< 約伯記 12 >

1 約伯回答說:
Tete Hiob ɖo eŋu nɛ be,
2 的確,只有你們是有知識的子民;那麼,你們一死,智慧也與你們一同喪亡!
“Mewɔ nuku be miawo koe nye amewo eye ne mieku la nunya aku kpli mi o!
3 其實,我和你們有同樣的心理,我並不亞於你們! 誰不知道這些事﹖
Gake susu le asinye abe miawo ke ene. Mienyo wum o. Ame ka menya nu siawo katã o?
4 我這呼籲天主而蒙應允的人,卻被他的友人所嘲笑,無辜的義人卻成了笑柄。
“Togbɔ be meyɔ Mawu eye wòtɔ nam hã la, mezu nu ɖikokoe na xɔ̃nyewo. Togbɔ be mele dzɔdzɔe eye fɔɖiɖi mele ŋunye o hã la, mezu alɔmeɖenu na wo!
5 幸運的人心想:遭難的人應受蔑視,失足的人應再予以打擊。
Ŋutsu siwo li le dziɖeɖi me la do vlo dzɔgbevɔ̃etɔ eye nenema ke woawɔ na ame siwo ƒe afɔ ɖiɖi.
6 但是,強盜的帳幕竟能安全,觸怒天主的人,以勢力為神的人卻享平安。
Adzohawo ƒe agbadɔwo li le ŋutifafa me eye ame siwo do dziku na Mawu la li le dedinɔnɔ me. Nenema kee nye ame siwo tsɔa woƒe mawu ɖe woƒe asi me.
7 請你詢問走獸,牠們也會開導你;詢問天上的飛鳥,牠們也會告訴你;
“Ke bia gbemelãwo, ne woafia nu wò alo dziƒoxeviwo, ne woagblɔe na wò.
8 地上的爬蟲也會教訓你,海中的魚族也會給你說明。
Alo ƒo nu na anyigba, ne wòafia nu wò alo na atsiaƒumelã ne wòaka eta na wò.
9 牠們中有誰不知道:是天主的手創造了這一切﹖
Nu siawo katã dometɔ kae menyae be, Yehowa ƒe asie wɔ esiawo katã o?
10 因為一切活物的生魂,一切血肉之人的靈魂,都握在他手中。
Nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe asi me eye amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ hã le eƒe asi me.
11 耳朵不是為明辨言語,口腔不是為辨嘗食物嗎﹖
Ɖe to medoa nyawo kpɔ abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene oa?
12 白髮老人是有智慧的,年紀大者是有見識的;
Ɖe menye amegãɖeɖiwo gbɔe nunya tso aƒe ɖo oa? Ɖe agbe didi mehea gɔmesese vɛ oa?
13 但智慧和能力同在天主內,智慧與見識是天主所有。
“Mawu tɔe nye nunya kple ŋusẽ; aɖaŋudede kple gɔmesese hã nye etɔ.
14 他若拆毀,人不能再建;他若拘禁,人不得開釋。
Nu si wògbã kɔ ɖi la, womagate ŋu agbugbɔ atui o. Ame si wòde gaxɔ me la, womate ŋu aɖe asi le eŋu o.
15 他若制水,水便乾涸;他若放水,水便沖毀大地。
Ne eɖo asi tsidzadza dzi la, ku ɖina, ne egaɖe asi le eŋu fũu hã la, eɖea anyigba
16 力量與才能,為他所有;受騙者與騙人者,都屬於他。
Etɔe nye ŋusẽ kple dziɖuɖu, ame si woble kple ameblela katã wonye etɔ.
17 他使謀士糊塗,使判官愚蠢;
Ekplɔa dumegãwo dzonae amama eye wònana Ʋɔnudrɔ̃lawo zua bometsilawo.
18 他解除君王所繫的玉帶,將繩索捆在他們的腰間;
Eɖea atsyɔ̃ɖonu siwo fiawo dona la ɖa eye wòtsɔa avɔ kakɛ sana ɖe ali na wo.
19 他使司祭赤足而行,推倒掌握大權者;
Ekplɔa nunɔlawo dzonae amama eye ame siwo li ke tso gbe aɖe gbe ke la emua wo ƒua anyi.
20 奪去忠貞者的辯才,剝去年老者的理智:
Edea ga nu na aɖaŋuɖola siwo ŋu woɖoa dzi ɖo eye wòɖea dumegãwo ƒe sidzedze ɖa.
21 使貴人備受侮辱,使勇士的腰帶鬆弛;
Edoa ŋunyɔ bubumewo eye wòxɔa lãnu le kalẽtɔwo si.
22 使隱秘的事由暗處彰顯,使黑暗進入光明;
Eɖea nu goglo siwo le viviti me la ɖe go eye wòhea blukɔ tsiɖitsiɖi vaa kekeli me.
23 使邦國興起而又滅亡,使民族強大而又消散;
Eyae naa dukɔwo xɔa ŋkɔ eye eya kee tsrɔ̃a wo. Eyae dzia dukɔwo ɖe edzi eye eya kee kakaa wo.
24 剝去國君的理智,使他們漂泊於無路的荒野中,
Exɔa susu le anyigbadzifiawo si eye wònana wonɔa tsaglalã tsam le gbegbe.
25 在無光的黑暗中摸索,踉蹌猶如醉漢。
Wotsaa asi blukɔ me afi si akaɖi mele o eye wònana wonɔa ya mum abe ame siwo mu aha ene.”

< 約伯記 12 >