< 約伯記 10 >

1 我實在厭惡我的生活,我要任意苦訴我的怨情,傾吐我心中的酸苦。
“Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ, eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me.
2 我要對天主說:不要定我的罪! 請告訴我:你為何與我作對﹖
Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam.
3 你對親手所造的,加以虐待和厭棄,卻顯揚惡人的計劃,為你豈有好處﹖
Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to, be nètsɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒu gbe eye nèle alɔgbɔnu kom na ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa?
4 你豈有肉眼,或者也像人一樣觀看嗎﹖
Ŋutilãmeŋkue le tawòa? Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔ kodzogbea kpɔa nu enea?
5 你的日月豈像人的日月﹖你的年歲豈像人的年歲﹖
Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ ene alo wò ƒewo le abe amegbetɔ tɔ ene,
6 你竟考查我的邪惡,追究我的罪過。
be nàtsa adi nye vodadawo, aku nye nu vɔ̃wo gɔme,
7 其實你知道我並沒有罪過,也知道無人能拯救我脫離你的掌握。
evɔ nènya be nyemedze agɔ o eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa?
8 你親手形成了我,創造了我;此後你又轉念想消滅我。
“‘Wò asiwoe wɔm eye womem. Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma?
9 求你記憶:你造我時就像摶泥,難道還使我歸於泥土﹖
Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem. Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia?
10 你不是將我像奶倒出,使我凝結像一塊奶餅﹖
Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi ene eye nèna mebla abe notsi babla ene oa?
11 用皮和肉作我的衣服,用骨和筋把我全身聯絡起來﹖
Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye eye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwo kple lãmekawo ŋuti oa?
12 是你將我生命的恩惠賜給了我,細心照顧維持了我的氣息。
Èna agbem henyo dɔ me nam eye le wò ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti.
13 這些事早已藏在你心中,我知道你久有此意:
“‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me eye menya be esia le wò susu me be,
14 你監視我,看我是否犯罪;如果我有罪;你決不放過。
Ne mewɔ nu vɔ̃ la, wò ŋkuwo anɔ ŋutinye eye màgbe tohehe nam le nye vodada ta o.
15 我若有罪,我就有禍了! 我若有義,也不敢抬頭,因為我已備嘗凌辱,吃盡苦頭。
Ne meɖi fɔ la, baba nam! Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nyemate ŋu afɔ mo dzi o elabena ŋukpe yɔ menye fũu eye menyrɔ ɖe nye vevesese me.
16 我若抬頭,你就像獅子追捕我,向我表現你的奇能,
Ne mefɔ mo dzi la, ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la fiana ɖe ŋutinye.
17 重新襲擊我,加倍對我洩怒。
Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye eye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi, ale wò aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖe wo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene.
18 你為何叫我出離母胎﹖不如我那時斷氣,無人見我,
“‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me? Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la, adzɔ dzi nam ŋutɔ, anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o.
19 就好像從未有過我一樣,一出母胎即被送入墳墓。
Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye ƒe dɔ me yi yɔdo mee la, ne enyo ta!
20 我生存的日月不是很少嗎﹖你且放開我罷!
Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa? Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye hã makpɔ dzidzɔ vi aɖe,
21 趁我去而不返,未到冥暗死影之地,
hafi ayi demagbɔnugbe, ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi,
22 即光明也是黑暗之地以前,讓我自在一下罷!
anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le, teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe, afi si kekeli le ko abe viviti ene.’”

< 約伯記 10 >