< 約伯記 17 >

1 我的氣息已斷,壽命已盡,而且墳墓已為我做好。
Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibelibeli, nye ŋkekewo hã le kpuie eye yɔdo le lalayem.
2 我豈不是成了笑罵的對象﹖我的眼睛豈不是在酸苦中過夜﹖
Vavãe, fewuɖulawo ƒo xlãm, ele be nye ŋkuwo nanɔ woƒe amenuɖiaɖia ŋu.
3 求你將我的抵押放在你那裏! 誰還敢與我擊掌作保﹖
“O Mawu, tsɔ ŋugbedodo si dim nèle la nam. Ame kae gali si ade megbe nam?
4 因為你蒙蔽了他們的心,不叫他們明白,他們纔不敢舉起手來。
Ètu woƒe susu ɖe gɔmesese ŋu eya ta màna woƒe alɔ nade dzi o.
5 人請自己的朋友分享所有,但自己的子女卻餓的眼目昏花。
Ne ame aɖe gbe exɔlɔ̃wo ɖe nu si woanae ta la, viawo ƒe ŋkuwo atsi.
6 我成了人民取笑的資料,人人在我臉上可吐唾沫。
“Mawu tsɔm wɔ lodonue na ame sia ame, ame si ƒe ŋkume amewo ɖea ta ɖo gɔ̃ hã.
7 我的眼睛因愁悶而昏花,我的肢體消失有如蔭影。
Nuxaxa na be nye ŋkuwo dzi tsyɔ eye nye ameti blibo la mele abe vɔvɔli ene.
8 正直人因此而驚異,無罪者憤起攻擊惡人。
Ame dzɔdzɔewo ƒe mo wɔ yaa le esia ta; dɔ me ve ame maɖifɔwo ɖe mawumavɔ̃lawo ŋuti.
9 義人堅持自己的道,手淨的人倍增勇氣。
Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.
10 你們眾人,請你們再回來,但在你們中我找不到一個智者。
“Mi katã mitrɔ va ko, migadze agbagba kpɔ! Gake nyemakpɔ nunyala aɖeke le mia dome o.
11 我的時日已過去,我志所謀,我心所愛,都已落空。
Nye ŋkekewo va yi, nye ɖoɖowo me gblẽ eye nenema kee nye nye dzi ƒe didiwo hã.
12 他們將黑夜變為白天,使光明靠近黑暗;
Ame siawo trɔ zã wòzu ŋkeke, ke esi viviti do ɖe wo la, wogblɔ be, ‘Kekeli tsɔ ɖe mía gbɔ’
13 若是我還有希望,即以陰府為我的家;在憂暗之處,舖設我的床榻。 (Sheol h7585)
Ne aƒe si ko mele mɔ kpɔm na la nye yɔdo, ne meɖo aba ɖe viviti me, (Sheol h7585)
14 我對墓穴說:你作我父! 對蛆蟲說:你作我母,我妹!
ne megblɔ na zãnuxɔxɔ be, ‘Wòe nye fofonye,’ eye megblɔ na ŋɔvi be, ‘Wòe nye danye’ alo ‘Wòe nye nɔvinye nyɔnu’ la,
15 我的希望究在何處﹖我的幸福,有誰注意﹖
ekema afi ka nye mɔkpɔkpɔ la le?
16 這一切只有和我一同降入陰府,一同安息在灰塵中。 (Sheol h7585)
Ɖe wòayi ɖe ku ƒe agbowo mea? Ɖe nye kplii míayi tome ɖekaea?” (Sheol h7585)

< 約伯記 17 >