< 耶利米書 37 >

1 雅的兒子漆德克雅繼約雅金的兒子耶苛尼雅為王,巴比倫王拿步高立他為王統治猶大地。
Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Yosia ƒe vi, Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda, ɖe Yehoyakim ƒe vi, Yehoyatsin teƒe.
2 他和他的臣僕及本地人民,都沒有聽從上主藉耶肋米亞先知所說的話。
Ke eya loo, alo eƒe dɔlawo alo ame siwo le anyigba dzi la meɖo to nya siwo Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi o.
3 漆德克雅王派舍肋米亞的兒子猶加耳,和司祭瑪阿雅的兒子責法尼雅到耶肋米亞先知那裏說:「請你為我們轉求上主,我們的天主! 」
Ke hã la, Fia Zedekia dɔ Yehukal, Selemia ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya vi ɖo ɖe Nyagblɔɖila Yeremia gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, do gbe ɖa na Yehowa míaƒe Mawu la ɖe mía ta.”
4 那時,耶肋米亞尚出入於民間,人還沒有將他放在監獄裏。
Ke azɔ la, ablɔɖe le Yeremia si be wòado ɖe dukɔ la dome agagbɔ, elabena womedee gaxɔ me haɖeke o.
5 法郎軍隊忽由埃及出發,圍攻耶路撒冷的加色丁人一聽見他們出動的消息,就由耶路撒冷撤退了。
Farao ƒe aʋakɔwo ho tso Egipte eye esi Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe Yerusalem se esia la, woho dzo le Yerusalem.
6 此時上主有話傳給耶肋米亞先知說:
Yehowa ƒe nya va na Nyagblɔɖila Yeremia be,
7 「上主,以色列的天主這樣說:你們應這樣回答派你們前來求間我的猶大君王說:看,出發前來援助你們的法郎軍隊,仍要回到自己的本地埃及去。
“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbem la be, ‘Farao ƒe aʋakɔ siwo ho be woava akpe ɖe ŋutiwò la agbugbɔ ayi ɖe Egipte, woƒe anyigba dzi.
8 至於加色丁人仍要捲土重來,進攻這座城市;且要攻下,放火燒城。
Ekema Babiloniatɔwo atrɔ gbɔ, ava dze du sia dzi, axɔe ahatɔ dzoe wòabi azu dzowɔ.’
9 上主這樣說:你們不要自欺說:加色丁人已離我們遠去! 真實,他們並沒有遠去。
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migable mia ɖokuiwo, asusu be, ‘Babiloniatɔwo aɖe asi le yewo ŋuti o.’ Womaɖe asi o!
10 縱使你們能擊敗與你們交戰的加色丁人所有的軍隊,使他們中只剩下一些受傷的人,他們仍要由帳中奮起,放火燒盡這座城市。
Kura gɔ̃ hã, ne miaɖu Babiloniatɔ siwo ho aʋa ɖe mia ŋu la ƒe aʋakɔwo katã dzi eye abixɔlawo koe asusɔ ɖe woƒe asaɖa me hã la, woado ava xɔ du sia atɔ dzoe.”
11 加色丁人的軍隊受法郎軍隊的威脅,由耶路撒冷撤退時,
Esi Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔwo ho dzo le Yerusalem, le Farao ƒe aʋakɔwo ta la,
12 耶肋米亞離開耶路撒冷,到本篤地去,要在那裏由自己的親族間分得一份產業。
Yeremia do le dua me be yeayi ɖe Benyaminyigba dzi be yeaxɔ yeƒe gome ɖe ame siwo le afi ma la dome.
13 當他到了本雅明門時,那裏有一個站崗的人,名叫依黎雅,是舍肋米亞的兒子,哈納尼雅的孫子,捉住耶肋米亞先知說:「你想去投降加色丁人! 」
Gake esi wòɖo Benyamin ƒe Agbo nu la, agbonudzɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye; Iriya, Selemia ƒe vi, Hananiya ƒe vi, lée hegblɔ be, “Èsi, be yeayi ɖe Babiloniatɔwo dzi!”
14 耶肋米亞答說:「冤枉! 我不是去投降加色人丁」。依黎雅不聽他說,就捉住耶肋米亞,帶他去見首長。
Yeremia ɖo eŋu be, “Alakpae, nyemele sisim be mayi ɖe Babiloniatɔwo dzi o.” Ke Iriya gbe meɖo toe o, ke boŋ elé Yeremia eye wòkplɔe yi ɖe dumegãwo gbɔe.
15 首長們遂發怒,將耶肋米亞鞭打了,幽禁在書記家的監牢裏,因為他們早已把他的家改成了監獄。
Wodo dziku ɖe Yeremia ŋu vevie, wona woƒoe hetsɔe de ga me ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.
16 於是耶肋米亞走一穹形的地窖內,在那裏住了多日。
Ale wotsɔ Yeremia de gaxɔ dometɔ si sesẽ hedo viviti la me, afi si wònɔ ɣeyiɣi didi aɖe.
17 此後,漆德克雅王派人提他出來,在自己的宮殿私下問他說:「上主有什麼話沒有﹖」耶肋米亞答說:「有」。接著說:「你必被交在巴比倫王手中」。
Tete Fia Zedekia dɔ ame ɖa be woaɖakplɔe vɛ eye wokplɔe va fiasã la mee, afi si wòbiae le, le bebeme be, “Gbe aɖe va tso Yehowa gbɔa?” Yeremia ɖo eŋu be, “Ɛ̃, woakplɔ wò ade asi na Babilonia fia.”
18 此外,耶肋米亞還問漆德克雅王說:「我在什麼事上得罪了你和你的臣僕,以及這些人民,你們竟將我放在監裏﹖
Tete Yeremia gblɔ na Fia Zedekia be, “Agɔ kae medze le dziwò, wò dumegãwo alo ame siawo dzi, be nètsɔm de gaxɔ me?
19 你們那些曾向你們預言說:巴比倫王不會來攻打你們和這地方的先知,現在在哪裏!
Afi ka wò nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò be, ‘Babilonia fia mava dze dziwò alo anyigba sia dzi o la le?’
20 如今,我主君王,請聽!願你開恩允許我的祈求,不要叫我再回到書記約納堂家裡去,免得我死在那裡!」
Ke azɔ la, nye aƒetɔ fia, meɖe kuku, ɖo to nàsee. Na matsɔ nye biabia aɖo ŋkuwòme: Mègatrɔm ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe aƒe me o, ne menye nenema o la, maku ɖe afi ma.”
21 於是漆德克雅王下令,將耶肋米亞囚禁在監獄的庭院裏,每日由麵包房取一份食物給他,直到城中糧食用盡。從此耶肋米亞o主在拘留所內的庭院裏。
Tete fia Zedekia ɖe gbe be, woatsɔ Yeremia ada ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu eye woatsɔ abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime abolo vɔ le dua me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.

< 耶利米書 37 >