< 耶利米書 9 >

1 恨不得我的頭髮變成水源,我的眼化為淚泉,好能日夜哭泣我被殺死的女兒──人民!
Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo la, mafa avi zã kple keli na nye dukɔ ƒe ame siwo wowu.
2 誰能在o石我找一個旅棧,叫我好離開我的人民,離他們而遠去﹖因為都是些亂之徒,是一群反叛;
Oo, ɖe dzeƒe le asinye le gbegbe na mɔzɔlawo, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi adzo le wo gbɔ, elabena wo katã wonye ahasiwɔlawo, ameha siwo nye nu tovo wɔlawo sɔŋ.
3 他們彎起像弓的舌頭,使 在地上得勢的,是虛偽而不是誠實,因為他們變本加厲作惡,全不理睬我──上主的斷語。
Yehowa be, “Wovua woƒe aɖewo abe dati ene ne woada alakpaŋutrɔ. Menye nyateƒee wotsɔ le dzi ɖum le anyigba la dzi o. Wotsoa nu vɔ̃ ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ eye womenyam o.
4 你們應各自提防自己的近人,不要信任弟兄,因為所有的弟兄都愛好欺詐,一般的近人都好說讒言;
Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu. Megaka ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi o, elabena nɔvi ɖe sia ɖe nye ameblela eye xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe nye ameŋugblẽla.
5 人都欺騙自己的近人,不講實話,使自己的舌頭慣於說謊,謁力行惡,
Xɔlɔ̃ blea xɔlɔ̃ eye ame aɖeke metoa nyateƒe o. Wofia aʋatsokaka woƒe aɖewo eye woɖea fu na wo ɖokuiwo vevie kple nu vɔ̃ wɔwɔ.
6 不願悔悟,卻強暴上又加強暴,欺詐上又加欺詐,全不理睬我──上主的斷語。
Amebeble le gã dom ɖe edzi. Le woƒe amebeble ta la, wogbe sidzedzem.” Yehowae gblɔe.
7 為此萬軍的上主這樣說:「看,我要將他們淨化,提煉;否則,我將怎樣處理我的女兒──人民──的邪惡﹖
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa malolõ wo ado wo akpɔ, elabena nu bubu ka mawɔ le nye dukɔ ƒe nu vɔ̃ ta?
8 他們的舌頭像毒箭,好出詐言;嘴上對鄰友說話溫和,心中卻設計陷害。
Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene, elabena woƒoa nu bebletɔe, ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe, gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ.
9 為這些事我豈能不懲罰﹖──上主的斷語──像這樣的一個民族,我豈能不圖報復﹖
Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa? Ɖe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?’
10 我要為群山號咷痛哭,為原野高唱哀歌,因為全都被焚毀,沒有人往來,再聽不到牲畜的聲音;自天空的飛鳥到地上的走獸,都逃去無蹤。
“Mafa avi ado ɣli na towo, eye madzi konyifaha ɖe gbegbelãnyiƒewo ŋu. Elabena wozu gbegbe, ame aɖeke mato afi ma ayi o eye womagase nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ le afi ma o, dziƒoxewo gɔ̃ hã si dzo eye gbemelãwo hã si.
11 我要使耶路撒冷成為廢壚,成為豺狼的巢穴;使猶大的城市荒涼,無人居住。
“Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.”
12 誰夠聰明,明白這事﹖上主親口吩咐誰公佈這事﹖「為什麼像這地方遭受毀滅,荒蕪得有如無人經過的曠野﹖」
Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene?
13 上主說:因為他們離棄了我給他們立的法律,沒有聽從我的聲音,沒有按照法律而行;
Yehowa be, “Elabena wogblẽ nye se si metsɔ ɖo woƒe ŋkume la ɖi. Womeɖo tom alo wɔ nye se dzi o.
14 反而去順從自己頑固的心,追隨祖先教給他們的巴耳神。
Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.”
15 為此萬軍的上主,以色列的天主這樣說:看,我必使這人民吃毒艾,飲毒水;
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi.
16 使他們流離到他們和他們祖先素不相識的民族中;派刀劍追擊他們,直至將他們完全消滅。
Makaka wo ɖe dukɔwo dome, dukɔ siwo woawo ŋutɔ alo wo fofowo menya o eye mati wo yome kple yi va se ɖe esime metsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”
17 萬軍的上主這樣說:你們應該明白,快召哀悼的婦女來,派人去叫擅長哭泣的女人來,
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Mibu eŋuti azɔ! Miyɔ nyɔnu avihadzilawo vɛ. Miyɔ esiwo tea ŋu dzinɛ nyuie.
18 叫她們迅速前來,我們啼哭,使我們的眼睛流下眼淚,使我們的睫毛湧出睙水,
Mina woava kaba ne woadzi aviha na mí va se ɖe esime aɖatsi nalolõ ɖe ŋku dzi na mí, eye aɖatsi nado bababa tso míaƒe ŋku me.
19 因為從熙雍那裏可以聽到哭聲:我們怎樣崩潰了,受了許多多大的恥辱! 竟要離開本國,拋棄我們的家園!
Wose aviɣli le Zion. ‘Aleke wohetsrɔ̃ mí ale! Aleke míaƒe ŋukpe lolo ale! Ele be míadzo le míaƒe anyigba dzi, elabena míaƒe aƒewo zu aƒedo!’”
20 妳們婦女! 都應聽清上主的話,親耳聆聽衪口授的言詞;教妳們的女兒痛哭,彼此互相學唱哀歌:
Azɔ la, Oo nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya, mike miaƒe towo ɖe eƒe numenyawo ŋuti. Mifia mia vinyɔnuwo ale si woado ɣlii. Mifia konyifaha mia nɔewo
21 因為死亡已從我們的窗戶爬進來,進入了我們的宮殿,殲滅了街上的孩童,和廣場上的青年。
Ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe mía dzi. Ege ɖe míaƒe mɔ sesẽwo me. Ekplɔ ɖeviwo dzoe le mɔtatawo dzi eye wòɖe ɖekakpuiwo ɖa le dua ƒe ablɔ me.
22 你應這樣說──上主的斷語──人的屍體僵臥著,好像在田野裏的糞堆;又像遺留在收割者後面無人拾取的麥束。
Gblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: “‘Amegbetɔwo ƒe ŋutilã kukuwo akaka abe gbeɖuɖɔ wolɔ kɔ ɖe agble dzi ene. Woanɔ abe nukue nuŋela ŋe ƒo ɖi, eye ame aɖeke meli afɔ wo o ene.’”
23 上主這樣說:「智者不應誇耀自己的智慧,力士不應誇耀自己的力量,富人不應誇耀自己的財富。
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Nunyala megatsɔ eƒe nunya ƒo adegbee alo ŋusẽtɔ natsɔ eƒe ŋusẽ aƒo adegbee alo kesinɔtɔ natsɔ eƒe kesinɔnuwo aƒo adegbee o,
24 凡要誇耀的,只應該在「知道和認識我」這件事誇耀,因為在地上是我,上主,施行仁慈、公道和正義,因為我喜愛這樣事──上主的斷語。
ke boŋ ame si aƒo adegbe la, neƒo adegbe tso nu sia ŋu be, yenyam hese gɔnyeme nyuie be nyee nye Yehowa, ame si nye dɔmenyotɔ, ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la kple dzɔdzɔetɔ le anyigba dzi eye esiawo mee medzɔa dzi le,” Yehowae gblɔe.
25 看,時日將到──上主的斷語──我要懲罰所有受過割損而仍存有包皮的人,
Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mahe to na ame siwo tso aʋa le ŋutilã me ko.
26 即埃及、猶大、厄東、阿孟子民、摩阿布和所有住在曠野剃除鬚髮的人,因為這一切民族都未受過割損,至於以色列全家卻是未受過內心的割損」。
Woawoe nye Egipte, Yuda, Edom, Amon, Moab kple ame siwo katã le dzogbenyigba siwo le didiƒe la dzi, elabena le nyateƒe me la, dukɔ siawo katã metso aʋa o. Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã metso aʋa le dzi me o.”

< 耶利米書 9 >