< 耶利米書 33 >

1 米亞還拘禁在監獄的庭的時候,又有上主的話傳給他說:
Esi Yeremia gale ga me ko le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la, Yehowa ƒe nya va nɛ zi evelia be,
2 那創造形成和奠定大地,且名叫「雅威」的上主這樣說:
“Ale Yehowa, ame si wɔ anyigba, Yehowa si wɔe hetsɔe ɖo te, eye eŋkɔe nye Yehowa la gblɔe nye esi:
3 你呼喚我,我必答覆你,把偉大和你不認識的奧秘事情告訴你。
‘Yɔm, eye matɔ na wò, magblɔ nu gã siwo mènya o, eye wo me dzodzro hã meli o la na wò!’
4 上主以色列的天主這樣論及這城為圍攻工事和武力摧毀的房屋和猶大王宮說──
Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aƒe siwo le du sia me kple Yuda fiawo ƒe fiasã siwo wogbã ƒu anyi be woalɔ awɔ akpoxɔnu ɖe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo kple yi ŋuti,
5 他們前去與加色丁人交戰,只不過是將屍體充塞城市,因為我以盛怒殺戳了他們,因了他們的種種罪惡,我已掩面不顧這城市──
le aʋa si wowɔ kple Babiloniatɔwo la me. ‘Woayɔ fũu kple ŋutsu siwo mewu le nye dziku kple dɔmedzoe me la ƒe kukuawo. Maɣla nye mo ɖe du sia le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta.
6 看,我必使他們的瘡痍收口痊愈,獲得醫治;給他們大開和平和安寧的寶庫;
“‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu.
7 轉變猶大和以色列的命運,使他們復興如初;
Makplɔ Yuda kple Israel agbɔe tso aboyo me, eye magaɖo wo te abe ale si wonɔ tsã ene.
8 洗除他們得罪我的一切犯罪,赦免他們得罪和違背我的一切過犯。
Maklɔ nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋutinye la ɖa le wo ŋu, eye matsɔ woƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la ake wo.
9 這城必使在普世萬民間獲得喜慶、讚美和光榮;他們聽到我對這城行的一切善事,必因我賜給這城的種種幸福與和平,起敬起畏。
Ekema du sia atsɔ ŋkɔ gã, dzidzɔ, kafukafu kple bubu vɛ nam le anyigbadzidukɔ siwo katã se nu nyui siwo mewɔ na wo la dome; ŋɔdzi alé wo eye woadzo nyanyanya le nunyoname gbogbo kple ŋutifafa si mena wo la ta.’
10 上主這樣說:「在你們所謂人獸絕跡的荒野地方,在猶大的城市和耶路撒冷,沒有居民和牲畜的荒涼街上,
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ègblɔ tso teƒe sia ŋuti be, ezu aƒedo si me amewo alo lãwo mele o.’ Gake le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdome siwo ɖi gbɔlo, eye amegbetɔwo alo lãwo gɔ hã megale o la, woagase
11 人還聽到愉快和喜樂的聲音,新郎娘和貪污的聲音;還要聽到上主在上主殿宇奉獻感恩的人說:請你們讚頌萬軍的上主,因為上主是美善的,衪的慈愛永遠常存;因為我要轉變這地的命運,使它復興如初──上主說」。
dzidzɔ kple aseyetsotso, ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ame siwo tsɔ akpedavɔsa va Yehowa ƒe gbedoxɔ mee, woanɔ gbɔgblɔm be, “Mida akpe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, elabena Yehowa ƒe dɔ me nyo eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbee. Elabena magaɖo anyigba la ƒe nunyonamewo te abe tsã ene.” Yehowae gblɔe.
12 萬軍的上主這樣說:「在這人獸絕跡的地方,和其中所有的城市裏,仍要有牧童牧放羊群的牧埸;
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Teƒe sia kple eƒe du siwo katã zu aƒedo, eye amewo alo lãwo gɔ̃ hã menɔ wo me o la aganye lãnyiƒe damawo na alẽkplɔlawo be woakplɔ woƒe alẽhawo ayii.
13 在山地和平原以及南的各城鏔裏,在本雅明地,在耶路撒冷城郊,在猶大的各城市裏,仍要有人點手下經過的羊群──上主說。
Le togbɛnyigba ƒe duwo me kple du siwo le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to, kpe ɖe du siwo le gbegbe le Benyaminyigba dzi, heyi ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple Yuda ƒe duwo la, alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te.’ Yehowae gblɔe.
14 看,時日將到──上主的斷語──我要實踐我對以色列家和猶大家預許賜福的諾言。
“Yehowa be, ‘Ŋkekewo li gbɔna esi mawɔ ɖe amenuveve ƒe ŋugbe si medo na Israel kple Yuda ƒe aƒewo dzi.’
15 在那些日子裏,在那時期內,我必由達味出生一正義的曲芽,在地上執行公道和正義;
“Le ŋkeke mawo kple ɣeyiɣi mawo me la, mana Atilɔ dzɔdzɔe aɖe nado tso David ƒe ƒome me, awɔ nu si le eteƒe, eye wòle dzɔdzɔe la le anyigba dzi.
16 在那時日裏,猶大必獲救,耶路撒冷必居享安寧,人用以稱叫她的名字將是「上主是我們的正義」。
Le ŋkeke mawo me la, woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ, ‘Yehowa Míaƒe Dzɔdzɔenyenye?’
17 因為上主這樣說:達味總不斷有人坐在以色列家的寶座上;
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘David magbe amekpɔkpɔ ne wòanɔ anyi ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe fiazikpui dzi loo,
18 肋未司祭也總不斷有人站在我面前奉獻全燔祭,焚燒祭品,天天殺牲舉祭」。
alo nunɔla siwo nye Leviviwo la nagbe ame si anɔ nye ŋkume ɖaa anɔ numevɔsa, nuɖuvɔsa kple vɔsa bubuwo wɔm nam la kpɔkpɔ o.’”
19 有上主的話傳給耶肋米亞說:
Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
20 「上主這樣說:假若你能破壞我與白日黑夜訂立 盟約,使白日黑夜不再依循自己的時序,
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ne miate ŋu atu nye nu si mebla kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã magava ɖe woƒe ɖoɖo nu o la,
21 那我與我僕達味的盟約也就可以破壞,使他再沒有兒子繼位為王;我與我的僕役肋未司祭的盟約,也就可以破壞。
ekema woate ŋu atu nye nu si mebla kple nye dɔla David kple esi mebla kple Leviviwo, ame siwo nye nunɔlawo eye wowɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me. David hã magakpɔ dzidzimevi si aɖu fia le eƒe fiazikpui dzi o.
22 我要這樣增添我僕達味的後裔和服事我的肋未人,有如天上數不清的軍旅,海中量不盡的沙粒」。
Mawɔ David ƒe dzidzimeviwo woanye nye dɔlawo eye mana Levi vi siwo wɔa subɔsubɔdɔ le ŋkunye me la nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli ŋu kple ke le ƒuta ene.’”
23 有的話傳給耶肋米亞說:
Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
24 「難道你沒有注意這人民說些什麼話嗎﹖他們說:上主揀選了兩個家族,如今又把他們拋棄了! 他們竟這樣輕視我的人民,不再把他們看作一個民族。
“Mède dzesii be ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Yehowa gbe fiaɖuƒe eve siwo wòtia’ la oa? Ale woɖe alɔme le dukɔ la ŋu eye womegabua wo abe dukɔ ene o.
25 上主這樣說:假若我沒有與白日黑夜訂立盟約,沒有給上天下地設立軌道,
Ale Yehowa gblɔe nye esi: Nenye ɖe nyemebla nu kple ŋkeke kple zã o eye mede se na dziƒo kple anyigba o la,
26 我就可以拋棄雅各伯與我僕達味的後裔,不再由他的後裔選拔人,來統治亞巴郎、依撒格和雅各伯的 後裔,因為我必要憐憫他們,轉變他們的命運」。
ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”

< 耶利米書 33 >