< 耶利米書 7 >

1 上主有話給耶肋米亞說:
Esiae nye gbedeasi tso Yehowa gbɔ na Yeremia:
2 「你站在上主殿字的門口,宣佈這話說:你們凡由這些門進來,朝拜上主的猶大人,請聽上主的話。
“Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia: “‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa.
3 萬軍的上主,以色列的這樣說:改善你們的生活和行為,我就讓你們住在這地方;
Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo eye mana mianɔ teƒe sia.
4 不要信賴虛偽的話說:「這是上主的聖殿,上主的聖殿,上主的聖殿!
Migaxɔ beblenyawo dzi se ahanɔ gbɔgblɔm be, “Esiae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ o!”
5 只有他們徹底改善你的生活和行為,在人與人之間行事公道,
Ne mieɖɔ miaƒe mɔwo kple miaƒe nuwɔnawo ɖo vavã eye ne mieto nyateƒe le miaƒe nuwɔnawo me kple mia nɔewo,
6 不虐待旅客、孤兒、寡婦,不在這地方傾流無辜者的血,不自招禍患去跟隨外邦的神祗,
ne miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe to o eye miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi le teƒe sia o; ne miedze mawu bubuwo yome hena miawo ŋutɔ ƒe gbegblẽ o la,
7 我才讓你們住在這地方,即我自開始便永遠賜給你們祖先的土地。
ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye wo tɔ tegbee la dzi.
8 可惜! 你們竟信賴虛偽無益的話。
Gake mikpɔ ɖa miele dzi ɖom ɖe beblenya siwo nye toflokowo la ŋuti.
9 怎麼﹖你們竟偷盜,兇殺,通姦,發虛誓,向巴耳獻香,跟隨素不相識的外方神祗,
“‘Ɖe miagafi fi, awu ame, awɔ ahasi, aka atam dzodzro, ado dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal eye miadze mawu bubu siwo mienya o la yome vɔ,
10 然後來到這歸我名下的殿裏,立在我面前說:「我們有了保障! 」好再去行這一切可惡的事﹖
emegbe miagava atsi tsitre ɖe ŋkunye me le aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me ahagblɔ be, “Míele dedie. Míele dedie,” ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã?
11 難道這座歸我名下的殿宇,在你們眼中竟成了賊窩了嗎﹖哎! 我看實在是這樣──上主的斷語。
Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’” Yehowae gblɔe.
12 那麼,請你們到我昔日在史羅立我名的地方去,察看我因我人名以色列的邪惡對她行了的事
“Mitso azɔ ne miayi ɖe Silo afi si mewɔ nɔƒe ɖo zi gbãtɔ na nye Ŋkɔ, ne miakpɔ ale si mewɔe le nye dukɔ, Israel ƒe nu tovo wɔwɔ ta.
13 現在因為你們做了這一切事──上主的斷語──我再三懇切勸你們,你們又不聽;我呼喚你們,你們也不答應;
Yehowa be, ‘Esi mienɔ nu siawo katã wɔm la, meƒo nu na mi zi geɖe gake miesee o, meyɔ mi gake mietɔ o.
14 為此,我要對付你們依恃的這座歸於我名下的殿宇,並對付我給你們及你們祖先的地域,向對付史羅一樣;
Eya ta nu si mewɔ na Silo la, eya kee mawɔ azɔ na aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo, gbedoxɔ si ŋuti mieɖo ŋu ɖo kple teƒe si metsɔ na mi kple mia fofowo.
15 我必將你們由我面前拋棄,如同拋棄了你們所的有,厄弗辣因全體後裔一樣。
Manya mi ɖa tso nye ŋkume abe ale si mewɔ mia nɔvi Efraimviwo ene.’
16 至於你,你你不必為這人民祈禱,不必為他們呼籲哀求,也不必向我懇求,因為我不會俯聽你。
“Eya ta, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku ɖe wo nu alo aƒo koko ɖe wo ta o, eye mègaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemaɖo to wò o.
17 他們在猶大各城和耶路撒冷街上做的是什麼事,難道你沒有看見﹖
Mèle nu si wɔm wole le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi la kpɔm oa?
18 兒子拾柴,父親燒火,母女揉麵給天后做餅,向外方神祗行奠祭,來觸怒我。
Ɖeviwo le nake fɔm, wo fofowo le dzo dom, wo dadawo le amɔ blum ne woame akpɔnɔ na Dziƒofianyɔnu. Woƒo aha ɖi na mawu bubuwo ne woatsɔ ado dziku nam.
19 他們果真觸怒我嗎﹖──上主的斷語──豈不是觸犯自己,使自己滿面慚愧﹖
Yehowa be, ‘Nyee wole dziku dom na? Ɖe menye woawo ŋutɔ boŋue le nuvevi wɔm wo ɖokui hena woƒe ŋukpe oa?’
20 為此我上主這樣說:看,我的憤怒和怒火,必要傾注在這地方的人和走獸身上,田間的樹木和土地的出產上,燃燒不熄。
“Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’
21 萬軍的上主,以色列的天主這樣說:「你們獻祭後,儘管飽悢祭肉;
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miyi edzi, mitsɔ miaƒe numevɔsawo kpe ɖe akpedavɔsawo ŋu eye miawo ŋutɔ miaɖu lã la.
22 可是,關於全燔祭和獻祭的事情,我在領你們祖先出離埃及那一天,並沒有對他們談及或吩咐什麼,
Elabena esi mekplɔ mia fofowo tso Egipte heƒo nu na wo la, nyemede se na wo tso numevɔsa kple akpedavɔsawo ko ŋu o.
23 只吩咐了他們這事說:你們應聽從我的聲音,那麼我必作你們的天主,你們也必作我的人民;你們應走我吩咐你們的一切道路,好使你們獲得幸福。
Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi.
24 他們不但不側耳細聽,反倒依照自己的計劃,隨自己邪惡的心生活,頑固不化;不以面向我,卻以背向我。
Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o.
25 從你們祖先出離埃及那一天起,直到今日,我給你們派遺了我所有的僕人先知,而且每天清早給你們派遺,
Tso gbe si gbe mia fofowo ʋu tso Egipte va se ɖe fifia la, meɖo nye nyagblɔɖilawo ɖe mi gbe sia gbe kple ga sia ga me.
26 但他們不但不側耳聽從我,反而更硬起自己的頸項,比自己的祖先還要乖戾。
Gake womeɖo to alo see nam o. Wonye kɔlialiatɔwo, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi wu wo fofowo.’
27 縱使你將這一切話告訴他們,他們也不會聽從你;任憑你怎樣呼喚,他們也不會答應你。
“Ne ègblɔ nu siawo katã na wo la, womaɖo to wò o. Ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o.
28 為此你對他們說:這個民族,不聽上主自己天主的聲音,不肯接受訓;忠實已喪失,已絕於他們口中。
Eya ta gblɔ na wo be, ‘Esiae nye dukɔ si meɖo to Yehowa, woƒe Mawu la alo ɖoa to ɖɔɖɔɖo o. Nyateƒe tsrɔ̃, eye wòbu le woƒe nuyiwo dzi.
29 你該剪去你的一綹頭髮,把它拋掉,在高丘上唱哀歌,因為上主擯斥,且拋棄了衪憎恨的時代。
“‘Lũ ta, eye nàtsɔ ɖa la aƒu gbe. Lia to kɔkɔ ƒeƒlewo, nɔ anyi nàdzi konyifaha elabena Yehowa gbe nu le dzidzime si le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ te la gbɔ eye wògblee ɖi.’”
30 的確,猶大子民作了我視為惡的──上主的斷語──將他們可惡之物,安置在歸我名下的殿宇裏,使殿宇受玷污;
“Yehowa be, ‘Yuda dukɔ wɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunye me. Woli woƒe legba nyɔŋuwo ɖe aƒe si ŋu woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la me hedo gui.
31 又本希農山谷的托斐特建築了丘壇,為火焚自己的子女;這是我從沒有吩咐,也從沒有想到的事。
Wotu nuxeƒewo na Tofet ɖe Ben Hinom ƒe Balime, be woatɔ dzo wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo le afi ma, nu si meva tame nam kaka mayi mɔ ɖe ge le eŋu na wo o.’
32 為此,看,時日將到──上主的斷語──人王再稱這地方為「托斐特」,或「本希農谷」,卻要稱它為「屠殺谷」;由於墳地不夠,連斐特也將充作墳場。
Eya ta Yehowa be, ‘Mikpɔ nyuie elabena ŋkekewo li gbɔna esi amewo magayɔe be Tofet alo Ben Hinom ƒe Balime o, ke boŋ woayɔe be, ku ƒe balime, elabena woaɖi ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.’
33 這人民的屍體將成為天空飛鳥和地上走獸的食物,而沒有人來驅逐。
Ekema ame kukuawo ƒe ŋutilã azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple lã wɔadãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi si anya wo o.
34 我必猶大城內和耶路撒冷街上,再也聽到歡愉和喜樂的音,新郎和新娘的音,因為這地要變為荒野。
Mana aseyetsotso, dzidzɔhawo, ɣlidodo ɖe ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ŋu natɔ te le Yuda duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, elabena anyigba la azu gbegbe.

< 耶利米書 7 >