< 耶利米書 18 >

1 上主有話傳給耶肋米亞說:
Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Yeremia,
2 「起來,下到陶工家裏去,在那裏我要讓你聽到我的話」。
“Tso nàyi ɖe zemela ƒe aƒe me, eye le afi ma matsɔ nye gbedeasi na wo.”
3 我便下到陶工家裏,見他正在輪盤上工作。
Ale meyi ɖe zemela ƒe aƒe me eye mekpɔe wònɔ dɔ wɔm le zemenu dzi.
4 陶工用泥做的器皿,若在他手中壞了,他便再做,或做成另一個器皿,全隨陶工的意思去做。
Ke ze si mem wòle la gbã ɖe eƒe asiwo me, eya ta zemela la tsɔ anyi la me ze bubu ale si dze eya zemela la ŋu.
5 於是上主的話傳給我說:
Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena,
6 「以色列家,我豈不能像這陶工一樣對待你們﹖──上主的斷語──以色列家! 看,你們在我手中,就像泥土在陶工手中一樣。
“Yehowa be O Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ na wò abe ale si zemela sia wɔ ene oa? O Israel ƒe aƒe, abe ale si anyi nɔa zemela ƒe asi me ene la, nenema miele nye asimee.
7 我一時可對一個民族,或如同國家,決意要拔除,要毀壞,要消滅;
Ne ɣe aɖe ɣi meɖe gbeƒã be maho dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe kple ke, agbãe, ahatsrɔ̃e,
8 但是我要打擊的民族,若離棄自己的邪惡,我也反悔,不再給他降原定的災禍。
eye dukɔ si ŋu megblɔ nya la ɖo la trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi vavã la, ekema matrɔ susu eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe eŋuti la ava edzi o.
9 或者,我一時想對一個民族或一個國家,決意要建設,要栽培,
Ke ne meɖe gbeƒã ɣe bubu ɣi be maɖo dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe te, ahade eƒe agunu to
10 但若她行我不喜歡的事,不聽從我的聲音,我也要反悔,不再給她許過的恩惠。
gake wòwɔ nu si nye vɔ̃ le nye ŋkume eye meɖo tom o la, ekema matrɔ susu le nu nyui si meɖo be mawɔ nɛ hafi la ŋuti.
11 現在你可告訴猶大人和耶路撒冷的居民說:上主這樣說:看,我已給你們安排了災禍,定了懲罰你們的計劃,希望你們每人離棄自己的邪道,改善自己的途徑和作為」。
“Azɔ gblɔ na ame siwo le Yuda kple Yerusalem be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, meɖo gbegblẽ ɖe mia ŋu eye mele nugbe ɖom ɖe mia ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye miaɖɔ miaƒe mɔwo kple wɔnawo ɖo.’
12 他們反倒答說:「已沒有希望弓! 因為我們願隨從自己的計謀,各按自己頑固的惡意行事」。
Gake woaɖo eŋu be, ‘Mehiã o; miayi edzi awɔ miaƒe lɔlɔ̃nu eye mia dometɔ ɖe sia ɖe adze eƒe dzi vɔ̃ɖi kple aglãdzenuwo yome.’”
13 為此上主這樣說:「你們可到各民族去詢問:有誰聽到了像這樣的事﹖以色列處女做出了極可憎的事。
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mibia le dukɔwo dome be, ame kae se esia tɔgbi kpɔ mahã? Ɖetugbi dzadzɛ, Israel, wɔ ŋunyɔnu si teƒe mekɔ o.
14 黎巴嫩山巔的巖石豈能缺少積雪﹖叢山間湧流的冰泉,豈能涸竭﹖
Ɖe tsikpe si dzana ɖe Lebanon ƒe agakpewo kɔgo la vɔna? Ɖe eƒe tsi fafɛ si sina toa dukɔ la me tso teƒe didiwo la nu tsona?
15 但我的人民卻忘掉了我,向「虛無」獻香,滑出了自己的正道,離開舊日的行徑,而走上了小道,不平坦的路,
Ke nye amewo ŋlɔm be hedoa dzudzɔ ʋeʋĩ na legba maɖinu siwo nana be woklia nu le woƒe toƒewo kple blemamɔwo dzi. Wonana be wozɔa mɔ siwo to duwo xa kple mɔ siwo menye mɔ dodowo o la dzi.
16 使自己的地域變為驚愕的原因,取笑的目標;凡經過這 中2 的人,莫不驚異搖首。
Woana woƒe anyigba nazu gbegbe, eye woazu alɔmeɖenu tegbee. Ame siwo katã ato afi ma ayi la, ƒe mo awɔ yaa, eye woaʋuʋu ta.
17 我必像一陳東風在敵人面前將他們吹散;在他們滅亡之日,我必使你們只見我背,不見我面」。
Makaka wo le woƒe futɔwo ŋgɔ abe ɣedzeƒeya ene. Matrɔ nye megbe ade wo le woƒe dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋkeke la dzi, ke menye nye ŋkume o.”
18 他們說:「來,我們合謀陷害耶肋米亞! 因為沒有司祭,法律不會因此廢止;沒有智者,計謀不會因此缺乏;沒有先知,神諭不會因此斷絕。來,我們用舌頭評擊他,不注意他的一切 勸告」。
Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”
19 上主,願你俯聽我,請聽我敵人的聲明。
Yehowa, ɖo tom, se nu si gblɔm nunyetsolawo le la ɖa!
20 難道該以怨報德嗎﹖他們竟掘下陷阱來陷害我的生命! 望你記憶:我曾在你面前為他們求情,替他們挽回你的盛怒。
Ɖe woatsɔ vɔ̃ aɖo nyui teƒea? Ke woɖe ʋe ɖi nam. Ɖo ŋku edzi be metsi tsitre ɖe ŋkuwòme ɖe kuku ɖe wo ta be nàtsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo ne màgatrɔ wò dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi o.
21 為此,你應使他們的子女遭受饑荒,任人屠殺;使他們的婦女喪予居寡,使他們的男人死於瘟疫,使他們的青年在戰埸上死於刀下。
Eya ta tsɔ wo viwo de asi na dɔwuame, tsɔ wo de asi na yi ƒe ŋusẽ. Na be wo srɔ̃wo nazu konɔwo kple ahosiwo, na be woawu wo srɔ̃ŋutsuwo, eye woƒe ɖekakpuiwo natsi yi nu le aʋagbedzi.
22 當你引匪隊突擊他們時,願從他們的屋裏可聽到哭聲,因為他們掘了陷阱捕捉我,在我腳下設下羅網。
Na be avifafa naɖi le woƒe aƒewo me ne èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi, elabena woɖe ʋe ɖi be mage ɖe eme ne yewoalém, eye woɖo mɔ ɖi na nye afɔwo.
23 如同你,上主,你知道他們對我的一切計劃是要殺害我;請你不要寬恕他們的過惡,不要由你面前抹去他們的過惡,務使他們倒仆在你面前;在你發怒時,求你報復他們。
O Yehowa, wò la, ènya nugbe si woɖo ɖe ŋunye be yewoawum. Mègatsɔ woƒe hlɔ̃dodowo ke alo nàtutu woƒe nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwòme o. Na be woatsɔ wo axlã ɖe anyi le ŋkuwòme, eye nàtu nu kpli wo le wò dzikudogbe.

< 耶利米書 18 >