< 耶利米書 38 >

1 瑪堂的兒子舍法提雅,帕市胡爾的兒子革達里雅,舍肋米雅的兒子猶加耳,瑪耳基雅的兒子帕市胡爾聽見耶肋米亞向全體人民講話說:「
Sefatia, Matan ƒe vi, Gedalia, Pasur ƒe vi, Yehukal, Selemia ƒe vi kple Pasur, Malkiya ƒe vi, wose nya si Yeremia gblɔ, esi wònɔ gbɔgblɔm na dukɔ la be,
2 上主這樣說:凡留在這城裏的,必死於刀劍、饑荒和瘟疫;凡出降加色丁人的,必能生存:獲得生命如得戰利品一樣,可得生存。
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame si anɔ du sia me la, atsi yi nu, dɔwuame alo dɔvɔ̃ ƒe asi me, gake ame si tsɔ eɖokui de asi na Babiloniatɔwo la, atsi agbe. Eƒe agbe azu afunyinu nɛ, ale wòanɔ agbe.’
3 上主這樣說:這座城市必交在巴比倫王軍隊的手中,他必佔領這座城市。」
Ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Woatsɔ du sia ade asi na Babilonia fia ƒe aʋakɔ kokoko eye woaxɔe.’”
4 眾首長就對君王說:「請將這人處死! 因為他說出了這樣使遺留在城裏的戰士和全體人民喪志的話;實在,這人謀求的,不是人民的福利,而是人民的災禍。」
Tete dumegãwo gblɔ na fia la be, “Ŋutsu sia dze na ku. Ele dzi ɖem le ƒo na aʋakɔ la kple ame siwo susɔ ɖe du sia me to nya siwo gblɔm wòle na wo me. Ŋutsu sia mele woƒe nyui dim o, negbe woƒe gbegblẽ.”
5 漆德克雅王答說:「看,他已經在們手中;君王不能反對你們。」
Fia Zedekia ɖo eŋu na wo be, “Fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tsitre ɖe mia ŋuti o, eya ta ele miaƒe asi me.”
6 他們便將耶肋米亞丟在王子瑪耳基雅在監獄庭院裏有的蓄水池內,用繩將他放下去;池內沒有水,只有污泥;耶肋米亞就陷在污泥裏。
Ale wolé Yeremia tsɔ de Malkiya, fia la ƒe vi ƒe vudo si le fiasã ƒe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Wode kae heɖiɖii ɖe vudo si me tsi mele o negbe ba koe le eme la me, eye Yeremia ɖo to ɖe ba la me.
7 住在王宮裏的雇士人厄貝得默肋客宦官,聽見人把耶肋米亞放在蓄水池裏。那時君王正坐在本雅明門旁,
Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la nɔ anyi ɖe Benyamingbo la nu la,
8 厄貝得默肋客就從王宮出來,稟告君王說:
Ebed Melek tso le fiasã la me yi ɖe egbɔ eye wògblɔ nɛ bena,
9 「我主君王! 這些人對先知耶肋米亞作的事,實在毒辣;他們竟將他丟在蓄水池裏,在那裏他必要餓死,因為城中沒有糧食了! 」
“Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ ŋutasẽnu ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ŋu, le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔe de vudo me afi si dɔ awui le wòaku nenye be abolo vɔ le dua me.”
10 王便命雇士人厄貝得默肋客說:「你立即帶三個人去,將耶肋米亞先知,趁他還沒有死,從蓄水池裏拉出來! 」
Tete fia la ɖe gbe na Kusitɔ, Ebed Melek be, “Kplɔ ŋutsu blaetɔ̃ tso teƒe sia ne miayi aɖaɖe Nyagblɔɖila Yeremia le vudo la me hafi wòava ku.”
11 厄貝得默肋客立即帶了一些人,回到王宮,從儲藏室拿了些破舊衣裳和破舊布片,用繩索給在蓄水池裏的耶肋米亞放下去。
Ale Ebed Melek kplɔ ŋutsuawo ɖe asi eye woyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒe la te, le fiasã la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu vuvu aɖewo le afi ma, hetsɔ wo sa ɖe ka ŋuti heɖiɖii ɖe Yeremia gbɔ le vudo la me.
12 雇士人厄貝得默肋客對耶肋米亞說:「請把破舊的衣服和布片,放在你兩腋下,然後把繩放在下面。」耶肋米亞就這樣做了。
Kusitɔ, Ebed Melek gblɔ na Yeremia be, “Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu vuvuawo de wò axatome be kawo magabebe wò o.” Yeremia wɔe nenema.
13 於是他們用繩索將耶肋米亞從蓄水池裏拉上來;這樣,耶肋米亞纔仍能住在拘留所的庭院裏。
Eye wohee kple ka do goe le vudo la me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.
14 漆德克雅王派人帶耶肋米亞先知到上主殿宇第三入口處去見他。君王對耶肋米亞說:「我要問你一件事,你什麼也不可對我隱瞞! 」
Tete Fia Zedekia dɔ amewo ɖa be woayɔ Nyagblɔɖila Yeremia vɛ eye wòna wokplɔe yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe agbo etɔ̃lia nu. Fia la gblɔ nɛ be, “Mele nya aɖe bia ge wò; mègaɣla naneke ɖem o.”
15 耶肋米亞答覆漆德克雅說:「我若稟告你,你豈不要將我處死嗎﹖我若給你出主意,你也不會聽從我! 」
Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ne mena ŋuɖoɖo wò la, màwum oa? Ne meɖo aɖaŋu na wò gɔ̃ hã la, màɖo tom o.”
16 漆德克雅王對耶肋米亞暗地發誓說:「那賜與我們這生命的上主永在,我決不將你處死,決不將你交在這些圖謀你性命者的手中。」
Ke Fia Zedekia ka atam sia na Yeremia le bebeme be, “Meta Yehowa, ame si na agbegbɔgbɔ mí la ƒe agbe be, nyemawu wò loo, alo atsɔ wò ade asi na ame siwo le wò ku dim la o.”
17 於是耶肋米亞對漆德克雅說:「萬軍的天主,以色列的天主上主這樣說:如果你出去,向巴比倫王將帥投降,你的性命必可保全,這城不至於被焚;你和你全家也必生存。
Tete Yeremia gblɔ na Zedekia be, “Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ne ètsɔ ɖokuiwò de asi na Babilonia fia ƒe amegãwo la, àɖe wò agbe eye womatɔ dzo du sia hã o, ale wò ŋutɔ kple wò ƒometɔwo siaa miatsi agbe.
18 但是如果你不出去向巴比倫王將帥投降,這城必會被交在加色丁人的手裏,由他們放火燒城,而你也逃不出他們的手。」
Ke ne ègbe be yematsɔ ɖokuiwò ade asi na Babilonia fia ƒe amegãwo o la, woatsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo woatɔ dzoe keŋkeŋ eye wò ŋutɔ hã màdo le woƒe asi me o.’”
19 漆德克雅王便對耶肋米亞說:「我很害怕那些投降加色丁人的猶太人,將我交在他們手中,任他們凌辱我。」
Fia Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mele vɔvɔ̃m na Yudatɔ siwo si yi ɖe Babiloniatɔwo gbɔ, elabena Babiloniatɔwo ate ŋu atsɔm ade asi na wo eye woawɔ fum.”
20 耶肋米亞答說:「他們不會將你交出! 在我對你所說的事上,你只管聽上主的聲音,事必於你有利,你的性命必可保全。
Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe.
21 但是,如果你拒絕出降,這就是上主使我預見的事:
Ke ne ègbe, mèna ta o la, nu si Yehowa ɖe fiam lae nye esi:
22 看,凡留在猶大王宮的一切婦女,都要被領出,交給巴比倫王的將帥,哭訴著說:對你高唱和平的友人,欺騙了你,愚弄了你;見你雙腳陷入泥淖,就轉背逃遁。
‘Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la vɛ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na wò be: “‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la kplɔ wò trae, eye woɖu dziwò. Wò afɔ ɖo ba, eye xɔ̃wòwo kaka le ŋuwò.’
23 你的妻子兒女,都要被領出,交給加色丁人;連你也逃不出他們的手,終於被巴比倫王捉去;至於這城,必要被火焚毀。」
“Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Babiloniatɔwo, wò ŋutɔ màsi le wo ƒe asi me o, ke boŋ Babilonia fia alé wò eye wòatɔ dzo du sia keŋkeŋ.”
24 於是漆德克雅對耶肋米亞說:「任何陽不得知道這些話,否則你就該死!
Tete Zedekia gblɔ na Yeremia be, “Mègana ame aɖeke nanya nu le dzeɖoɖo si yi edzi le mía dome la ŋuti o, ne menye nenema o la, àku.
25 倘若首長們聽說我曾與你談論,而前來問你說:請你告訴我們,你對君王說了什麼﹖你不可對我們隱瞞,否則我們就要你的命! 究竟君王對你說了些什麼﹖
Ne adzɔ be dumegãwo ase be meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò agblɔ be: ‘Gblɔ nu si nègblɔ na fia la kple ale si fia la ɖo eŋui na wò la na mí, mègaɣla ɖeke ɖe mí o, ne menye nenema o la, àku’ la,
26 你要回答他們說:我向君王面呈我的請求,請他不要叫我再回到約納堂的家裏去,死在那裏。」
ekema gblɔ na wo be, ‘Ɖeko mele kuku ɖem na fia la be megatrɔm ɖo ɖe Yonatan ƒe aƒe me, ne maku ɖe afi ma o.’”
27 果然,眾首長前來質問耶肋米亞,他就全依照君王吩咐的話答覆了他們。他們對他無話可說,因為那次的談話,沒有被人竊聽了去。
Kasia, dumegãwo katã va ƒo kɔ ɖe Yeremia ŋu hebia gbee tso gododo la ŋu eye wògblɔ nu si fia la de se nɛ be wòagblɔ la na wo. Ale womegabia nya aɖekee o, elabena ame aɖeke mese dzeɖoɖo si yi dzi le wo kple fia la dome o.
28 這樣,耶肋米亞直到耶路撒冷淪陷的那一天,就住在拘留所的庭院裏。
Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu va se ɖe esime woxɔ Yerusalem du la. Yerusalem du la xɔxɔ yi ale:

< 耶利米書 38 >