< 耶利米書 47 >

1 在法郎尚未進攻迦薩以前,關於培肋舍特,上主有話傳給耶肋米亞先知說:
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia tso Filistitɔwo ŋu hafi Farao va dze Gaza dzi:
2 上主這樣說:「看,有水從北方湧來,形成一條氾濫的河流,淹沒大地和地上的一切,首都和其中的居民;人們必要喊叫,大地所有的居民必要哀號。
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ale si tɔwo le ɖɔɖɔm le anyiehe ɖa, woaɖɔ agbagba, anɔ sisim kple ŋusẽ. Woaɖɔ axɔ anyigba kple nu sia nu si le edzi, duwo kple wo me nɔlawo katã dzi. Ameawo alé avi me sesĩe eye ame siwo katã le anyigba dzi la, afa avi kple ɣli,
3 一聽到他駿馬的鐵蹄聲,轔轔的戰車聲,和隆隆的飛輪聲,為父親的已束手無策,不能再顧及自己的兒子,
nenye be wose sɔ siwo le du dzi la ƒe afɔzi kple futɔwo ƒe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ kple woƒe afɔtiwo ƒe totro. Fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu be woakpe ɖe wo ŋu o elabena woƒe asi adɔ agblɔ ɖe wo ŋu,
4 因為消滅一切培肋舍特人,和摧毀提洛及漆冬一切殘餘助手的日子來到了,上主要消滅培肋舍特人,加非托爾島的遺民
elabena ŋkeke la ɖo be woatsrɔ̃ Filistitɔwo katã, eye woaɖe ame siwo tsi agbe la ɖa, ame siwo ate ŋu akpe ɖe Tiro kple Sidon ŋu. Esusɔ vie Yehowa natsrɔ̃ Filistitɔwo, ame siwo nye Kaftor ƒuta ƒe ame mamlɛawo.
5 迦薩已一片荒涼,阿市刻隆已遭受滅亡;阿納克人的遺民,你們要割傷己身到何時呢﹖
Gaza ako ta kolikoli abe funyila ene, eye wòaɖo asi Askelon dzi be wòazi ɖoɖoe. O, mi ame siwo susɔ ɖe tagba, ɣe ka ɣie miasi mia ɖokuiwo ase ɖo?
6 唉! 上主的刀劍! 到何時纔休息﹖請你入鞘休息安歇罷!
“Èdo ɣli be, ‘Ao, Yehowa ƒe yi, ɣe ka ɣi hafi nàgbɔ ɖe eme? Tɔ, trɔ yi ɖe wò aku me eye nànɔ anyi kpoo.’
7 但上主既對它出了命,它怎能休息﹖阿市刻隆和海濱,是他給它指向的地方。
Aleke wòadzudzɔe esi wònye Yehowae ɖoe nɛ, esi wòɖe gbe nɛ be wòadze Askelon kple ƒutaduwo dzi?”

< 耶利米書 47 >