< 以賽亞書 7 >

1 當烏齊雅的孫子,約堂的兒子阿哈次為猶大王時,阿蘭王勒斤和以色列王勒瑪里雅的兒子培卡黑,上來攻打耶路撒冷,但是不能攻陷。
Le Yuda fia, Ahaz, Uzia ƒe vi, Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la, Siria fia Rezin kple Israel fia, Peka, Remalia ƒe vi, woho aʋa va dze Yerusalem dzi, gake womete ŋu xɔ du la o, du la gale te ko.
2 有人報告達味家說:「阿蘭已經駐紮在厄弗辣因!」君王與人民都膽戰心驚,有如風中搖動的樹木。
Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemetiwoe ene.
3 上主對依撒意亞說:「你和你的兒子舍阿爾雅叔布出去,到上池的水溝盡頭,即漂工田間的大道上,去會見阿哈次;
Yehowa gblɔ na Yesaya be, “Wò kple viwò ŋutsu, Seya Yasub, mido go ne miakpe Ahaz le dzigbeta si le avɔnyala ƒe mɔdzi la ƒe nuwuƒe.
4 對他說:你必須審慎,保持鎮定,不必畏懼,不要因那兩個冒煙的火把頭-即勒斤、阿蘭和勒瑪里雅之子-的怒火而膽怯。
Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o.
5 雖然阿蘭、厄弗辣因和勒瑪里雅的兒子同謀,迫害你說:
Siria, Efraim kple Remalia ƒe vi woɖo nugbe ɖe wò gbegblẽ ŋu be,
6 我們上猶大去,擾亂她,把她佔領過來歸於我們,並在那裏立塔貝耳的兒子為王;
“Mina míadze Yuda dzi; mina míavuvui, míamae ɖe mía ɖokuiwo dome, eye míatsɔ Tabel ƒe vi aɖo fiae ɖe enu.”
7 但是吾主上主卻這樣說:這事決不能成立,亦不能發生!
Gake ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “‘Madze edzi o, mava eme o,
8 因為阿蘭的首都是大馬士革,大馬士革的首領是勒斤;
elabena Siria ƒe tae nye Damasko, eye Damasko ƒe tae nye Rezin. Le ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ la me, woagbã Efraim gudugudu, ale womaganɔ te o.
9 厄弗辣因的首都是撒瑪黎雅,撒瑪黎雅的首領是勒瑪里雅的兒子。【六年或五年以後,阿蘭將被消滅,厄弗辣因將要衰敗。】假使你們不肯相信,你們必然不能存立。」
Efraim ƒe tae nye Samaria, eye Samaria ƒe tae nye Remalia ƒe viŋutsu. Ne mienɔ te sesĩe le xɔse me o la, ekema mianɔ te hã o.’”
10 上主又對阿哈次說:「
Yehowa gaƒo nu na Ahaz be,
11 你向上主你的天主要求一個徵兆罷 !或求諸陰府深處,或求諸上天高處。」 (Sheol h7585)
“Bia dzesi Yehowa, wò Mawu la. Eɖanye gogloƒe ke loo alo kɔkɔƒe ke o.” (Sheol h7585)
12 阿哈次回答說:「我不要求,我不願試探上主。」
Ke Ahaz ɖo eŋu nɛ be, “Nyemabia o; nyemado Yehowa akpɔ o.”
13 依撒意亞說:「達味的家族,你們聽著罷 !你們使人厭惡還不夠,還要使我的天主厭惡嗎﹖
Tete Yesaya gblɔ be “Azɔ la, David ƒe aƒe, see. Ɖe mesɔ gbɔ be miado amegbetɔ ƒe dzigbɔɖi akpɔ oa? Ɖe miado nye Mawu hã ƒe dzigbɔɖi akpɔa?
14 因此,吾主要親自給你們一個徵兆:看,有位貞女要懷孕生子,給他起名叫厄瑪奴耳。
Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel.
15 到他知道棄惡揚善的時候,要吃乳酪和蜂蜜;
Ano nyinotsi babla kple anyitsi va se ɖe esime wòanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome,
16 因為在這孩子尚未知道棄惡擇善以前,你在那兩個君王面前所擔心的國土,必將荒廢。
gake hafi ɖevi la nanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ domee la, fia eve siwo mievɔ̃na na vevie la ƒe anyigba azu gbegbe.
17 上主必使患難的日子臨於你、你的百姓和你的父家身上;這是從厄弗辣因叛離猶大那一天所未有過的,【即亞述王加禍的日子。】
Yehowa ana be ŋɔdzinu si tɔgbi medzɔ kpɔ tso keke esime Efraim ma ɖa tso Yuda gbɔ o la nadzɔ ɖe wò kple wò amewo kple fofowò ƒe aƒe dzi. Akplɔ Asiria fia aƒu wò.”
18 那一日,上主要喚來埃及大河盡頭的蠅和亞述境內的蜂,
Gbe ma gbe la, Yehowa alia aku ayɔ nudzodzoewo tso Egipte tɔʋuwo ƒe mlɔewo nu ke kple anyiwo tso Asirianyigba dzi
19 牠們將要前來,一起落在荒谷、巖穴,以及一切荊棘叢中和一切水溝上。
Woava adze ɖe bali globowo kple kpetowo me. Woava dze ɖe ŋuvewo kple tsiʋewo katã me.
20 那一日,吾主要用由大河那邊借來的剃刀【即亞述王】剃去你的頭髮和恥毛,連鬍鬚也要刮掉。
Gbe ma gbe la, Aƒetɔ la atsɔ lãnu si wòɣe le tɔ la godo, Asiria fia, be wòalũ ta na mi, alũ ɖa siwo le miaƒe afɔwo ŋu, eye wòalũ ge hã na mi.
21 到那一日,人僅能餵養一隻牛犢和兩隻母山羊,
Gbe ma gbe la, nyivi ɖeka kple gbɔ̃ eve pɛ koe atsi ame ɖeka si.
22 因為出奶很多,人將以乳酪為食,因而境內所有的遺民,都將以乳酪和蜂蜜為食。
Ɖe nyinotsi gbogbo si wonana ta la, ame sia ame akpɔ nyinotsi babla aɖu. Ame siwo katã susɔ ɖe anyigba la dzi la, aɖu nyinotsi kpekẽ la, eye woano anyitsi hã.
23 到那一日,先前所有種植一千棵葡萄,值一千塊銀子的地方,必將叢生荊棘和蒺藜。
Gbe ma gbe la, afi sia afi si wainka akpe le, eye wòxɔa klosaloga akpe ɖeka la, ŋu kple aŋɔkawo koe amie ɖe teƒe ma.
24 人往那裏去,必須攜帶弓箭,因為遍地都是荊棘和蒺藜。
Ŋutsuwo ayi afi ma kple da kple dati, elabena ŋu kple aŋɔkawo koe axɔ anyigba la dzi.
25 先前用鋤頭開墾的山地,沒有人敢到那裏,因為害怕荊棘蒺藜。那裏將成為放牛和羊群踐踏的地區。
Ke hena togbɛ siwo woŋlɔna kple kodzoe tsã la, miagate ŋu ayi afi mawo o, ɖe vɔvɔ̃ na ŋu kple aŋɔkawo ta, ke woava zu nyiwo kple alẽwo nyiƒe.

< 以賽亞書 7 >