< 耶利米書 25 >

1 猶大王約史雅的兒子約雅金執政第四年, 巴比倫王拿步高元年,有關於全猶大人民的話,傳給耶肋米亞;
Le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ƒe ƒe enelia me si nye Babilonia fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia ku ɖe Yuda dukɔ la ŋu.
2 耶肋米亞先知便將這話轉告給全猶大人民,和耶路撒冷所有的居民說:「
Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be:
3 自猶大王阿孟的兒子約史雅執政第十三魁,直到今日,已經二十三年,凡上主傳給我的話,我都急速告訴了你們,你們卻不聽。
Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o.
4 上主不斷給你們派來他所有的僕人──先知們,你們總是不聽,不願傾耳諦聽。
Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o.
5 他們說:你們應各自離棄自己的邪道,和自己的邪惡的行為,好能住在上主從永遠到永遠賜給了你們和你們祖先的地域裏;
Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me.
6 不要追隨其他的神祇,事奉朝拜,以你們手做的東西來激怒我,你們就不致遭遇災禍。
Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.”
7 你們沒有聽從我──上主的斷語──竟以你們手做的東西來激怒我,自招禍患。
Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.”
8 為此,萬軍的上主這樣說:由於你們不聽我的話,
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la,
9 看,我必遣人召來北方的一切種族──上主的斷語──和我的僕人巴比倫王拿步高來進攻這地方,和這地方的居民,以及四周所有的民族;我要徹底消滅,任其荒涼,永遠成為笑柄和羞辱的對象。
mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe.
10 此外,我還要息滅他們中歡樂喜慶的歌聲,新郎和新娘的歡笑聲,磨聲和燈光。
Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o.
11 這地方要全變為淒涼野,這些民族要七十年服從巴比倫王。
Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe.
12 但是,一滿了七十年,我必要懲罰巴比倫王和這民族的罪惡──上主的斷語──以及加色丁人的國土,使它永遠成為荒野。
Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe.
13 對這國土,我要執行我論它所說,在這書上所記載先知耶肋米亞論及萬民所預言的一切話,
Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi.
14 因為強盛的民族和有力的君王,要使他們成為自己的奴隸;我必依照他的作為和他們雙手所行的事,報復他們。
Woawo ŋutɔ la, dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo awɔ wo kluviwoe. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu kple nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.”
15 上主,以色列的天主這樣對我說:「你從我手中接過這杯忿怒酒去,讓我派你所到的各民族喝。
Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la.
16 他們必要喝,必要在我給他們派來的刀劍前,蹣跚發狂。」
Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.”
17 我便從上主手中接過杯來,給了上主派我所到的各民族喝:使她們荒蕪淒涼,
Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe.
18 受人嘲笑詛咒,像今日一樣;
Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene.
19 給埃及王法郎和他們的臣僕王侯並全體人民;
Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo,
20 給所有的雜族,胡茲地和培肋舍特地的眾君王;給阿市刻隆、迦薩、厄刻龍和阿市多得的遺民;
hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti, Uz fiawo katã, Filistitɔwo ƒe fiawo katã esiwo tso Askelon, Gaza, Ekron, kpe ɖe ame siwo wogblẽ ɖe Asdod ŋu.
21 給厄東、摩阿布和阿孟子民;
Edom, Moab kple Amon;
22 給提洛、漆冬和海外島嶼的眾君王;
kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo;
23 給德丹、特瑪、步次和凡剃除鬢髮的人;
Dedan Tema, Buz kpe ɖe didiƒetɔwo ŋu;
24 給阿剌伯和在沙漠居住的雜族的眾君王;
Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu.
25 給齊默黎、厄藍和瑪待的眾君王;
Fia siwo katã le Zimri, Elam kple Media.
26 給北方彼此相離或遠或近的眾君王,以及地面上所有的王國喝;最後喝的,是舍沙客的君王。
Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe. Ne wo katã noe vɔ la, ekema Sesak fia hã anoe.
27 你應對他們說:「萬軍的上主,以色列的天主這樣說:你們要喝,喝醉,嘔吐,倒在我給你們派來的刀劍前,再不起來。
“Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.”’
28 假使他們不肯從你手中取過杯去喝,你就對他們說:萬軍的上主這樣說:你必須喝。
Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!”
29 因為,看,我開始降罰歸我名下的城市,而你們竟想全然免罰嗎﹖你們決不能免罰,因為我要給地上所有的居民招來刀劍──萬軍上主的斷語。
Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’
30 你應給他們預言這一切話,對他們說:上主從高處作獅吼,從他的聖所發出他的聲音,對自己的牧場厲聲怒號,對地上所有的居民,像榨葡萄的人一樣喊叫。
“Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be, “Yehowa aɖe gbe tso dziƒo eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti. Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.
31 一陣喧嘩嘈雜,直至地極,因為上主與萬民有了爭訟,與一切有血肉的人,進行審判,將惡人交給刀劍──上主的斷語──
Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu, ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzi eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.” Yehowae gblɔe.
32 萬軍的上主這樣說:看,各國相繼發生災禍,由地極捲來強烈的風暴。
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, gbegblẽ le kakam tso dukɔ me yi dukɔ me. Ahom sesẽ aɖe ho tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.”
33 到了那一天,從地極到地極,遍是上主戮的人,沒有人哀悼、收殮、埋葬,有如地面上的糞土。
Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.
34 為人牧者,你們應哭泣哀號! 為羊群領導者,你們應在灰塵中輾轉! 因為們的日期已滿,你們要被宰割,像精選的公羊。
Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli, mimli le ke me, mi alẽha ƒe kplɔlawo. Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi, miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene.
35 為人牧者,無路可逃;為羊群領導者,無法脫身。
Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o, eye alẽhawo ƒe kplɔlawo manya afi si woabe ɖo o.
36 聽啊! 為人牧者在哀號,為羊群領導者在哭泣,因為上主摧毀了他們的牧場。
Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa; ɖo to kplɔlawo ƒe ɣlidodo, elabena Yehowa le woƒe lãnyiƒe la tsrɔ̃m.
37 寧靜的草場,因上主的怒燄,已成一片荒涼。
Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigba le Yehowa ƒe dziku dziŋɔ la ta.
38 獅子離棄了自己的巢穴,因為他們的土地,由於刀劍的無情和上主的盛怒,已成了荒野。
Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene, eye woƒe anyigba azu gbegbe le ameteɖetola ƒe yi kple Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.

< 耶利米書 25 >