< 以賽亞書 46 >

1 貝耳塌下了,乃波傾倒了,他們的神像,負在走獸和牲口身上;他們的重載,重壓著筋疲的畜類。
Bel de ta agu, Nebo do dɔgɔ̃e. Wotsɔ woƒe legbawo do agbae na agbatsɔlãwo. Numeme siawo zu agba wotsɔna nɔa yiyim, eye wozu agba na agbatsɔla siwo gbɔdzɔ.
2 他們都一齊傾倒了,塌下了,神像不但不能救助馱運他們的畜類,甚至連自己也該流徙遠配。
Wo katã wobɔbɔna hedea ta agu ɖekae, ke womete ŋu ɖe agba la ɖa o, eye woyi aboyome.
3 雅各伯家啊!以色列家所有的遺民啊!請你們聽我:自出母胎我就抱著你,自離母腹我就懷著你;
“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo tom. Mi ame siwo katã susɔ na Israel ƒe aƒe la, mi ame siwo melé ɖe asi tso gbe si gbe wofɔ miaƒe fu, eye metsɔ mi tso gbe si gbe wodzi mi
4 直到你年老,我仍是一樣;直到你白頭,我依然扶持你。我既然如此做了,我必要提攜你,扶持你,拯救你。
va se ɖe miaƒe tsitsime esime miaƒe taɖa ƒo wɔ ke hã la, nye koe, nye ɖeka koe ate ŋu alé mi ɖe te. Nyee wɔ mi, eye matsɔ mi ada ɖe ɖokuinye dzi.
5 你們拿我同誰比擬,與誰相等,跟誰比較,以求我們相同呢﹖
“Ame ka miebe yewoatsɔm asɔ kplii alo agblɔ be esɔ kplim? Ame ka miagblɔ be mele abe eya ene, ne woatsɔe asɔ kplim?
6 有些人從錢囊中把金子倒出,放銀子在天平上衡量;以後僱了一個金匠,製造了一個神像,遂向它屈膝朝拜;
Wo dometɔ aɖewo dudua sika le woƒe kotokuwo me ɖe anyigba, eye wodaa klosalo le nudanu me. Woyɔa sikanutula be wòatsɔe awɔ mawue na wo, eye wodea ta agu hesubɔnɛ.
7 又將神像抬起,放在肩上扛著,以後安置在一個地方,它就立在那裏,再不能離開那地方;人呼求它,它也不答應,也不能救人脫離災殃。
Wotsɔnɛ ɖoa abɔta henɔa yiyim kplii. Wotsɔnɛ ɖoa enɔƒe, eye afi ma ko wònɔa tsitre ɖo. Metea ŋu ɖea zɔ yia teƒe bubu o. Togbɔ be wodoa ɣli nɛ hã la, meɖoa nya ŋu na wo o, eye metea ŋu ɖea wo le woƒe xaxawo me hã o.
8 你們應記住這事,應站穩!叛逆的人啊!你們應記在心頭!
“Mi aglãdzelawo, miɖo ŋku edzi, milée ɖe susu me, eye wòanɔ dzi me na mi.
9 你們應追憶以前古時所發生的事,因為我是天主,沒有另一個;我是天主,沒有與我相似的,
Miɖo ŋku blemanuwo dzi, nu siwo dzɔ gbe aɖe gbe ʋĩi va yi. Nyee nye Mawu. Ɖeke megali o. Nyee nye Mawu, mawu bubu aɖeke megali o; Nyee nye Mawu, mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o.
10 我從起出就預言了末後的事,早就宣佈了未來的事;我如今說:「我的計劃必要成功,我的旨意都要實現;」
Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea, eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ. Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee, eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’
11 我要把老鷹從東方召來,把履行我計劃的人由遠方叫來;我說了,必要去行;我決定了,必要去做。
meyɔ xeƒonu tso ɣedzeƒe, eye tso anyigba didi aɖe dzi. Meyɔ ame aɖe be wòana nye tameɖoɖowo nava eme. Nu si megblɔ la, eyae mana wòava eme. Nu si meɖo la, eya ke mawɔ.
12 心硬的人!遠離正義的人! 聽我說罷!
Miɖo tom, mi dzimesẽlawo kple mi, ame siwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye.
13 我的仁義來近了,已不遠了,我的救恩不再延遲;我必在熙雍賜與救恩,把我的光榮賜給以色列。
Metsɔ nye dzɔdzɔenyenye gbɔnae be wòate ɖe mia ŋu. Manɔ adzɔge tso mia gbɔ o, eye nye ɖeɖe mahe ɖe megbe o. Mana ɖeɖe nado na Zion, eye nye atsyɔ̃ anɔ Israel ŋu.”

< 以賽亞書 46 >