< 以賽亞書 64 >

1 望你衝破諸天降下,諸山在你面前震盪。
O, esi nàhadze dziƒowo me aɖi ava anyi, be towo nadzo kpekpekpe le ŋkuwò me!
2 有如火怎樣燒乾了水,火也怎樣燒毀你的敵人,好使你的敵人認識你的名,使萬民在你面前戰慄,
Abe ale si nake léa dzoe, eye wònaa tsi fiena wlɔwlɔwlɔ ene la, nenema ke nàɖi va, ana wò ketɔwo nanya wò ŋkɔ, eye dukɔwo nadzo nyanyanya le ŋkuwò me,
3 因為你行了誰也想不到的驚人事蹟;【你下降,使山嶺在你面前震盪。】
elabena esime nèwɔ nu dziŋɔ siwo míekpɔ mɔ na o la, èɖiɖi va anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me.
4 是人從未聽過的,耳朵從未聽過,眼睛從未見過你以外,有一個神對依靠自己的人如此行事的。
Tso blema ke, ame aɖeke mesee o, to aɖeke mesee o, ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò, esi kpena ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu o.
5 你是歡迎那些履行正義和紀念你道路的人;但是,看,你發了怒,我們仍犯罪如初,仍照舊違叛你。
Èkpena ɖe ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe dzidzɔtɔe, eye wòɖoa ŋku wò mɔwo dzi la ŋuti, ke esi míegale nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ɖe ŋuwò la, èkpɔ dziku, eya ta aleke míawɔ akpɔ ɖeɖe?
6 我們都好像成了不潔的人,所行的正義好似染了經血的內衣,又似乾枯的葉子;我們的罪惡好似狂風一般將我們捲去,
Mí katã míele abe ame makɔmakɔwo ene, eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo katã le abe ɖovu ƒoɖi ene. Mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe nu vɔ̃wo lɔ mi ɖe nu hoo abe ya ene.
7 沒有一個呼求你名的,或奮起契合於你的,因為你掩面不顧我們,將我們委棄於我們罪惡的權下。
Ame aɖeke meyɔa wò ŋkɔ alo dzea agbagba be wòaku ɖe ŋuwò o, elabena èɣla wò mo ɖe mí, eye le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, èna míevɔ le eme keŋkeŋ,
8 如今,上主啊!你是我們的父親;我們只是泥土,你是的我們的陶工,我們都是你手中的作品。
gake hã la, o Yehowa, wòe nye mía Fofo. Míawo la, anyie mienye eye wòe nye zemela. Mí katã mienye wò asinudɔwɔwɔwo.
9 上主啊!不要嚴加忿怒,不要時常記念我們的罪惡;求你垂顧!我們都是你的子民。
O! Yehowa, mègado dziku wòatso eme o. Mègaɖo ŋku míaƒe nu vɔ̃wo dzi ɖaa o. O, nye kɔ nàkpɔ mi ɖa, mieɖe kuku, elabena mí katã míenye wò amewo.
10 你的聖城都已成了荒地,熙雍已變為曠野,耶路撒冷成 了廢墟。
Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion gɔ̃ hã zu gbegbe, eye Yerusalem zu aƒedo.
11 我們那華美的聖殿,即我們祖先讚頌你的所在,已被火焚燒,我們所喜愛的器皿都成了垃圾。
Wotɔ dzo míaƒe gbedoxɔ kɔkɔe dzeani si me mia fofowo kafu wò le, eye nu siwo katã ŋuti míede asixɔxɔe la gblẽ.
12 上主,對這些事你還忍得住嗎﹖你還緘默,重重難為我們嗎﹖
O, Yehowa, le nu siawo katã megbe la, ɖe nàgade megbe tso mía ŋua? Ɖe nàzi kpi ahe to na mí wu ale si hiã?

< 以賽亞書 64 >