< 耶利米書 41 >

1 到了七月,厄里沙瑪的孫子,乃塔尼雅的兒子依市瑪耳──他是王家的後代,是君王的大臣──帶了十個人來到米茲帕阿希甘的兒子革達里雅那裏;當他們在米茲帕一同進餐時,
Le ɣleti adrelia me la, Ismael, Netania ƒe vi, Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒome me, eye wònye fia ƒe dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka la va Gedalia, Ahikam ƒe vi gbɔ le Mizpa kple ŋutsu ewo. Esi wole nu ɖum le kplɔ̃ ŋuti ɖekae la,
2 乃塔尼雅的兒子依市瑪耳和他帶來的十個人就起來,拔刀擊殺了巴比倫王委派管理地方的沙番的孫子,阿希甘的兒子革達里雅。
Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi.
3 凡在米茲帕與達里雅在一起的猶太人,和在那裏偶然相遇的加色丁兵士,依市瑪耳也都擊殺了。
Ismael wu Yudatɔ siwo ƒo ƒu ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa la hã, hekpe ɖe Babiloniasrafo siwo le afi ma la ŋuti.
4 革達里雅被害後第二天,人尚一無所知。
Gbe si gbe wowu Gedalia ƒe fɔŋli, hafi ame aɖe nase nu si dzɔ la,
5 有八十個人從舍根、史羅、撒瑪黎雅前來,都剃去了鬍鬚,撕破了衣服,割傷了身體,手裏拿著素祭祭品和乳香,要帶到上主殿宇去,
ŋutsu blaenyi siwo lũ ge, dze awu le wo ɖokuiwo ŋu eye wode abi wo ɖokuiwo ŋu la, tso Sekem, Silo kple Samaria va eye wotsɔ nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖe asi va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee.
6 沿途且走且哭。乃塔尼雅的兒子依市瑪耳從米茲帕出來迎接他們,一遇見他們就對他們說:「你們往阿希甘的兒子革達里雅那裏去罷! 」
Ismael, Netania ƒe vi, tso le Mizpa kple avi hehehe yina wo kpe ge. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be, “Miva Gedalia, Ahikam vi la gbɔ.”
7 他們到了城市中心,乃塔尼雅的兒子依市瑪耳和自己的部下就將他們殺了,扔在蓄水池裏。
Esi woge ɖe dua me la, Ismael, Netania ƒe vi kple ŋutsu siwo kpe ɖe eŋu la lé wo, tso ta le wo nu eye wotsɔ woƒe kukuawo ƒu gbe ɖe vudo me.
8 其中有十個人卻對依市瑪耳說:「不要殺害我們,因為我們在田野裏藏有油、蜜、大麥和小麥。」他遂即住手,沒有將他們與他們的弟兄一同殺掉。
Ke wo dometɔ ewo gblɔ na Ismael be, “Mègawu mí o! Bli, lu, ami kple anyitsi le mía si míeɣla ɖe gbe me.” Ale mewu woawo kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o.
9 依市瑪耳將所殺之人的屍首,丟在那裏的一個蓄水池內,那是一個很大的蓄水池,原是阿撒君王為對抗以色列君王巴厄沙而建造的;乃塔尼雅的兒子依市瑪耳用自己所殺之人的屍首填滿了這蓄水池。
Ke vudo si me wòtsɔ ame siwo wòwu kpe ɖe Gedalia ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo lae nye esi Fia Asa ɖe be yeatsɔ axe mɔ na Israel fia Baasa. Ke Netania ƒe vi, Ismael yɔe fũu kple ŋutilã kukuwo.
10 以後依市瑪耳擄去了留在米茲帕的遺民和王室閨秀,以及還留在米茲帕所有的人民:這些人,原是衛隊長乃步匝辣當委託給阿希甘的兒子革達里雅的;乃塔尼雅的兒子依市瑪耳卻將他們擄走,投往阿孟子民那裏去。
Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame mamlɛ siwo le Mizpa, fiavinyɔnuwo hekpe ɖe ame siwo katã susɔ ɖe afi ma ŋu, ame siwo nu aʋafia Nebuzaradan tsɔ Ahikam ƒe vi ɖo mɔmefiae la dzoe abe aʋaléleawo ene. Ismael, Netania ƒe vi la, kplɔ wo aboyomewoe eye wòɖo ta Amonitɔwo gbɔ kpli wo.
11 卡勒亞的兒子約哈南和隨從他的其餘部隊首領,得知乃塔尼雅的兒子依市瑪耳所做的一切惡事,
Ke esi Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo le egbɔ la se hlɔ̃donu siwo katã Netania ƒe vi, Ismael wɔ la,
12 就帶領自己所左的部下,去攻擊乃塔尼雅的兒子依市瑪耳,在基貝紅大水池旁與他相遇。
wokplɔ woƒe aʋakɔ la katã be woayi aɖawɔ aʋa kple Netania ƒe vi Ismael. Wova tui le tɔ gã si le Gibeon la to.
13 與依市耳瑪在一起的全體人民,一見卡勒亞的兒子約哈南和隨他前來的眾部隊首領,無不喜出望外。
Esi ameha siwo katã le Ismael ŋu kpɔ Karea ƒe vi, Yohanan kple asrafomegã siwo kplɔe ɖo la, dzi dzɔ wo ale gbegbe.
14 依市瑪耳從米茲帕擄來的全體人民,都轉身歸順卡勒亞的兒子約哈南;
Ame siwo katã Ismael ɖe aboyoe le Mizpa la trɔ le eyome eye woyi ɖe Yohanan, Karea ƒe vi la gbɔ.
15 只有乃塔尼雅的兒子依市瑪耳和八個人,由約哈南面前逃脫,跑到阿孟子民那裏去了。
Gake Netania ƒe vi, Ismael kple eŋutime enyi dze agbagba si le Yohanan nu yi ɖe Amonitɔwo gbɔ.
16 卡勒亞的兒子約哈南與隨從自己的眾部隊首領,就接收了乃塔尼雅的兒子依市瑪耳,在謀害阿希甘的兒子革達里雅後,從米茲帕擄走的全部遺民,能作戰的男子和婦女,幼童及宦官,從基貝紅將他們帶回來,
Azɔ la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegã siwo katã le eŋu la kplɔ dukɔ la ƒe ame siwo susɔ ɖe Mizpa, ame siwo woxɔ le Ismael, Netania ƒe vi la si, esi wòwu Ahikam vi, Gedalia la dzoe. Ameawoe nye: asrafowo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiasãmedɔwɔla siwo wòkplɔ tso Gibeon.
17 一路前行,在靠近白冷的革魯特基默罕住下,有意進入埃及,
Wodze mɔ le yiyim eye wova tɔ ɖe Gerut Kimham si te ɖe Betlehem ŋu, esi wole mɔ dzi yina ɖe Egipte
18 遠避加色丁人。他們實在害怕見到加色丁人,因為乃塔尼雅的兒子依市瑪耳,謀殺了巴比倫王委派管理地方的阿希甘的兒子革達里雅。
ne woasi le Babiloniatɔwo nu. Wole vɔvɔ̃m na wo elabena Netania ƒe vi, Ismael wu Ahikam ƒe vi, Gedalia, ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi.

< 耶利米書 41 >