘的人,為瘟疫所葬送;他們的遺孀,不舉喪哀弔。
Dɔvɔ̃ awu ame siwo susɔ nɛ eye woƒe ahosiwo mafa na wo o.
16 他們雖積蓄銀子,多如塵沙;備製衣服,多如土堆;
Togbɔ be eli kɔ klosalo abe ke ene, wòdo agba avɔ wòkɔ abe to ene hã la,
17 他們固然預備,但義人來穿,無辜者要分取他們的金銀。
ame dzɔdzɔewo ado nu siwo wòli kɔe eye ame maɖifɔwo ama eƒe klosalo.
18 他們建造的房屋有如蛛網,又如守望者搭的茅舍。
Xɔ si wòtu la anɔ abe gbagblaʋui ƒe azi si wòƒo teti ko la ene eye wòanɔ abe zãɖialawo ƒe agbadɔ si wòwɔ la ene.
19 他們睡眠時,雖稱富足,但睜開眼時,已一無所有。
Emlɔ anyi abe hotsuitɔ ene gake esusɔ vie maganɔ nɛ nenema o elabena esi wòʋu eƒe ŋkuwo la, naneke megali o.
20 白天有恐怖侵襲,黑夜有颶風將他們颳去。
Ŋɔdzi ƒona ɖe edzi abe tɔɖɔɖɔ ene eye ahom kplɔnɛ dzonae le zã me.
21 東風將他們吹去,把他們捲走,離其居地。
Ɣedzeƒeya kɔe dzoe eye wòdzo, ale wòkplɔe ɖa le enɔƒe.
22 他們成了眾人毫不憐憫的箭靶,他們沒法逃避恐嚇的手。
Etsɔ eɖokui xlã ɖe edzi nublanuimakpɔmakpɔtɔe, esi wòsi le eƒe ŋusẽ nu afɔtsɔtsɔe.
23 人人都對之鼓掌稱慶,由各方向之嘲笑辱罵。
Esi akpe ɖe eta fewuɖutɔe eye wònyae ɖa le enɔƒe.”

< 約伯記 27 >