< 以賽亞書 54 >

1 不生育的石女,歡樂罷!未經產痛的女子!歡呼高唱罷!因為被棄者的子女比有夫者的子女還多:這是上主說的。
“Tso aseye, o konɔ, wò ame si medzi vi kpɔ o. Wò ame si melé ku kpɔ o. Dzi ha nàdo dzidzɔɣli, elabena nyɔnu si tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la.” Yehowae gblɔe.
2 拓展你帳幕的空位,伸展你住所的帷幔,不必顧忌!拉長你的繩索,堅固你的木橛!
Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe edzi, he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi; he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi, mègatoe ɖe eme o. Didi wò agbadɔkawo ɖe enu, eye nàƒo wò tsyotiwo ɖe to sesĩe,
3 因為你要向左右拓展,你的後裔將以外邦之地為業,住滿廢棄了的城邑!
elabena akeke ta ayi ɖusime kple miame. Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo ƒe anyigbawo le wo si, eye woatso aƒewo ɖe woƒe du gbagbãwo me, anɔ wo me.
4 不要害怕!因為你再不會蒙羞;不要羞慚!因為你再不會受辱;其實,你要忘記你幼年時所受的恥辱,再不懷念居寡時所受的侮慢,
“Mègavɔ̃ o, elabena wò mo matsi dãa o. Mègavɔ̃ na ŋukpeɖuɖu o, elabena womado vlo wò o. Àŋlɔ wò ɖetugbimeŋukpewo be, eye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye ƒe vlododowo dzi o,
5 因為你的夫君是你的造主,他的名字是「萬軍的上主;」你的救主是以色列的聖者,他將稱為「全世界的天主。」
elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.
6 是的,上主召見你時,你是一個被棄而心靈憂傷的婦女;人豈能遺棄他青年時的妻子﹖你的天主說。
Yehowa agbugbɔ ayɔ wò vɛ, abe nyɔnu si gbɔ srɔ̃a gbe nu le, eye eƒe gbɔgbɔ le nu xam la ene. Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbime, eye srɔ̃a gblee ɖi la ene” Wò Mawu lae gblɔe.
7 其實,我離棄了你,只是一會兒,但是我要用絕大的仁慈召你回來。
“Megble wò ɖi ɣeyiɣi kpui aɖe ko, gake matsɔ dɔmetɔtrɔ si goglo la akplɔ wò agbɔe.
8 在我的盛怒中,我曾一會兒掩面不看你,可是我要以永遠的慈悲憐憫你,你的救主上主說。
Le nye dziku sesẽ la me meɣla nye mo ɖe wò ɣeyiɣi kpui aɖe, gake matsɔ dɔmenyo si nɔa anyi tegbee la ave nuwòe.” Yehowa, wò Ɖelae gblɔe.
9 這事對我有如諾厄的時日一般:就如那時我曾發誓說:諾厄的大水不再淹沒世界;同樣,我如今起誓:再不向你發怒,再不責斥你。
“Ele nam ko abe Noa ƒe ɣeyiɣiwo me ene, esi meka atam be ale si tsi ɖe anyigbae le Noa ŋɔli la, magadzɔ nenema akpɔ gbeɖe o. Nenema kee meka atam azɔ be nyemagado dziku ɖe mia ŋuti o eye nyemagaka mo na mi akpɔ o.
10 高山可移動,丘陵能挪去,但我對你的仁慈決不移去,我的和平盟約總不動搖:憐憫你的上主說。
Togbɔ be towo aʋa, eye togbɛwo aɖe ɖa hã la, nye lɔlɔ̃ mavɔ si metsɔ lɔ̃ mi la maʋã o, eye nye ŋutifafanubabla mate ɖa o.” Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe.
11 你這遭磨難,受顛沛,無安慰的城啊!看,我要用孔雀石安置你的基石,以碧玉奠定你的根基;
“O! Wò du si kpe hiã, ahom lɔ wò ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o. Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe, eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi.
12 我要以紅瑪瑙修你的城垛,以水晶石築你的門戶,以各種寶石建你的圍牆。
Matsɔ gbloti asrã wò xɔtamee, wò agbowo anye lekewɔnu siwo le keklẽm, eye wò gliwo anye kpe xɔasiwo.
13 你所有的兒子,都是上主所訓誨的;你的兒子們,要享受絕大的幸福。
Yehowa afia nu viwò ŋutsuwo katã, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ fũu.
14 你將建築在正義的根基上;欺壓已遠去,你無需再有所恐懼;驚嚇也遠去了,它再不會臨近你。
Woaɖo gɔwòme anyi le dzɔdzɔenyenye me. Ŋutasesẽ anɔ adzɔge na wò. Màvɔ̃ na naneke o. Ŋɔdzi ate ɖa xaa tso gbɔwò, eye mate ɖe ŋuwò o.
15 請看!如果有人攻擊你,那不是出於我;凡攻打你的,必在你前跌倒。
Ne ame aɖe wɔ avu kpli wò la, menye nyee dɔe o. Ame si awɔ avu kpli wò la, ana ta.
16 請看!是我造了吹煤火的鐵匠,由於他工作中造出了各種武器,可是也是我造了毀滅者來加以破壞。
“Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede si yɔa ʋu ɖe dzo te wòléna, eye wòtua lãnu si hiã na eƒe dɔ. Nyee wɔ nugblẽla be wòagblẽ nu;
17 所製造的各種武器,為攻打你,一概無用;在訴訟中,凡起來與你爭辯的舌頭,都要被你駁倒。這是上主的僕人應得之分,是他們由我所得的報酬──上主的斷語。
lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la, madze edzi o, eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe ŋutiwò le ʋɔnu la dzi. Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye wòganye afiatsotso na wò tso gbɔnye,” Yehowae gblɔe.

< 以賽亞書 54 >

A Dove is Sent Forth from the Ark
A Dove is Sent Forth from the Ark